Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Aƒemanɔsitɔwo Kple Ame Dahewo

Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Aƒemanɔsitɔwo Kple Ame Dahewo

Joe nye asrafo xɔgbɔɖeme le United States (États-Unis). Nya vɔ̃ siwo dzɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea me tɔwo dzi wɔe be wòzu aƒemanɔsitɔ ƒe 18 sɔŋ. Le ƒe aɖe me la, eyia agbalẽdzraɖoƒe aɖe si le woƒe nutoa me eye wòɖoa dze kple agbalẽdzraɖoƒedzikpɔla. Dzeɖoɖo sia trɔ eƒe agbenɔnɔ kura.

Martín si nye ɖekakpui aɖe le Argentina se le eɖokui me be kadodo aɖeke mele ye kple Mawu dome o. Ekpɔe be viɖe aɖeke mele ye ŋu le agbe me o. Esi wòdi be yeanya viɖe si le yeƒe agbe ŋu la, eʋu le aƒe me yi ɖatsi ƒuta. Gake esi mekpɔ ŋuɖoɖo na eƒe nyabiasewo o ta la, elé blanui vevie. Efa avi ƒo koko na Mawu be: “Ne èli ŋutɔŋutɔ la, ke meɖe kuku na make ɖe ŋuwò.” Nu kae do tso eme nɛ? Na míakpɔ nu si va dzɔ la ɖa.

SUSU vovovowo tae amewo zua aƒemanɔsitɔwo. Abe ale si wònɔ le Joe gome ene la, nya vɔ̃ siwo dzɔna ɖe ame aɖewo dzi lae wɔnɛ be wozua aƒemanɔsitɔwo. Gake abe ale si wòle le Martín gome ene la, ame bubuwo ya dina ko be yewoanɔ agbe le mɔ bubu nu, elabena wokpɔe be agbenɔnɔ va zu ha ɖeka tɔgbi ko dzidzi. Ke hã, le ame aɖewo ya gome la, hiãkame, dzɔdzɔmefɔkuwo, ƒometɔwo ƒe ŋutasesẽ le ame ŋu, atike vɔ̃ɖi alo aha tsu nono, tagbɔdɔléle alo dɔmakpɔwɔe nana wozua aƒemanɔsitɔwo.

Tsã la, dukɔ madeŋgɔwo alo dukɔ siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le alo esiwo me ganyawo tɔ bu le mee aƒemanɔsitɔwo nɔna, gake fifia la “eva zu nya gã ŋutɔ le dukɔ deŋgɔ geɖewo me,” abe ale si susuŋutinunyalagã Paul Toro gblɔe ene. * Nu siwo gbɔ wòate ŋu atsoe nye ɖoɖo si ƒomevi dziɖuɖuwo wɔ hena kpekpeɖeŋunana ƒome siwo dzi nu mede o kpakple ale si ame dahewo le ahe dam ɖe edzi, evɔ gatɔwo ya le ga kpɔm ɖe edzi.

Ame geɖewo tsi dzi ɖe etsɔme ŋu vevie. Gake nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu me dzodzro kpe ɖe ame aɖewo ya ŋu be womegatsia dzi fũu o. Míele Biblia me nya siawo me dzro ge vie le nyati sia me. Ne míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu fifia gɔ̃ hã. Abe ale si wònɔ le Joe kple Martín gome ene la, mɔfiame siawo ana nuwo naka ɖe eme na mí le ganyawo kple lãmesẽnyawo gome.

BIBLIA TRƆ EƑE AGBENƆNƆ

Cindi si wɔa dɔ le agbalẽdzraɖoƒea, eye wòkpɔa Joe zi geɖe le afi ma la gblɔ be: “Joe dze tagbɔɖaɖɛtɔ, ewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie eye wòbɔbɔa eɖokui.” Yehowa Ðasefoe Cindi nye, eya ta enaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo Joe. Ekpee hã be wòava yewoƒe Kristotɔwo ƒe kpekpe. Esi wòyi la, wode bubu eŋu eye wowɔ nu ɖe eŋu nyuie, eya ta ete kpekpeawo dede edziedzi. Ŋutsu aɖe si nye hamea me tɔ la doe ɖe egbɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii, eye wòlɔ̃.

Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe Joe ŋu wòva se le eɖokui me be bubu le ye ŋu

Nu siwo srɔ̃m Joe nɔ la faa akɔ nɛ, eye wòte agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu, togbɔ be esia bia tso esi be wòawɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbe me hã. Le kpɔɖeŋu me, esrɔ̃e be agbe nye nunana tso Mawu gbɔ, eya ta ele be woade bubu eŋu eye be atamanono ƒoa ɖi ŋutilã la. (Psalmo 36:9) Esia na be wòdzudzɔ atamanono le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame si le 2 Korintotɔwo 7:1 si gblɔ be: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” Nyateƒee, tɔtrɔ si Joe wɔ la de eƒe lãmesẽ dzi eye wòna hã be ga tsia kotoku me nɛ.

Esi Joe di be yeawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míadze agbagba ale si míate ŋui akpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ ta la, ete dɔdidi. * (1 Tesalonikatɔwo 4:11, 12) Nyagblɔla 2:24 gblɔ be: “Naneke menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.” Dzidzɔ sia tsoa sese le ame ɖokui me be bubu le ye ŋu hã gbɔ, elabe dɔwɔwɔ anukwaretɔe nana be bubu nɔa mía ŋu, eye wòwɔnɛ hã be míetea ŋu kpena ɖe ame dahewo ŋu.—Efesotɔwo 4:28.

Cindi gblɔ be “hamea me tɔwo xɔ” Joe alɔ eve esi wokpɔ ale si wòle kutri kumee eye “wo dometɔ aɖewo kpe ɖe eŋu wòkpe agbalẽ ɖo ale be dziɖuɖua nana aƒe nyui kple nu bubu siwo wòdze na lae.” Joe nɔ ŋgɔ yim nyuie le mawusubɔsubɔ me eye wòva xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Egbea etea ŋu gblɔa eƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo na amewo ne ele dzi dem ƒo na wo be woasrɔ̃ nu ale be nunya si tsoa Mawu gbɔ, si le Biblia me la nasu wo si.—Lododowo 3:13, 14.

VIÐE VA LE EƑE AGBE ŊU

Martín te tamebubu tso nu si ta míele agbe ɖo la ŋu esime wòxɔ ƒe 20. Egblɔ be: “Meku nu me tso mawusubɔsubɔhawo kple xexemenunyalawo gbɔ, eye meƒo ɖokuinye ɖe atike vɔ̃ɖi zazã me kple susu be ana mase le ɖokuinye me be viɖe le nye agbe ŋu, gake ɖeko wòglo.” Enɔ California, le United States ʋɛe eye wòʋu yi Hawaii. Egblɔ be: “Ale si teƒe siawo nya kpɔ la na mesusu be meke ɖe paradiso ŋu.” Gake teƒe nyakpɔ mawo mena wòse le eɖokui me be viɖe le yeƒe agbe ŋu o. Egblɔ be: “Meva lé blanui ale gbegbe be medi be maɖe nye agbe ɖa.” Ɣemaɣie wòfa avi vevie heƒo koko na Mawu be, “Ne èli ŋutɔŋutɔ la, ke meɖe kuku na make ɖe ŋuwò.”

Mɔkpɔkpɔ va su Martín si le agbe me

Martín ɖo ŋku edzi be yekpɔ dzesi aɖe kpɔ si xlẽ be, “Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpata.” Eɖoe be yeayi Kristotɔwo ƒe kpekpe le afi ma. Egblɔ be: “Nye ɖa kple ge to kpanyaa metsɔ ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me, eye nu siwo medo ɣleti geɖewoe nye ema la koe gakpɔtɔ nɔ ŋunye. Gake amewo do vivi ɖe ŋunye.” Martín lɔ̃ be woava srɔ̃ Biblia kpli yeeye wòtsoa ƒuta afi si wòle la va srɔ̃a Biblia le dua ƒe ablɔ me.

Azɔ ko, Martín va kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na eƒe nyabiasewo. Esia na be eƒe blanuilélea nu tsi eye wòle dzidzɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe esi wògblɔ be, “dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la kpɔm.—Mateo 5:3.

