Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ŋutete Si Le Amegbetɔ Ƒe Ŋutilãa Ŋu Be Wòawu Abi

Ŋutete Si Le Amegbetɔ Ƒe Ŋutilãa Ŋu Be Wòawu Abi

NU VOVOVO siwo wɔe be amegbetɔ nɔa agbe la dometɔ ɖekae nye ŋutete si le ŋutilãa ŋu be wòawu abi, eye wòana lãmenu siwo gblẽ le teƒe si wɔ abi la nagaɖɔ ɖo. Ne ŋutilãa ƒe akpa aɖe nya xɔ abi ko la, nu siwo ana abia naku la dzea dɔ gɔme enumake.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Lãmenugbagbevi gbogbo aɖewo ƒe dɔwɔwɔ wɔnuku aɖe dzie abi ƒe kuku dzea egɔme tsona abe esiwo gbɔna ene:

  • Ʋumenu gbabɛwo va nɔa abia me, eye wonaa ʋua blana hetrea ʋuka siwo le ʋu ɖuɖum la nu.

  • Abia ƒe tete vie kpɔa eta tsoa dɔlékuiwo si me eye wòɖea “ɖiwo” ɖa le eme.

  • Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ŋutilã la dzea lãmenu siwo gblẽ le abiteƒea ɖɔliɖɔli gɔme, enana abia miana eye wòɖɔa ʋuka siwo gblẽ la ɖo.

  • Mlɔeba la, lãmenu siwo gblẽ la ɖɔna ɖo hezua abikukuteƒe eye ŋusẽ ɖoa teƒea ŋu.

Numekulawo kpɔe be yewoate ŋu anɔ te ɖe ale si ʋu blanae dzi awɔ aŋenu siwo ne wogbã la woate ŋu aɖɔ ɖo le wo ɖokui si. Le aŋenu sia si woawɔ me la, pɔmpi suesuesue aɖewo anɔ eme siwo me atike ƒomevi eve aɖewo anɔ siwo ado ne aŋenua ƒe akpa aɖe gbã. Ne aŋenua ƒe akpa aɖe gbã la, atike eveawo ado ava bla ɖe teƒea eye wòaɖɔ gbagbãƒea ɖo. Ne atike eve siwo tsaka le teƒea le ƒuƒum la, alia eye wòana teƒea naɖɔ ɖo abe ale si wònɔ tsã ene. Numekula aɖe gblɔ be, “Míekpɔ ale si nu gbagbe aɖewo wɔna ɖɔa woƒe ŋutilã ɖo ne woxɔ abi dzi be míawɔ aŋenu siwo me agbe mele o be woawo hã nate ŋu aɖɔ wo ɖokuiwo ɖo ne wogbã.”

Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le amegbetɔ ƒe ŋutilãa ŋu be wòawu abi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?