Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Taɖodzinu le abe nɔnɔmetata si dzi nàkpɔ awɔ nua ŋutɔŋutɔ ene

NA SƆHƐWO

12: Taɖodzinuwo

12: Taɖodzinuwo

NU SI WÒFIA

Menye drɔ̃eƒenyae taɖodzinu nye o, ke boŋ enye nu si nèle mɔ kpɔm na be adzɔ ŋutɔŋutɔ. Ebia be woawɔ ɖoɖo, ada asɔ, eye woado vevie dɔ awɔ.

Taɖodzinu ate ŋu anye esi (axɔ ŋkeke aɖewo alo kwasiɖa aɖewo), bubu ate ŋu anye esi didi vie si (axɔ ɣleti aɖewo) kple esi axɔ ɣeyiɣi geɖe (ƒe ɖeka alo esi wu ema). Taɖodzinu suesuesuewo gbɔ ɖoɖo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ava ɖo esi axɔ ɣeyiɣi la gbɔ.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne èɖo taɖodzinu aɖe gbɔ la, ana dzi naɖo ƒowò, ana nàdze xɔ̃ nyuiwo, eye àkpɔ dzidzɔ wu tsã.

Ana dzi naɖo ƒowò: Ne èɖo taɖodzinu suewo eye nète ŋu ɖo wo gbɔ la, dzi aɖo ƒowò be nàminya gãwo. Eye ne èdo go nuwo abe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ene la, dzi anɔ ƒowò nànɔ te ɖe wo nu.

Xɔlɔ̃wo: Edzɔa dzi na amewo be yewoanɔ ame siwo si taɖodzinu ɖɔʋuwo le la dome, ame siwo nya taɖodzinu si minyam wole eye wodzea agbagba be yewoaɖo wo gbɔ. Azɔ hã, mɔ vevi aɖe si dzi ame ato ana ƒomedodo si le eya kple exɔlɔ̃ dome nasẽ wue nye be woaminya taɖodzinu ɖeka.

Dzi adzɔ wò: Ne èɖo taɖodzinu na ɖokuiwò eye nèɖo egbɔ la, dzi adzɔ wò.

“Melɔ̃a taɖodzinuwo ɖoɖo na ɖokuinye. Nye susu nɔa wo ŋu eye medzea agbagba be maɖo taɖodzinuawo gbɔ. Eye ne ète ŋu ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ, eye nètrɔ kpɔ megbe la, dzi adzɔ wò nàgblɔ be, ‘Ɛhɛ̃, mete ŋu wɔe! Mete ŋu wɔ nu si meɖo be mawɔ la.’”—Christopher.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame si le ŋku lém ɖe yaƒoƒo ŋu la maƒã nu o, eye ame si le ŋku lém ɖe alilikpowo ŋu la maŋe nu o.”—Nyagblɔla 11:4.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ðe afɔ siawo ne woakpe ɖe ŋuwò nàɖo wo taɖodzinuwo gbɔ.

De vovototo nuwo me. Ŋlɔ taɖodzinu siwo gbɔ nàdi be yeaɖo la ɖe ɖoɖo nu, vevitɔwo nava gbã, eye nàtia esi gbɔ nàdi be yeaɖo gbã, evelia kple bubuawo.

Wɔ ɖoɖo. Be nàɖo taɖodzinu ɖe sia ɖe gbɔ la, wɔ nu siawo:

  • Ðo ɣeyiɣi si sɔ na taɖodzinua gbɔ ɖoɖo.

  • Wɔ ɖoɖo ɖe nu siwo nàwɔ hafi aɖo egbɔ la ŋu.

  • Kpɔ mɔ be kuxiwo ado mo ɖa, eye nàbu ale si nàwɔ aɖu wo dzi la ŋu.

Dze egɔme. Mègalala be nu sia nu nasɔ gbe keŋkeŋ hafi nàɖe afɔ o. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae nye nu gbãtɔ si mate ŋu awɔ be maɖo nye taɖodzinua gbɔ?’ Ekema wɔe. De dzesi taɖodzinua ƒe akpa siwo gbɔ nète ŋu ɖo xoxo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.