Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | FRÉDÉRIC DUMOULIN

Atikeŋutinumekula Aɖe Ƒe Xɔse

Atikeŋutinumekula Aɖe Ƒe Xɔse

Frédéric Dumoulin ku nu me tso atikewɔwɔ ŋu le Ghent Yunivɛsiti si le Belgium ƒe ewo kple edzivɔ. Ɣeaɖeɣi va yi la, mexɔe se be Mawu li o. Gake emegbe Frédéric va xɔe se be Mawue wɔ nu gbagbewo. Nyɔ! magazinea talawo bia gbe Frédéric si nye Yehowa Ðasefo fifia tso eƒe xɔse kpakple eƒe dɔa ŋu.

Ðe wonyi wò le mawusubɔsubɔha aɖe mea?

Ɛ̃. Katolikotɔe danye nye. Gake esi mexlẽ nu tso Atitsogaʋa kple Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu la, mawusubɔsubɔ to le mo nam keŋkeŋ. Mexlẽ nu tso subɔsubɔha siwo mexɔ Kristo dzi se o hã ŋu, gake mekpɔe be tɔgã-tɔɖiviwo koe wo katã wonye. Esi mexɔ ƒe 14 la, mese le ɖokuinye me be nu fitifiti wɔwɔ si bɔ ɖe subɔsubɔhawo me ɖo kpe edzi be Mawu meli o. Eya ta esi wofia num tso nɔnɔmetɔtrɔ ŋu le suku la, melɔ̃ ɖe edzi be nu siwo me agbe me le o woe trɔ ʋuu va zu nu gbagbewo.

Nu kae na nèva tsɔ ɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me?

Esi mexɔ ƒe adre la, wona nusuekpɔmɔ̃m eye wòva zu nye fefenu vevitɔ. Metsɔnɛ léa ŋku ɖe nudzodzoevi lédzinamewo abe kpakpaluʋui ene ŋu.

Aleke wòdzɔe be nèva tsɔ ɖe le ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ me?

Esi mexɔ ƒe 22 la, medo go Yehowa Ðasefo aɖe si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala. Exɔe se be Mawue wɔ nu gbagbewo. Esia wɔ moya nam ŋutɔ. Mesusui be mate ŋu ana wòakpɔe be bometsitsie eƒe dzixɔse ma nye. Gake nukutɔe la, eɖo nye nyabiasewo ŋu nam wòde edeƒe. Meva nɔ ŋugble dem tso ame siwo xɔ Mawu dzi se la ƒe nuwɔnawo ŋu.

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, megado go Ðasefo bubu si hã nya nu tso atikewɔnyawo ŋu. Esi wòbe yeaƒo nu tso yeƒe dzixɔsewo ŋu nam la, melɔ̃ elabena medi be manya nu si tae amewo xɔ Mawu dzi se. Medi be maɖe fuflugba si wòdo na eɖokui la ɖa le ta nɛ.

Ðe nète ŋu na wòkpɔe be ɖe woflu yea?

Ao. Eya ta meva te nusɔsrɔ̃ tso nufiafia siwo ƒo nu tso ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ la ŋu. Nukutɔe la, meva kpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ aɖewo  gblɔ be lãmenugbagbevi suetɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe wɔwɔme de ŋgɔ ale gbegbe be mate ŋu adzɔ le eɖokui si le anyigba sia dzi o. Wo dometɔ aɖewo xɔe se be yamenutowo mee lãmenugbagbevi mawo dzɔ tso. Woƒe nu mesɔ kura le ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ ŋu o.

Ekema ɖe woƒe nu sɔ le nane ya mea?

Ewɔ moya be dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe da asi ɖe edzi be le mɔ aɖe nu la, dzɔdzɔmenu siwo me agbe mele o lae trɔ ʋuu va zu nu gbagbewo. Meva nɔ ɖokuinye biam be: ‘Ne wobe ɖeko agbe dzɔ le eɖokui si evɔ womenya ale si wòdzɔe o la, ke nu kae na woka ɖe edzi alea gbegbe be nenema wòdzɔe?’ Meva nɔ nu si Biblia gblɔ tso ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ la ŋu bum vevie.

