Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amehehe fiaa mɔ ɖeviwo abe ale si atablu fiaa mɔ tɔdziʋu ene

NA DZILAWO

6: Amehehe

6: Amehehe

NU SI WÒFIA

Nya amehehe ate ŋu afia be woafia mɔ ame alo afia nui. Ɣeaɖewoɣia abia be woaɖɔ ɖevi ɖo ne ewɔ nu gbegblẽ. Gake zi geɖe la, eva hiãna be woafia nɔnɔme nyui aɖewo siwo akpe ɖe ɖevi ŋu wòawɔ tiatia nyuiwo.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Le míaƒe ŋkeke siawo me la, dzilawo megatsɔa ɖeke le wo viwo hehe me boo o, elabe wosusu be esia wɔwɔ ana ɖeviawo nabu be yewomele ɖeke me o. Ke hã, dzila siwo dze aɖaŋu la, dea sewo eye wofiaa wo viwo be woawɔ ɖe wo dzi.

“Ele be woana sewo ɖeviwo be wòakpe ɖe wo ŋu woatsi ava zu ame ɖɔʋuwo. Ne womehe ɖeviwo o la woava wɔ nyametsotso siwo agblẽ nu le wo ŋu.”—Pamela.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wɔ wò nya dzi. Ne viwòa mewɔ ɖe se aɖe si nède dzi o la, ke na wòakpɔ emetsonua. Gake kafui ne ewɔ ɖe sea dzi pɛpɛpɛ.

“Mekafua vinyewo edziedzi le ale si woɖoa to togbɔ be ame geɖe megaɖoa to wo dzilawo o hã. Esi mekafua wo ta la, ne ehiã be maɖɔ wo ɖo la, wolɔ̃na wɔna ɖe edzi.”—Christine.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Se nu gɔme na wo. Hafi nàɖɔ viwòa ɖo la, bu ƒe si wòxɔ eƒe ŋutetewo kple nu si wòwɔa ŋu. Ne wohe to na ɖevi ɖe agɔ si wòdze ta la, eɖea vi wu—le kpɔɖeŋu me ne meɖɔ ŋu ɖo le fon zazã me o la, woate ŋu axɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le esi hena ɣeyiɣi aɖe. Azɔ hã mègatsɔ nya suewo wɔ nya gãwoe o.

“Medzea agbagba be manya ne ɖe vinyea ɖoe koŋ gbe toɖoɖo loo alo vodada koe wòwɔ. Vovototo le nɔnɔme gbegblẽ aɖe si wòle be woaxɔ le ame si kple vodada aɖe si dzi wòahiã be woahe ɖevi ƒe susu ayi la dome.”—Wendell.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

Lɔ̃ viwòa. Ne ɖeviwo nya be yewo dzilawo lɔ̃ yewo la, enɔa bɔbɔe na wo be woalɔ̃ axɔ wo dzilawo ƒe amehehe.

“Ne mía vi da vo la, míegblɔna nɛ be nu nyui siwo katã wòwɔ va yi la dze mía ŋu ŋutɔ. Míeɖea eme nɛ be vodada si wòwɔa mena wòzu ame gbegblẽ o; ne enya yi edzi wɔ asitɔtrɔ ko la, míawo hã míeli be míakpe ɖe eŋu.”—Daniel.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.”—1 Korintotɔwo 13:4.