Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?

Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?

Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?

NU KA TAE ŊUÐOÐOA NYANYA LE VEVIE? Nu ʋɛ aɖewo koe ɖea fu na amegbetɔ de ebubu be gɔmesese alo tameɖoɖo aɖeke mele agbea ŋu o nu. Le go bubu me la, ame si se tameɖoɖo si tututu le agbea ŋu gɔme nyuie la te ŋu doa dzi le nɔnɔme madeamedziwo me. Ahɔhɔ̃ŋutinunyala Viktor E. Frankl, si hã tsi agbe le Yudatɔwo tsɔtsrɔ̃ɖa ɖikaa ƒe nugbe si Nazitɔwo ɖo me la ŋlɔ bena: “Mado dzi agblɔe be, naneke mele xexea me si akpe ɖe ame ŋu nenema gbegbe wòato nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me ado, abe ale si enyanya be gɔmesese le ame ƒe agbe ŋu kpena ɖe ame ŋui ene o.”

Ke hã, nukpɔsusu vovovo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la le amewo si ku ɖe nya sia ŋu. Ame geɖewo susui be ame ŋutɔe atso nya me le tameɖoɖo si anɔ eƒe agbe ŋu la ŋuti. Le go bubu me la, ame siwo xɔ amedzɔtsolãme dzi se la fiaa nu be tameɖoɖo gobii aɖeke mele agbea ŋu o.

Gake le nyateƒe me la, mɔ nyuitɔ si dzi míato anya tameɖoɖo si le agbea ŋue nye be míatrɔ ɖe Agbenala, Yehowa Mawu, ŋu. Bu nya si eƒe Nya, Biblia la, gblɔ tso nya sia ŋu ŋuti kpɔ.

Nya Si Biblia Gblɔ

Biblia fia nu be tameɖoɖo aɖe koŋ tae Yehowa Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔawo ɖo. Yehowa de se si gbɔna la na mía dzila gbãtɔ mawo.

1 Mose 1:28. “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!”

Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be Adam kple Xawa kpakple wo viwo nawɔ anyigba la wòazu paradiso. Meɖoe be amegbetɔwo natsi aku amegã ahaku o, eye medi hã be amegbetɔwo nagblẽ nu le anyigba la ŋu o. Gake tiatia gbegblẽ siwo mía dzila gbãtɔawo wɔ la na míeva nyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome. (1 Mose 3:2-6; Romatɔwo 5:12) Togbɔ be edzɔ alea hã la, Yehowa ƒe tameɖoɖoa metrɔ o. Eteƒe madidi o anyigba la azu paradiso.—Yesaya 55:10, 11.

Esi Yehowa wɔ mí la, ena ŋusẽ kple tamebubu ŋutete si akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe ɖe eƒe tameɖoɖo nu la mí. Menye ɖe wòwɔ mí be míanɔ mía ɖokui si yeƒe mɔfiafia manɔmee o. Kpɔ ale si mawunyakpukpui siwo gbɔna la ɖe tameɖoɖo si le Mawu si na mí fia la kɔte ɖa.

Nyagblɔla 12:13. “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”

Mixa 6:8. ‘Nu si ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nàwɔ nu si le eteƒe, nàlɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋkume.’

Mateo 22:37-39. “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia, si ɖii, lae nye esi: ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”

Ale Si Biblia Ƒe Ŋuɖoɖowo Naa Susu Me Ƒe Akɔdzeanyi Vavãtɔ

Hafi woate ŋu azã mɔ̃ deŋgɔ ɖe sia ɖe nyuie la, ele be woazãe le tameɖoɖo si ta wowɔe ɖo kple ale si ewɔlaa di be woazãe nu. Nenema kee hafi míaƒo asa na nugbegblẽ le mía ɖokui ŋu—eɖanye le susu me, seselelãme, ŋutilã me, alo le mía kple Mawu dome ƒomedodo gome o—la, ehiã be míazã míaƒe agbea le tameɖoɖo si le mía Wɔlaa si la nu. Bu ale si Mawu ƒe tameɖoɖo nyanya ate ŋu ana susu me ƒe akɔdzeanyi mí le nɔnɔme vovovo siwo gbɔna me ŋu kpɔ.

Nu si ame geɖe buna nu vevitɔ wu le agbe mee nye kɔlili kesinɔnuwo. Gake Biblia xlɔ̃ nu be “ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame” la me.—1 Timoteo 6:9, 10.

Gake ame siwo srɔ̃a Mawu lɔlɔ̃, ke menye galɔlɔ̃ o, la kpɔa viɖe si ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo le ame si ŋu nyena dzea sii. (1 Timoteo 6:7, 8) Wokpɔa asixɔxɔ si le dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu dzea sii, eye wonyae be agba le yewo dzi be yewoakpɔ yewo ŋutɔ yewoƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. (Efesotɔwo 4:28) Gake wobua Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya si gbɔna la hã nya vevii, be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena [ɖewo] alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye mabu evelia ɖe naneke me o. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Mateo 6:24.

Eya ta ame siwo lɔ̃ Mawu la naa eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nyea nu vevitɔ na wo le agbe me, ke menye dɔwɔɖui alo kɔlili kesinɔnuwo o. Wonyae be ne yewotsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la, Yehowa Mawu alé be na yewo. Le nyateƒe me la, Yehowa ŋutɔ bunɛ be yeƒe agbanɔamedzie wònye be yeawɔe nenema.—Mateo 6:25-33.

Le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me la, ame geɖe tsɔa woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Egbea la, ale si ame geɖe va zu “ɖokuilɔ̃lawo, . . . [kple] ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o” la koŋ gbɔe wòtso be ŋutifafa mele xexea me o. (2 Timoteo 3:2, 3) Ne ame aɖe wɔ nu wòte ɖe wo dzi, alo melɔ̃ ɖe woƒe nukpɔsusu dzi o la, “dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo” koe dzena le woƒe nuwɔwɔ ɖe amea ŋu me. (Efesotɔwo 4:31) Ame ɖokui dzi maɖumaɖu elea menana ame ƒe susu me dzea akɔ anyi o, ke boŋ ‘dzre’ sɔŋ ko wohena vanae.—Lododowo 15:18.

Gake ame siwo wɔa Mawu ƒe sedede be woalɔ̃ wo haviwo abe wo ɖokui ene dzi ya nyea ‘ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, ame siwo ƒe dɔme trɔna ɖe wo nɔewo ŋu vevie, eye wotsɔna kea wo nɔewo faa.’ (Efesotɔwo 4:32; Kolosetɔwo 3:13) Ne amewo mewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o gɔ̃ hã la, wodzea agbagba srɔ̃a Yesu, ame si, esi wodzui la, “medzu ame ɖe eteƒe o.” (1 Petro 2:23) Abe Yesu ene la, wode dzesii be kpekpe ɖe ame bubuwo, ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wowɔna na wo ŋu o gɔ̃ hã, ŋu naa dzidzeme vavã yewo. (Mateo 20:25-28; Yohanes 13:14, 15; Dɔwɔwɔwo 20:35) Yehowa Mawu naa eƒe gbɔgbɔa ame siwo srɔ̃a kpɔɖeŋu si Via ɖo la, eye gbɔgbɔ sia naa susu me ƒe akɔdzeanyi vavãtɔ wo.—Galatiatɔwo 5:22.

Gake aleke ale si nèbua etsɔ mee ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò susu ƒe akɔdzeanyi dzii?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Ame sia ame dina be yease tameɖoɖo si tututu le agbea ŋu gɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu fia ale si míawɔ míaƒe susu me nadze akɔ anyi la mí