Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Ŋkɔ Yehowa Nadze Le Nubabla Yeyea Mea?

Ðe Wòle Be Ŋkɔ Yehowa Nadze Le Nubabla Yeyea Mea?

Ðe Wòle Be Ŋkɔ Yehowa Nadze Le Nubabla Yeyea Mea?

ÐE WÒLE kokoko be Mawu ƒe ŋkɔ nadze le Biblia mea? Edze ƒãa be Mawu dii nenema. Eƒe ŋkɔ, si wotsɔa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene ŋlɔna si woyɔna be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, la dze zi 7,000 sɔŋ le Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔ si wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Xoxo la me.  *

Biblia ŋuti nunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dze le Nubabla Xoxo la, alo Hebri Ŋɔŋlɔawo, me. Ke hã, wo dometɔ geɖe susunɛ be medze le Nubabla Yeyea ƒe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me o.

Ekema nu kae Nubabla Yeyea ŋlɔlawo wɔna ne woyɔ nya tso Nubabla Xoxoa ƒe akpa aɖe si me Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le? Le go siawo me la, gbegɔmeɖela akpa gãtɔ zãa nya “Aƒetɔ” le esi woazã Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ teƒe. Ke hã, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la gɔmeɖelawo ya mewɔe nenema o. Wozã ŋkɔ Yehowa zi 237 sɔŋ le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo Nubabla Yeyea me.

Kuxi kawoe Biblia gɔmeɖelawo doa goe ne wole nya me tsom nenye be yewoazã Mawu ƒe ŋkɔ le Nubabla Yeyea me loo alo yewomazãe o? Ðe susu nyui aɖewo li siwo tae wòle be woazã Mawu ƒe ŋkɔa le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa sia mea? Eye aleke Mawu ƒe ŋkɔa zazã le Biblia me ka wòe?

Gbegɔmeɖeɖe Ƒe Kuxi Aɖe

Nubabla Yeyea ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo le mía si egbea la menye esiwo Biblia ŋlɔlawo ŋutɔ ŋlɔ kple woƒe asiwo tẽe o. Wozã asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔ siwo Mateo, Yohanes, Paulo, kple ame bubuwo ŋlɔ la ale gbegbe be, ɖikeke mele eme o be, eteƒe medidi kura hafi wovuvu o. Eya ta wogbugbɔ wo ŋlɔ, eye esi emawo hã vuvu la wogbugbɔ woawo hã ŋlɔ. Nubabla Yeyea ƒe kɔpi akpeakpe siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo woŋlɔ ƒe alafa eve ya teti le gbãtɔwo ŋɔŋlɔ vɔ megbe. Edze abe le ɣeyiɣi mawo me la, ame siwo gbugbɔ nɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽawo ŋlɔm la tsɔ Kuʹri·os alo Kyʹri·os, si gɔmee nye “Aƒetɔ” le Helagbe me la ɖɔ li Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo ene, alo ɖewohĩ asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo me woɖɔ li ŋkɔa le xoxo ye wogbugbɔ ŋlɔ. *

Ele be esia nyanya nana gbegɔmeɖela nakpɔe ɖa be ɖe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔwo li be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo me nyateƒe hã. Ðe kpeɖodzi mawo tɔgbi lia? Bu nya siwo gbɔna la ŋu kpɔ:

Yesu zãa Mawu ƒe ŋkɔ ne eyɔ nya aɖe tso Nubabla Xoxoa me alo xlẽ nya aɖe tso eme. (5 Mose 6:13, 16; 8:3; Psalmo 110:1; Yesaya 61:1, 2; Mateo 4:4, 7, 10; 22:44; Luka 4:16-21) Le Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋkekeawo me la, Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le Hebrigbe me nuŋlɔɖi si wolɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Xoxoa me, abe ale si ko wògale egbea ene. Ke hã, Biblia ŋuti nunyala geɖe bui hena ƒe alafa geɖe be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo menɔ Helagbe me Septuagint ƒe Nubabla Xoxo la me alo nɔ Nubabla Yeyea ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me o. Gake le ƒe alafa 20 lia ƒe domedome la, Biblia ŋuti nunyalawo va ke ɖe nu ɖedzesi aɖe—si nye Helagbe me Septuagint si nɔ anyi le Yesu ŋɔli la ƒe kakɛ aɖewo siwo do xoxo ŋutɔ la—ŋu. Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ŋlɔ la, dze le agbalẽ kakɛ mawo dzi.

Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔ eye wòna ame bubuwo hã nyae. (Yohanes 17:6, 11, 12, 26) Yesu gblɔ eme kɔ ƒãa be: “Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me.” Ete gbe ɖe edzi hã be, ye ‘Fofo ƒe ŋkɔ mee’ yewɔ yeƒe dɔwo le. Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowae Nye Xɔname.”—Yohanes 5:43; 10:25.

