Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Tsɔtsɔke

Tsɔtsɔke

“LE NYE ÐEVIME LA, MESEA AMEDZUDZU KPLE ƔLIDODO ÐE AME TA GEÐE,” aleae nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Patricia gblɔ. Eyi edzi be “Nyemesrɔ̃ tsɔtsɔke o. Togbɔ be metsi fifia hãa, ne ame aɖe dze agɔ le dzinye la, mebua eŋu ŋkeke geɖe hetsia zãdomadɔlɔ̃e.” Nyateƒee, ame si dzi kuna eye metsɔna kena o la, mekpɔa dzidzɔ o eye menɔa lãmesẽ me hã o. Numekukuwo ɖee fia be ame si metsɔna kena o la ate ŋu . . .

  • Ana dziku alo dɔmedzoe nagblẽ eya kple amewo dome, si ana wòaɖe eɖokui ɖe aga eye wòatsi akogo

  • Ana wòanɔ dziku dom ɖe amewo ŋu, atsi dzodzodzoe, alo nu nate ɖe edzi vevie

  • Ana eƒe susu katã nava nɔ agɔ si wodze le edzi la ŋu ale be wòade dzidzɔ kpɔ ge do kpoe

  • Ana wòasusu be yemele Mawu subɔm nyuie o

  • Ana nu nanɔ tetem ɖe edzi kabakaba, eye wòate ŋu ava lé ʋusɔgbɔdɔ, dzidɔ, taɖui kple lãmeveedɔ siwo dometɔ aɖee nye ƒunukpeƒetetedɔ *

NU KAE NYE TSƆTSƆKE? Tsɔtsɔke fia be woatsɔ ame aɖe ƒe agɔdzedze akee eye woaɖe asi le dziku, dɔmedzoe kple wɔɖenuiwɔwɔ ŋu. Mefia be woade nu gbegblẽ dzi, ana wòadze nu sue aɖe, alo awɔ abe ɖe nua medzɔ o ene o. Ke boŋ tsɔtsɔke nye etiatia be woatsɔ agɔ si wodze le ame dzi la ake faa tso dzi me, esia le vevie elabe ana ŋutifafa nayi edzi anɔ ame si dzi wodze agɔa le kple agɔdzelaa dome.

Ne míetsɔna kena la, ke efia be míenye nugɔmeselawo. Ame si tsɔna kena la, nya be mí katã míedaa vo alo wɔa nu vɔ̃ le nuƒoƒo kple nuwɔna me. (Romatɔwo 3:23) Biblia hã gblɔ nya ma be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”—Kolosetɔwo 3:13.

Edze ƒãa be tsɔtsɔke nye lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la ƒe akpa vevi aɖe. (Kolosetɔwo 3:14) Eya ta wogblɔ le Mayo Clinic la ƒe nyatakakadzraɖoƒe si le internet dzi be tsɔtsɔke nana . . .

  • Amewo dome nɔna nyuie, eye wònana ame sea veve ɖe ame ti, sea nu gɔme na ame, eye wòkpɔa nublanui na agɔdzelaa

  • Ame ƒe susu dzea akɔ anyi eye Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu

  • Ame metsia dzi fũu o, nu metena ɖe edzi fũu o, eye mewɔa dzre hã o

  • Menɔa bɔbɔe be blanuiléledɔ naɖe fu na ame o

TSƆ KE ÐOKUIWÒ. Le agbalẽ aɖe (Disability & Rehabilitation) ƒe nya nu la, “ate ŋu asesẽ be ame natsɔ ake eɖokui,” ke hã, “emae nye nu vevitɔ si nana ame nɔa lãmesẽ me le ŋutilã kple susu me.” Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ ake ɖokuiwò?

  • Mègasusu be yeawɔ nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi o, ke lɔ̃ ɖe edzi be ame sia ame daa vo.—Nyagblɔla 7:20

  • Srɔ̃ nu tso wò vodadaawo me ale be màgawɔ wo ake o

  • Gbɔ dzi ɖi na ɖokuiwò; gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo kple nɔnɔme gbegblẽ aɖewo mavɔ enumake o.—Efesotɔwo 4:23, 24

  • De ha kple xɔlɔ̃ siwo ade dzi ƒo na wò, siwo si susu nyui le, ame siwo nyoa dɔme eye womeɖɔa kesekuku na ame o.—Lododowo 13:20

  • Ne èdze agɔ le ame aɖe dzi la, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi eye nàɖe kuku enumake. Ne èwɔ ŋutifafa kple amewo la, ana wò dzi nadze eme.—Mateo 5:23, 24

MƆFIAME SIWO LE BIBLIA ME ÐEA VI!

Esi Patricia si ŋu nya míegblɔ va yi, srɔ̃ Biblia la, esrɔ̃ ale si wòatsɔ ake. Egblɔ be, “Mevo tso dzikudodo si nɔ nu gblẽm le ŋunye la si me. Nyemegakpea fu o, eye nyemenana ame bubuwo kpea fu o. Biblia ƒe mɔfiamewo ɖo kpe edzi be Mawu lɔ̃ mí, eye wòdi be eme nanyo na mí.”

Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ron gblɔ be: “Nyemate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nuwɔnawo kple nuŋububuwo dzi o. Gake mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe tɔnye ya dzi. Ne medi be nye tome nafa la, ke ele be maɖe asi le dziku ŋu. Ðeko meva le ŋutifafa kple dzikudodo kpɔm abe ale si dziehe didi tso anyiehe gbɔ ene. Asesẽ be manɔ teƒe eveawo le ɣeyiɣi ɖeka me. Fifia, dzitsinya nyui va le asinye.”

^ mm. 8 Nyatsoƒe: Mayo Clinic and Johns Hopkins Medicine websites and the journal Social Psychiatry and Psychiatric Epidemiology.