Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Lɔlɔ̃

Lɔlɔ̃

AMEGBETƆWO DINA BE WOALƆ̃ YEWO. Srɔ̃tɔwo, ƒomewo, alo xɔlɔ̃wo dome mavivi ne lɔlɔ̃ meli o. Eya ta edze ƒãa be lɔlɔ̃ nana amewo meléa tagbɔ dɔ o eye wònana wokpɔa dzidzɔ. Ke nu kae nye “lɔlɔ̃”?

Menye lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome ŋue wole nu ƒom tsoe le afi sia o, togbɔ be ema hã le vevie ya. Ke boŋ enye lɔlɔ̃ si de ŋgɔ wu, si nana ame tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo, eye wòtsɔa woƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔ. Enye lɔlɔ̃ si wotu ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, eye vividoɖeameŋu kple seselelãme kpe ɖe eŋu.

Woɖɔ lɔlɔ̃ wòsɔ nyuie ale: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, . . . ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”—1 Korintotɔwo 13:4-8.

Lɔlɔ̃ sia tɔgbi “nu metsina gbeɖe o,” si fia be anɔ anyi ɖaa. Le nyateƒe me la, enɔa sesẽm ɖe edzi. Eye esi wògbɔa dzi ɖi, nyoa dɔme eye wòtsɔna kena ta la, enye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:14) Eya ta ame siwo lɔlɔ̃ sia bla la nɔa dedie eye dzi dzɔa wo togbɔ be womede blibo o hã. Le kpɔɖeŋu me, bu srɔ̃ɖekadodoa ŋu kpɔ.

“ÐEKAWƆWƆ ƑE NUBLANU DEBLIBO” LA BLA WO ÐEKAE

Yesu Kristo fia nu vevi aɖewo tso srɔ̃ɖeɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “‘Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.’ . . . Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.” (Mateo 19:5, 6) Mɔfiame vevi eve aɖewo ya teti dze le afi sia.

“AME EVEA WOAZU ŊUTILÃ ÐEKA.” Srɔ̃ɖeɖe ye nye amegbetɔwo dome ƒomedodo si me le kplikplikpli wu, eye lɔlɔ̃ ana woawɔ nuteƒe, si fia be ŋutsua alo nyɔnua mava zu “ŋutilã ɖeka” kple ame bubu aɖe si menye srɔ̃a o. (1 Korintotɔwo 6:16; Hebritɔwo 13:4) Nuteƒemawɔmawɔ nana womegakana ɖe ame dzi o, eye esia gblẽa srɔ̃ɖeɖe me. Ne ɖeviwo le ƒomea me la, agblẽ nu le woawo hã ŋu, eye wòana woase le wo ɖokuiwo me be womelɔ̃ yewo o, yewomele dedie o, alo ana woanɔ dziku dom.

“NU SI MAWU BLA ÐEKAE.” Azɔ hã srɔ̃ɖeɖe nye kadodo si le kɔkɔe. Srɔ̃tɔ siwo lɔ̃ ɖe nya ma dzi la dzea agbagba be yewoado ŋusẽ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea. Ne kuxiwo do mo ɖa la, womenɔa mɔnu dim be yewoaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea me o. Wolɔ̃a wo nɔewo vevie eye wonɔa te ɖe kuxiawo nu. Lɔlɔ̃ ma ƒomevi ‘doa dzi le nuwo katã me,’ ekpena ɖe wo ŋu wokpɔa kuxiwo gbɔ ale be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔa srɔ̃ɖeɖea me.

Ne ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ le dzilawo dome la, eɖea vi na wo viwo vevie ŋutɔ. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Jessica gblɔ be: “Dzinyelawo lɔ̃ wo nɔewo vevie eye wodea bubu wo nɔewo ŋu. Ne mekpɔ ale si nɔnye dea bubu fofonye ŋu, vevietɔ ne nɔnye le nu wɔm ɖe mí ɖeviawo ŋu la, medina be masrɔ̃ eƒe nuwɔna.”

Lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Eya ta mewɔ nuku be wogayɔ Yehowa be “Mawu dzidzɔtɔ” la o. (1 Timoteo 1:11) Ne míawo hã míedze agbagba srɔ̃ mía Wɔlaa ƒe nɔnɔmewo, vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ la, dzi adzɔ míawo hã. Efesotɔwo 5:1, 2 gblɔ be: “Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene, eye miyi edzi miazɔ le lɔlɔ̃ me.”