Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME

Ale Si Nàtsi Nyahehe Nu Le Aƒewò Me

Ale Si Nàtsi Nyahehe Nu Le Aƒewò Me

Nu kae nàte ŋu awɔ ne nyahehe dzi koe mienɔna le ƒomea me? Ðewohĩ miehea nya edziedzi, eye wòle ga dom ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, mènyaa nu si hena dzrea vanɛ gɔ̃ hã o. Ke hã mielɔ̃ mia nɔewo eye miedi be yewoanɔ vevesese dom na yewo nɔewo hafi o.

Ele vevie be nàɖo ŋku edzi be ne miaƒe susu toa vovo le nanewo me la, mefia kokoko be miaƒe ƒomea le gbagbãm o. Menye nyaheheae nye kuxia o, ke boŋ ale si miekpɔa wo gbɔ ye afia ne tomefafa alo dzre anɔ miaƒe ƒomea me. Na míakpɔ afɔ aɖewo siwo nàte ŋu aɖe be miadzudzɔ nyahehe la ɖa.

1. MÈGAWƆ WƆÐENUI O.

Ame ɖeka mewɔa dzre o, ele be woanye ame eve ya teti, gake ne ame ɖeka dzudzɔ nyaa hehe be yeaɖo to la, ke nyahehe sesẽ la nu ate ŋu afa. Eya ta ne dzi ku wò la, dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi be nàgawɔ wɔɖenui o. Lé ɖokuiwò be nàgaklo bubu le ɖokuiwò ŋu o. Ðo ŋku edzi be ŋutifafa si anɔ wò ƒomea me la le vevie wu dzi si nàɖu le nyahehea me.

“Ne nake meli o la, dzo tsina, eye ne ameŋugblẽla meli o la, dzre kena.”Lododowo 26:20.

2. BU ƑOMEA ME TƆWO ƑE SESELELÃMEWO ŊU.

Ne èɖo to nyuie veveseɖeamenutɔe, eye mèle nya tsom ɖe ame kemɛa nu o alo le susu vɔ̃ bum o la, ke àte ŋu atsi dzikua nu ahana ŋutifafa nava. Le esi nànɔ susu gbegblẽ bum ɖe ame kemɛa ŋu teƒe la, bu eƒe seselelãmewo ŋu boŋ. Mègagblɔ be nu si wòwɔ ɖe ye ŋu le blibomademade ta la nye nu si wòɖo wɔ o. Nya veamewo gbɔgblɔ tsoa nuwo ŋu mabumabu nyuie kple vevesese si le dzi me gbɔ, ke menye wɔɖenui wɔwɔ ye o.

“Mido dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu.”Kolosetɔwo 3:12.

3. NA ƔEYIƔI ÐOKUIWÒ BE WÒ DZI NAFA.

Ne èkpɔe be yeƒe dziku fla la, anyo be nàdzo le teƒea hena ɣeyiɣi kpui aɖe be wò dzikua nu nafa hafi nagatrɔ agbɔ. Ðewohĩ àte ŋu ayi xɔ bubu aɖe me alo aɖi tsa vie va se ɖe esime wò dzikua nu fa. Esia mefia be ɖe mèdi be yeakpɔ nyaa gbɔ alo ɖoe be yeagbe nuƒoƒo na ame kemɛa o. Ke boŋ esiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ be nàdo gbe ɖa na Mawu ahabia dzigbɔɖi kple nugɔmesese.

“Eya ta [dzo] hafi wòava zu dzre.”Lododowo 17:14.

4. BU NU SIWO NÀGBLƆ KPLE ALE SI NÀGBLƆE ŊU NYUIE.

Ðeko nyaa agagblẽ ɖe edzi ne wò hã èdze agbagba be yeagblɔ nya veamewo wòave srɔ̃wòa. Le ema teƒe la, dze agbagba nàgblɔ nya siwo ana srɔ̃wò ƒe dɔmedzoea nu nafa. Le esi nànɔ ale si nèsusu be wòawɔ nui gblɔm teƒe la, bia ɖokuibɔbɔtɔe boŋ be wòagblɔ ale si wòle sesem le eɖokui me na wò, eye nàda akpe ɖe ale si eƒe numeɖeɖe na nèva se nɔnɔmea gɔme nyuie wu la ta.

“Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”Lododowo 12:18.

5. BƆBƆ GBE EYE WÒ NUƑO NAFIA BE NÈDI BE YEWOAKPƆ NYAA GBƆ.

Ame ɖeka ƒe dzimagbɔɖi ate ŋu ana ame kemɛa hã nado dziku. Togbɔ be nu si wowɔ ɖe ŋuwò ave wò hã la, ƒo asa na dzugbewo, nya madzetowo gbɔgblɔ kple ɣlidodo. Ƒo asa na nya siwo nye, “Mètsɔa ɖeke le eme nam o” alo “Mèɖoa tom o” gbɔgblɔ. Le ema teƒe la, ƒo nu na srɔ̃wò kple gbe bɔbɔe eye nàgblɔ ale si nu si wòwɔ te ɖe dziwò la nɛ (Àte ŋu agblɔ be, “Ete ɖe dzinye esi . . . ”). Susu aɖeke meli si ta nàtutu srɔ̃wò, aƒoe alo awɔ nu vevi bubu aɖee o. Nenema ke masɔ be nàyɔ gbɔɖiameŋkɔ na srɔ̃wò, agblɔ nya vlo ɖe eŋu alo ado ŋɔdzi nɛ o.

“Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome hekpe ɖe nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti.”—Ephesians 4:31.

6. ÐE KUKU KABA, EYE NÀGBLƆ NU SI NÀWƆ ATSƆ AÐƆ NƆNƆMEA ÐO.

Mègaɖe mɔ vevesese si le dzi me na wò nana nàŋlɔ ŋutifafa wɔwɔ—si nye nu vevitɔ si wòle be nàwɔ be o. Ðo ŋku edzi be ne èwɔ dzre kple srɔ̃wò la, mi ame evea siaa mieɖu dzi o. Gake ne èwɔ ŋutifafa la, mi ame evea siaa mieɖu dzi. Lɔ̃ ɖe edzi be vodada aɖewo tso ye gbɔ le dzre si miewɔ la me. Ne èka ɖe edzi vevie be yemedze agɔ o kura gɔ̃ hã la, àte ŋu aɖe kuku ɖe dziku si nèdo, ale si nèƒo nui alo wò nuwɔna si menye ɖe nèɖoe o si na nyaa gagblẽ ɖe edzi la ta. Ŋutifafa si anɔ wò kple srɔ̃wò dome la le vevie wu dada kple dzi si nàɖu le nyahehea me. Ne srɔ̃wò ɖe kuku na wò la, tsɔe kee kaba.

“Yi egbɔ nàbɔbɔ ɖokuiwò, eye nàƒo koko na hawòvi la vevie.”Lododowo 6:3.

Ne mieɖe asi le nya si hem miele ŋu vɔ la, afɔ kawoe nàɖe be ŋutifafa nanɔ wò ƒomea me? Míadzro esia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.