Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Esi mía kple Sarah * míeɖe mía nɔewo vɔ megbe la, míeɖanɔ dzinyelawo ƒe me ɖekae kple nye ƒometɔwo. Gbe ɖeka, nɔvinye ŋutsu ƒe ahiãvi bia be makɔ ye ɖe nye ʋu me ayi eƒe me. Melɔ̃, eye mekplɔ vinye ŋutsuvi sue la ɖe asi yii. Esi metrɔ gbɔ va aƒe me la, Sarah do dziku ɖe ŋunye vevie. Míete nyahehe ɖe mía nɔewo ŋu le nye ƒometɔwo ŋkume, eye wòdzum be menye nyɔnuhadela. Dzi kum, eye mete nya aɖewo gbɔgblɔ, siwo gado dziku na eya hã ɖe edzi.”

Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Lãmesẽkuxi sesẽ aɖe ɖea fu na mía via, eye míenɔ gakuxi me tom ɣemaɣi. Eya ta esi Fernando tsɔ ʋua, kplɔ mía via ɖe asi hekɔ nɔvia ƒe ahiãvia dzoe la, dzi kum vevie le susu geɖewo ta. Esi wòtrɔ gbɔ la, meɖe nye dzikua ɖe eŋu. Míehe nya vevie hedzu mía nɔewo. Ale si míewɔ nui va te ɖe dzinye emegbe.”

NE ATSU kple asi aɖe wɔ dzre la, ɖe wòfia be womegalɔ̃ wo nɔewo oa? Ao! Fernando kple Sarah, siwo ŋu míeƒo nu tso le etame la, lɔ̃ wo nɔewo vevie. Ke hã, le srɔ̃ɖeɖe nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã me la, masɔmasɔ aɖewo ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi godoo.

Gake nu ka tae masɔmasɔwo doa mo ɖa, eye nu kae miate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be womagagblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me o? Esi wònye be srɔ̃ɖeɖe nye Mawu ƒe nuɖoanyi ta la, esɔ be míatrɔ ɖe eƒe Nya, Biblia la, ŋu ahakpɔ be nya kae wògblɔ tso masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋu hã.—1 Mose 2:21, 22; 2 Timoteo 3:16, 17.

Kuxiawo Gɔmesese

Atsu kple asiwo katã kloe dina be yewoawɔ nu ɖe yewo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me. Gake Biblia gblɔ ale si tututu amegbetɔ ƒe nɔnɔme le, esime wògblɔ be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23) Eya ta ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, esesẽna ŋutɔ be woaɖu ame ɖokui dzi. Eye esesẽna na ame aɖewo be woaɖu woƒe nu mame gbegblẽwo, siwo dometɔ aɖewo nye ɣlidodo kple nya madzetowo gbɔgblɔ, dzi. (Romatɔwo 7:21; Efesotɔwo 4:31) Nu bubu kawo hãe ate ŋu ahe masɔmasɔwo vae?

Zi geɖe la, atsu kple asi ɖe sia ɖe ƒe dzeɖomɔnu toa vovo. Michiko gblɔ be: “Esi míeɖe mía nɔewo teti la, mede dzesii be ale si míeɖoa dze tso nuwo ŋu to vovo kura. Menye ɖeko medina be maƒo nu tso nu si dzɔ ŋu o, ke medina hã be magblɔ nu si ta nua dzɔ ɖo kple ale si wòdzɔe. Gake nu si do tso nudzɔdzɔa me koe srɔ̃nye ya dina be yeanya.”

Menye Michiko ɖeɖe koe sena le eɖokui me nenema o. Le srɔ̃ɖeɖe geɖewo me la, srɔ̃tɔ ɖeka dina be yeahe nya legbee, esime evelia ya media nyahehe o, alo dina be yeaƒo asa na nya la kura. Zi geɖe la, zi ale si srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka nɔa nyahehe dzi la, zi nenemae evelia hã dzea agbagba be yeaƒo asa nɛ. Ðe nu sia le mo dom ɖa le wò srɔ̃ɖeɖe mea? Ðe mia dometɔ ɖeka dina ɣesiaɣi be yeanye nyahela, eye evelia nyea asaƒonanyala?

Nu bubu si hã ŋu wòle be miabue nye be ƒome si me ame tsi ɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòsusuna be atsu kple asi naɖo dzee dzi. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Justin, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃ enye esia la, gblɔ be: “Ƒome si me tɔwo meƒoa nu fũu o mee metsi ɖo, eye esesẽna nam be maɖe nye seselelãmewo agblɔ na amewo faa. Esia tena ɖe srɔ̃nye dzi. Eƒe ƒometɔwo ya ɖea woƒe seselelãmewo gblɔna faa, eye mesesẽna nɛ be wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ nam o.”

Nu Ka Tae Wòle Be Miadze Agbagba Akpɔ Kuxiwo Gbɔ?