Mawu ƒe ŋkɔ si wotso kpuie dze le Hela Ŋɔŋlɔawo me. Mawu ƒe ŋkɔ dze le nyagbɔgblɔ si nye “Halleluyah” si dze le Nyaɖeɖefia 19:1, 3, 4, 6 le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la me. Nyagbɔgblɔ ma fia “Mikafu Yah” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. Yah nye ŋkɔ Yehowa yɔyɔ kpuie.

Yudatɔwo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔwo ɖee fia be Kristotɔ Yudatɔwo zã Mawu ƒe ŋkɔ le woƒe nuŋlɔɖiwo me. Agbalẽ si nye The Tosefta, si nye se siwo wogblɔ kple nu, siwo woŋlɔ hewu wo nu ƒoƒo ƒu nu le ƒe 300 Mia Ŋɔli (M.Ŋ.) me la, gblɔ tso Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖi siwo wotɔ dzo le Sabat dzi la ŋu be: “Wotɔ dzo nya nyui gblɔlawo kple minim [siwo wobuna be wonye Kristotɔ Yudatɔwo] ƒe agbalẽwo. Gake woɖe mɔ be woatɔ dzo wo le afi siwo woke ɖe wo ŋu le, . . . nuŋlɔɖiawo kple teƒe siwo woyɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ ɖo le wo me la siaa.” Agbalẽ ma ke gblɔ be Rabbi Yosé, Galileatɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa evelia Mia Ŋɔli ƒe gɔmedzedze me la gblɔ be, le kwasiɖa ƒe ŋkeke bubuwo dzi la, “wolãa afi siwo Mawu Ƒe Ŋkɔa dze le [le Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo] me la ɖa hedzraa wo ɖo, eye wotɔa dzo akpa susɔea.” Eya ta kpeɖodzi sẽŋuwo li be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia Mia Ŋɔli me la xɔe se be Kristotɔwo zãa Yehowa ƒe ŋkɔ le woƒe nuŋlɔɖiwo me.

Aleke Gbegɔmeɖelawo Kpɔ Nya Sia Gbɔe?

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la me koe wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ la dee esime wonɔ Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖema? Ao. Le ɖekawɔwɔ me kple kpeɖodzi siwo me míedzro fifi laa la, Biblia gɔmeɖela geɖe kpɔe be ele be yewoagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa aɖo eteƒe ne yewole Nubabla Yeyea gɔme ɖem.

Le kpɔɖeŋu me, wozã Mawu ƒe ŋkɔ le Nubabla Yeyea me le gɔmeɖeɖe siwo le Afrikatɔwo, Amerikatɔwo, Asiatɔwo, kple Pasifik ƒukpo dzi tɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo me la me geɖe ŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si le axa 21.) Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo do nyitsɔ laa siwo dometɔ aɖewoe nye Rotuman Biblia (1999), si zã ŋkɔ Jihova zi 51 le mawunyakpukpui 48 me le Nubabla Yeyea me, kple Batak-Toba gɔmeɖeɖe (1989) si tso Indonesia, si zã ŋkɔ Jahowa zi 110 sɔŋ le Nubabla Yeyea me. Mawu ƒe ŋkɔ la dze le Franseawo, Germanytɔwo, kple Spaintɔwo ƒe Biblia gɔmeɖeɖewo hã me. Le kpɔɖeŋu me, Pablo Besson ɖe Nubabla Yeyea gɔme ɖe Spaingbe me le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me. Eƒe gɔmeɖeɖea zã Jehová le Yuda 14, eye etenuŋɔŋlɔ siwo ade 100 kloe ɖee fia be Mawu ƒe ŋkɔa wòle be wòanɔ afi ma hafi.

Eŋlisigbe me Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo siwo zã Mawu ƒe ŋkɔ le Nubabla Yeyea me la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

A Literal Translation of the New Testament . . . From the Text of the Vatican Manuscript, si gɔme Herman Heinfetter ɖe (1863)

The Emphatic Diaglott, si gɔme Benjamin Wilson ɖe (1864)

The Epistles of Paul in Modern English, si gɔme George Barker Stevens ɖe (1898)

St. Paul’s Epistle to the Romans, si gɔme W. G. Rutherford ɖe (1900)

The Christian’s Bible—New Testament, si gɔme George N. LeFevre ɖe (1928)

The New Testament Letters, si gɔme J.W.C. Wand, London Bisiɔp ɖe (1946)

