Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ne Nuwo Meva Le Abe Ale Si Nèkpɔ Mɔe Ene O

Ne Nuwo Meva Le Abe Ale Si Nèkpɔ Mɔe Ene O

KUXIA

Do ŋgɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe la, edze abe miesɔ na mia nɔewo pɛpɛpɛ le go geɖe me ene. Fifia, nuwo meva le abe ale si nèkpɔ mɔe ene o, eye mia dome va le ko abe avu kple dadi ye le teƒe ɖeka ene.

Àte ŋu ana nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Gake gbã la, kpɔ nu siwo ate ŋu awɔe be nuwo meva yi abe ale si nèkpɔ mɔe ene o la ɖa.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Ne mieva dze ŋgɔ agbea ŋutɔŋutɔ. Gbe sia gbe dɔwo, mia viwo hehe kpakple nuwɔwɔ kple mia towo kple mia lɔ̃xowo ate ŋu ana be dzidzɔ si mietsɔ ge ɖe srɔ̃ɖeɖea me la nu nanɔ tsitsim vivivi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kuxi siwo miele mɔ kpɔm na o, abe gakuxi sesẽwo alo ƒometɔ si le dɔ mavɔleameŋu aɖe lém la gbɔ kpɔkpɔ ene ate ŋu ahe kuxiwo va miaƒe srɔ̃ɖeɖea me.

Ne edze abe miesɔ na mia nɔewo o ene. Zi geɖe ne amewo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, woŋea aɖaba ƒua nu siwo me woƒe susu to vovo le la dzi. Ke ne wova ɖe wo nɔewo vɔ la, wova kpɔa ale si gbegbe woto vovo le nu vovovo aɖewo, abe dzeɖoɖo, gazazã kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ene me la dzea sii. Nya siwo mèbua nya gãe tsã o la va dze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wò ene.

Miegatsɔa ɖeke le eme na mia nɔewo o. Nya veamewo gbɔgblɔ kple nu manyomanyo wɔwɔ ɖe ame ŋu kpakple kuxi siwo li kɔ ɖi gbɔ makpɔmakpɔ tea ŋu wɔnɛ be srɔ̃tɔwo megava tsɔa ɖeke le eme na wo nɔewo o. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be ame bubu ƒe nu nava nɔ dzi lém na wo.

Ne èkpɔ mɔ na nu siwo mate ŋu ava eme o. Ame aɖewo ɖea srɔ̃ le esi wosusui be yewoke ɖe ame si tututu wòle be yewoaɖe la ŋu ta. Togbɔ be lɔlɔ̃ ate ŋu ana ame nase le eɖokui me nenema hã la, nuŋububu alea ate ŋu anye afɔku. Kaka kuxi aɖe naɖo wo dome ko la, susu si nye be “ame sia tututue sɔ nam” la va zua gbe aɖe gbe nya. Eye srɔ̃tɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe va sena le eɖokui me be menye ame siae wòle be yeaɖe hafi o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wò susu nenɔ srɔ̃wò ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Te mɔnu sia kpɔ: Ŋlɔ nɔnɔme nyui etɔ̃ siwo doa dzidzɔ na wò le srɔ̃wò ŋu la ɖi. Na nu si nèŋlɔ ɖi la nanɔ ŋuwò ɣesiaɣi, ɖewohĩ àte ŋu aŋlɔe ɖe foto siwo mieɖe le miaƒe srɔ̃ɖegbe la dometɔ sue aɖe megbe alo aŋlɔe ɖe wò asitelefon me. Nɔ nu siwo nèŋlɔ xlẽm edziedzi be wòanɔ ŋku ɖom nu si ta nèɖee la dzi na wò. Ne èna wò susu nɔa srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, ana ŋutifafa nanɔ mia dome eye akpe ɖe mia ŋu miakpɔ masɔmasɔwo gbɔ. —Biblia ƒe gɔmeɖose: Romatɔwo 14:19.

Miwɔ ɖoɖo mianɔ gome kpɔm le wɔna tɔxɛ aɖewo me ɖekae. Do ŋgɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe la, anɔ eme be miedia ɣeyiɣi wɔa nuwo ɖekae. Ɣeyiɣi mawo dze nu yeyewo na mi eye miekpɔ dzidzɔ geɖe hã, gake ɖe miewɔa ɖoɖo ɖe wo ŋu. Ðe manyo be miawɔ nu ma tɔgbi fifia hã oa? Miwɔ ɖoɖo mi ame evea ɖeɖe mianɔ gome kpɔm le wɔna tɔxɛ aɖewo me abe ale si miewɔnɛ do ŋgɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe ene. Esia ate ŋu ana dzo yeye nagaɖo miaƒe srɔ̃ɖeɖea me eye wòakpe ɖe mia ŋu mianɔ te ɖe kuxi siwo miele mɔ kpɔm na o la nu. —Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 5:18.

Miɖo dze tso ale si miesena le mia ɖokui me la ŋu. Ne srɔ̃wò gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, ɖe nàte ŋu aɖe asi le nyaa ŋua? Ne manya wɔ na wò o la, mègawɔ ɖevinu agbe nuƒoƒo na srɔ̃wòa o. Tsɔ dzigbɔɖi nàgblɔ nu si wòwɔ wòve wò la nɛ kaba, eye ne anya wɔ la miƒo nu tso eŋu gbe ma gbe ke.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Efesotɔwo 4:26.

Ne srɔ̃wò gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, ɖe nàte ŋu aɖe asi le nyaa ŋua?

Se ale si nèsena le ɖokuiwò me kple srɔ̃wo ƒe susuwo gɔme. Anɔ eme be mia dometɔ aɖeke medi be yeado vevesese na nɔvia hafi o. Àte ŋu ana srɔ̃wòa nanya be menye ɖe yeɖoe wɔ o ne èɖe kuku nɛ tso dzi me le dzivee si nèdo nɛ la ta. Emegbe midzro nu siwo koŋ mi ame evea miate ŋu awɔ be miaganɔ dzivee dom na mia nɔewo le manyamanya me o la me. Miwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.” —Efesotɔwo 4:32.

Mèganɔ mɔ kpɔm na dzidzɔ sɔŋ ko o. Biblia gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa.” (1 Korintotɔwo 7:28) Ne miele go dom xaxawo le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me la, mègatsi klokloklo nàƒo nya ta be vodadae wònye yewɔ be yeɖe ame sia o. Ke boŋ midze agbagba miakpɔ kuxiwo gbɔ eye “miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” —Kolosetɔwo 3:13.