Numekulawo kpɔe be menye zi gbɔ zi ale si atsu kple asi agblɔ na wo nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo ye nye dzesi si ana kakaɖedzi blibo be woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Menye sɔsɔ na ame nɔewo le gbɔdɔnyawo gome kple ga geɖe ƒe ame si nɔnɔ hã gbɔe wòtsona o. Ke boŋ, nu si nye dzesi si ŋu kakaɖedzi blibo le be srɔ̃ɖeɖe aɖe akpɔ dzidzedzee nye ale si atsu kple asi kpɔa masɔmasɔ ɖe sia ɖe si doa mo ɖa le wo dome la gbɔ nyuie.

Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be ne ŋutsu kple nyɔnu ɖe wo nɔewo la, menye amee bla wo ɖekae o, ke boŋ Mawue bla wo ɖekae. (Mateo 19:4-6) Eya ta ne srɔ̃ɖeɖe aɖe kpɔ dzidzedze la, edea bubu Mawu ŋu. Gake ne srɔ̃ŋutsu meɖea lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiaa srɔ̃a o la, ate ŋu adzɔ be Yehowa Mawu magase eyama ƒe gbedodoɖawo o. (1 Petro 3:7) Nenema kee ne srɔ̃nyɔnu do kpo srɔ̃a bubu la, Yehowa, ame si ɖo srɔ̃ŋutsu ƒomea ƒe ta, koŋ ŋue mele bubu demee o.—1 Korintotɔwo 11:3.

Nu Vevi Siwo Naa Wokpɔa Dzidzedze—Ƒo Asa Na Nya Veamewo Gbɔgblɔ

Mɔ ka ke nue nèɖoa dze le o, alo ƒome ka tɔgbi mee nèɖatsi ɖo o, ne èdi be yeawɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ahakpɔ masɔmasɔwo gbɔ nyuie la, ele be nàƒo asa na nya veamewo gbɔgblɔ. Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

‘Ðe meƒoa asa na didi be mawɔ wɔɖenuia?’ Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Ne wofiã ŋɔti sesĩe la, eye ʋu dona, eye ne wofiã dɔmedzoe sesĩe la, eye dzre dzɔna.” (Lododowo 30:33) Nu kae nya sia fia? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nu si dze abe miaƒe nukpɔsusu ƒe vovototo sue aɖe le ƒomeganyawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ene (le kpɔɖeŋu me, ne ame ɖeka gblɔ be, “ehiã be míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe gazazã ŋu” la) ate ŋu atrɔ enumake azu nya tɔamewo gbɔgblɔ ɖe ame nɔewo ŋu (abe “wò ya meléa be na ga kura o” ene). Le nyateƒe me la, ne srɔ̃wò ‘fiã wò ŋɔti’ to nya tɔamewo gbɔgblɔ ɖe ŋuwò me la, àse le ɖokuiwò me be ye hã ‘yeafiãe nɛ.’ Gake ɖeko wɔɖenuiwɔwɔ hea dziku vanae eye masɔmasɔwo doa gã ɖe edzi.

Biblia ŋlɔla Yakobo xlɔ̃ nu be: “Kpɔ ɖa! Dzo sue aɖe koe wotsɔna tɔa dzo ave gã aɖee! Ɛ̃, dzoe aɖe la nye.” (Yakobo 3:5, 6) Ne atsu kple asi mete ŋu ɖu woƒe aɖe dzi o la, masɔmasɔ sue aɖe ate ŋu atrɔ kpata ahazu dzrehehe kple dzikudodo heliheli. Eye mate ŋu anɔ bɔbɔe be woatu lɔlɔ̃ na ame nɔewo ɖo le srɔ̃ɖeɖe siwo me srɔ̃tɔawo doa dziku ɖe wo nɔewo ŋu heliheli edziedzi la me o.

Le esi nàwɔ wɔɖeŋui teƒe la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ Yesu, ame si esi wonɔ edzum la, “medzu ame ɖe eteƒe o” la oa? (1 Petro 2:23) Mɔ si dzi nàto atsi dzrehehe ƒe dzo la nu kabae nye be nàse srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu gɔme ahaɖe kuku nɛ ɖe nu si me nèda vo le si he masɔmasɔa vae la ta.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ɣebubuɣi si masɔmasɔ aɖe gado mo ɖa la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae wòagblẽ le ŋunye ne melɔ̃ ɖe nu si ŋu srɔ̃nye tsi dzi ɖo la dzi nɛ? Ðe nu si he masɔmasɔ sia vae la ƒe akpa aɖe tso gbɔnyea? Nu ka ta nyemaɖe kuku nɛ ɖe nye vodadawo ta o?’