Aleke nèkpɔ Biblia ƒe nyawoe?

Zi ale si meva le nu srɔ̃m tso Biblia ŋui la, zi nenemae mekana ɖe edzi be emenyawo nye nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe dze sii be gɔmedzedze li na xexe gbahoo sia. Gake Biblia ƒe kpukpui gbãtɔ si woŋlɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esia gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” * Meva kpɔe be ne Biblia gblɔ nya aɖe tso dzɔdzɔmenuwo ŋu la, nenema tututu wònɔna.

Meva kpɔe be ne Biblia gblɔ nya aɖe tso dzɔdzɔmenuwo ŋu la, nenema tututu wònɔna

Ðe wòsesẽna na wò be nàxɔ Mawu dzi ase le esi nènye dzɔdzɔmeŋutinunyala ta?

Kpao! Ɣeyiɣi si me meva xɔ Mawu dzi se la, menɔ nu srɔ̃m tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu anɔ abe ƒe etɔ̃e nye ema ene. Va se ɖe fifia la, zi ale si mele nu srɔ̃m tso nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ŋu la, zi nenemae mexɔnɛ sena be Wɔla aɖe li.

Àte ŋu ana eƒe kpɔɖeŋu aɖe mía?

Ɛ̃. Mesrɔ̃ nu tso ŋusẽ si atikewo kple aɖinuwo kpɔna ɖe nu gbagbewo dzi la ŋu. Nu si wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye ale si aɖinuwo kple nugbagbevi gblẽnuwo metea ŋu gena ɖe míaƒe ahɔhɔ̃ me o. Nane li si tso míaƒe ʋu kple lãmenugbagbevi siwo le ahɔhɔ̃a me la dome.

Nu kae wɔ nuku le nu ma ŋu?

Anɔ abe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ aɖewoe nye esia la, numekulawo de dzesii be nu siwo gena ɖe míaƒe ʋu me la yina ɖe ŋutilã ƒe akpa sia akpa negbe ahɔhɔ̃ kple dzimeƒuka koe do le eme. Nu ma wɔ nuku nam ŋutɔ elabe ʋuka wuwlui gbogbo aɖewoe tsɔa ʋu yina na lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe si le ahɔhɔ̃a me. Ʋua klɔa lãmenugbagbevi siwo katã le ahɔhɔ̃a me la, eye ʋua kee naa nuɖuɖu kple ɔksidzin wo. Ke aleke wòdzɔe be ʋua megena ɖe lãmenugbagbevi siwo le ahɔhɔ̃a me la me o? Ƒe geɖewoe nye esia womenya ale si tututu esia dzɔnae o.

Nu kae xea mɔ na ʋua be megena ɖe lãmenugbagbevi siwo le ahɔhɔ̃a me la me o?

Ʋuka wuwlui siwo le ahɔhɔ̃a me mele abe aŋenuwo ene o. Lãmenugbagbeviwo le ʋuka mawo ŋuti. Lãmenugbagbevi mawo ɖea mɔ nu ƒomevi aɖewo kple nugbagbevi nyaŋuinyaŋuiwo gena ɖe wo me alo zɔna le wo dome. Ke hã, lãmenugbagbevi siwo le míaƒe ahɔhɔ̃ ƒe ʋukawo ŋu ya to vovovo kura. Wotigi ɖe wo nɔewo ŋu. Lãmenugbagbevi siawo kple woƒe kpeƒewo wɔ nuku. Nu siawo tea ŋu ɖea mɔ nanewo abe ɔksidzin, karbɔn-ya kple ʋumesukli toa ʋukawo me gena ɖe wo me le ɖoɖo nu. Gake meɖea mɔ nu bubuwo abe protein kple lãmenugbagbevi bubuwo gena ɖe eme o. Eya ta nu si xea mɔ na ʋua be megena ɖe ahɔhɔ̃a me o la nyea molecule si xea mɔ na lãmenu vovovowo. Nye ya mekpɔe be nu ma mate ŋu adzɔ le eɖokui si o.