“Ale si gbegbe nye agbenɔnɔ trɔ fifia la na woƒe nu ku”

Eteƒe medidi o, ale si Biblia kpe ɖe Martín ŋu mɔkpɔkpɔ va su esi le agbe me la va dze ƒãa abe ale si wònɔ le Joe, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi hã gome ene. Martín va trɔ asi le eƒe dzedzeme ŋu eye Ðasefoawo kpe ɖe eŋu wòkpɔ dɔ kple teƒe si wòanɔ. Egblɔ be: “Tsã la, amewo nyam be menye ŋutsu aƒemanɔsitɔ si nɔa ablɔ me, gake ale si gbegbe nye agbenɔnɔ trɔ fifia la na woƒe nu ku.”

Emegbe Martín trɔ yi Argentina, eye wòxɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. Fifia la, eya hã le kpekpem ɖe ame siwo mawusubɔsubɔ ƒe tsikɔ le wuwum la ŋu be woakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe agbemebiabia veviwo.

ƔEYIƔI SI ME AME AÐEKE MAGANYE AƑEMANƆSITƆ KPLE AME DAHE O

Yeremiya si nye mawusubɔla le blema la nɔ agbe le xaxaɣi sesẽ aɖe me. Futɔ vɔ̃ɖi aɖe va dze woƒe dua dzi heɖe aboyo wo detɔ geɖewo wozu kluviwo. (Konyifahawo 1:3) Togbɔ be Yeremiya tsi agbe hã la, eƒe nunɔamesiwo katã kloe dome gblẽ. Edo gbe ɖa nublanuitɔe be: “Ðo ŋku nye fukpekpe kple aƒemanɔsitɔ si menye la dzi.”—Konyifahawo 3:19.

Togbɔ be Yeremiya kpe fu vevie hã la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o. Nu ka gbɔe wòtso? Nu siwo kpe ɖe eŋu la dometɔ ɖekae nye ale si wòka ɖe edzi be Yehowa magblẽ ye ɖi o. (Yeremiya 1:8) Nu bubu hãe nye be esrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo, siwo gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava esime woaɖe hiãkame kple fukpekpe ɖa, eye ŋutifafa vavã kple dedienɔnɔ axɔ ɖe wo teƒe.—Psalmo 37:10, 11.

Mawu ƒe dziɖuɖu deblibo si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒe lae awɔ nu siawo, ke menye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo o. (Daniel 7:13, 14) Yesue nye Fiaɖuƒea ƒe Fia. Esi wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ese veve ɖe ame dahewo nu vevie. (Luka 7:22; 14:13) Le eƒe dziɖuɖu te la, “ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe . . . Elabena aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:7, 12, 14.

“Woatu xɔ anɔ eme.”—Yesaya 65:21

Nu vevitɔ si ŋu Yesu fia nu tsoe nye Mawu Fiaɖuƒea. (Luka 4:43)Efia amewo gɔ̃ hã be woado gbe ɖa be: “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:9, 10) Aleke agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba dzi ɖum bliboe? Biblia na míekpɔ nu dodzidzɔname siwo ava dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ le Mawu Fiaɖuƒea teviwo ŋu be:

  • “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o. . . . Nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.”—Yesaya 65:21, 22.

  • “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o, elabena aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nue gblɔe.”—Mika 4:4.

Mɔkpɔkpɔ ma ate ŋu ado ŋusẽ mí le xaxaɣiwo. Gake fifia gɔ̃ hã la, Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me abe ale si wònɔ le Joe, Martín kple ame bubu siwo va ke ɖe esia ŋu la gome ene. Le nyateƒe me la, mía Wɔla Yehowa Mawu ka ɖe edzi na mí be: “Ame si ɖoa tom la, anɔ anyi dedie, aɖe dzi ɖi, eye vɔ̃ madzi ŋɔ nɛ o.” (Lododowo 1:33) Neva eme be nya siawo nana kakaɖedzi wò le agbe me!

^ mm. 6 Masɔmasɔwo, ŋutasẽnuwɔnawo, alo yometiti ƒoe ɖe ame miliɔn geɖewo nu woʋu le woƒe aƒewo me va zu sitsoƒedilawo le woƒe dukɔa me loo alo le duta. Wodzro nya sia me le January 22, 2002 ƒe Nyɔ! me.

^ mm. 11 Ame aɖewo di vevie be yewoawɔ dɔ, gake womate ŋui o, elabe wonye wɔametɔwo, dɔnɔwo eye ɖewo hã nye ame tsitsiwo. Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ame si “medi be yeawɔ dɔ” o la ŋu o.—2 Tesalonikatɔwo 3:10.