‘Ðe nyemebua srɔ̃nye ƒe seselelãmewo nu vevii o hebua wo nu tsɛa?’ Mawu ƒe Nya la de se be: “Mina mi katã miaƒe susu nanɔ ɖeka, mise veve ɖe ame nu.” (1 Petro 3:8) Bu susu eve siwo ate ŋu ana be nàdo kpo wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖekae nye be ɖewohĩ mèsea srɔ̃wòa ƒe nukpɔsusu alo seselelãmewo gɔme nɛ o. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wòa tsi dzi ɖe nya aɖe ŋu wu wò la, ɖewohĩ àgblɔ be, “Èle dzi tsim le ɖokuiwò me fũu akpa.” Ðewohĩ ɖe nèdi be yeakpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòakpɔ ale si tututu kuxia le adze sii hafi. Gake ewɔwɔ le mɔ ma nu mefaa akɔ na ame akpa gãtɔ o. Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo siaa dina be yewoakpɔe be yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo sea nu gɔme na yewo hesea veve ɖe yewo nu.

Dada hã ate ŋu ana ame nabu srɔ̃a ƒe seselelãmewo nu tsɛe. Dadala dina ɣesiaɣi be yeado ye ɖokui ɖe dzi to gbɔɖiɖi ame bubuwo me. Awɔ esia to dzugbewo zazã alo amewo tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo madzemadzee me. Bu Farisitɔ kple agbalẽfiala siwo nɔ anyi le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi ŋu kpɔ. Ne ame aɖe—eɖanye wo hati Farisitɔ gɔ̃ hã—ɖe eƒe nukpɔsusu, si to vovo na dadala siawo tɔ, gblɔ la, nu si wowɔnae nye be wozãa dzugbewo hegblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe eŋu. (Yohanes 7:45-52) Yesu ya to vovo. Esea veve ɖe amewo nu ne wogblɔ woƒe dzimenyawo nɛ.—Mateo 20:29-34; Marko 5:25-34.

Bu ale si nèwɔa nui ne srɔ̃wò gblɔ ale si wòse le eɖokui me na wò ŋu kpɔ. Ðe wò nyagbɔgblɔwo, gbe si nètsɔ ƒoa nui, kple wò moɖoɖo ɖea veveseɖeamenu fiana? Alo ɖe nètsia nya ɖe srɔ̃woa nu enumake abe ɖee ale si wòse le eɖokui me mele vevie o enea?

TE MƆNU SIA KPƆ: Le kwasiɖa siwo gbɔna me la, dze agbagba nàkpɔe ɖa be alekee yeƒoa nu na ye srɔ̃ hã. Ne èkpɔe be yetsi nya ɖe enu alo gblɔ gbɔɖiamenya aɖe ɖe eŋu la, ɖe kuku nɛ enumake.

‘Ðe mebunɛ ɣesiaɣi be ɖokuitɔdidie ʋãa srɔ̃nye wòwɔa nua?’ “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua? Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa?” (Hiob 1:9, 10) Satana to nya siawo dzi nɔ gbɔgblɔm be menye susu nyuiwoe ʋãa nuteƒewɔla Hiob wòsubɔa Mawu o.

Ne srɔ̃tɔwo mele ŋudzɔ o la, woate ŋu ava nɔ nɔnɔme ma tɔgbi ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò wɔ nu nyui aɖe na wò la, ɖe nèsusuna be nane kokoko dim wòle tso gbɔwò alo be nane ɣlam wòle ɖe wò taea? Ne srɔ̃wò da vo aɖe la, ɖe nèbua vodada sia be enye kpeɖodzi be enye ɖokuitɔdila eye be metsɔa ɖe le eme na ye oa? Ðe nèɖoa ŋku vodada mawo tɔgbi si wòwɔ va yi la dzi enumake hetea esia hã ɖia?

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu nyui siwo srɔ̃wò wɔ na wò kple nu nyui siwo anya ʋãe wòwɔ wo la ɖi.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ . . . meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Lɔlɔ̃ vavã megbãa ŋku o. Eye meŋlɔa vodadawo ɖi hã o. Paulo gblɔ hã be lɔlɔ̃ ‘xɔa nuwo katã dzi sena.’ (1 Korintotɔwo 13:7) Esia mefia be lɔlɔ̃ xɔa nya sia nya si wogblɔ la dzi sena ko o, ke boŋ eɖea kakaɖeamedzi fiana. Medoa vlo ame alo bua nazã ɖe ame ŋu o. Lɔlɔ̃ si ƒomevi ƒe dzi Biblia de ƒo la nɔa klalo na tsɔtsɔke helɔ̃na faa bua nyui ɖe ame ŋu. (Psalmo 86:5; Efesotɔwo 4:32) Ne srɔ̃tɔwo ɖea lɔlɔ̃ sia ƒomevi fiaa wo nɔewo la, woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe me.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

Vodada kawoe atsu kple asi si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la wɔ?

▪ Aleke mate ŋu aƒo asa na vodada mawo ƒomevi le nye srɔ̃ɖeɖe me?

▪ Nu vevi siwo ŋu woƒo nu tso le nyati sia me dometɔ ka ŋue wòle be madze agbagba le wu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]