Nyitsɔ laa la, New Living Translation Biblia gɔmeɖeɖe si le ame geɖewo si la ƒe ƒe 2004 ƒe tata gblɔ nya sia le eƒe ŋgɔdonya ƒe tanya sue si nye, “Ale Si Woɖe Mawu Ƒe Ŋkɔawo Gɔme” me be: “Míeɖe ŋɔŋlɔdzesi eneawo (YHWH) gɔme be ‘AƑETƆ’ le teƒe siwo katã wòdze le, eye míeŋlɔe kple ŋɔŋlɔdzesi gã siwo melolo tututu o abe ale si Eŋlisiawo ƒe gbegɔmeɖelawo lɔ̃a wɔwɔ ene. Esia ana wòato vovo tso ŋkɔ ʹadonai, si gɔme míeɖena be ‘Aƒetɔ’ la gbɔ.” Emegbe agbalẽ sia gblɔ tso Nubabla Yeyea ŋu be: “Míeɖe Helagbe me nya kurios gɔme be ‘Aƒetɔ’ le teƒe siwo katã wòdze le, gake míeɖea egɔme be ‘AƑETƆ’ le teƒe siwo katã wòdze kɔte le be woyɔ nyawo tso Nubabla Xoxoa me, eye le afi mawo la woŋlɔe kple ŋɔŋlɔdzesi gã siwo melolo tututu o la.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Eya ta Biblia sia gɔmeɖelawo lɔ̃ ɖe edzi be, ele be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo (YHWH) nadze le nya siwo woyɔ ɖe Nubabla Yeyea me la me.

Nukutɔe la, The Anchor Bible Dictionary gblɔ le eƒe tanya sue si nye “Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Le Nubabla Yeyea Me” me be: “Kpeɖodzi aɖewo li be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, si nye Mawu Ƒe Ŋkɔ, Yahweh, la dze le mawunyakpukpui siwo woyɔ tso N[ubabla] X[oxoa] me ɖe N[ubabla] Y[eyea] me la dometɔ aɖewo alo wo katã me esime N[ubabla] Y[eyea] ƒe agbalẽawo ŋlɔlawo ŋlɔ wo kple asi le gɔmedzedzea me.” Agbalẽnyala George Howard gblɔ be: “Esi Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo gakpɔtɔ nɔ Hela Biblia [Septuagint] si nye Ŋɔŋlɔ siwo nɔ blema sɔlemeha la si me ta la, susu le eme be woaxɔe ase be esime N[ubabla] Y[eyea] ŋlɔlawo yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me la, woŋlɔ Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo ɖe Biblia la me.”

Susu Vevi Eve Aɖewo

Eya ta eme kɔ ƒãa be menye Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe lae nye Biblia gbãtɔ si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le le Nubabla Yeyea me o. Abe ale si ʋɔnudrɔ̃la aɖe si si wòbia tso be wòatso nya me le ʋɔnudrɔ̃ƒe ku ɖe nya aɖe si teƒekpɔlawo megale agbe o ŋu awɔe ene la, Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖekɔmiti la da kpeɖodzi vevi siwo katã li la kpɔ nyuie. Wonɔ te ɖe kpeɖodzi sẽŋuwo dzi tso nya me be yewoazã Yehowa ƒe ŋkɔa le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me le yewoƒe Biblia gɔmeɖeɖea me. Kpɔ susu vevi eve siwo tae wowɔe alea ɖo la ɖa.

(1) Gbegɔmeɖelawo xɔe se be esi wònye be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo nye agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me, eye woŋlɔ wo kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ŋu ta la, gɔmesese mele ale si Yehowa ƒe ŋkɔa bu kpata le wo me nenema la ŋu o.

Nu ka tae esia nye nyataƒoƒo si sɔ? Le ƒe alafa gbãtɔ Mia Ŋɔli ƒe domedome la, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ na hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la be: “Simeon gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.” (Dɔwɔwɔwo 15:14) Èsusu be susu le eme be Yakobo nagblɔ nya ma nenye be ame aɖeke menya Mawu ƒe ŋkɔa alo zãnɛ le ƒe alafa gbãtɔ me oa?

(2) Esime woke ɖe Septuagint gɔmeɖeɖe siwo me wozã Mawu ƒe ŋkɔa le ke menye Kyʹri·os (Aƒetɔ) o ŋu la, gbegɔmeɖelawo va kpɔe be le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Mawu ƒe ŋkɔa nɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe tata gbãtɔ siwo nɔ Helagbe me—kple esiwo nɔ Hebrigbe me hã—la me.

Edze ƒãa be, bubumademade Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ƒe nuwɔna si nye Mawu ƒe ŋkɔa ɖeɖeɖa le Hela sinuŋɔŋlɔgbalẽwo me nye nuwɔna aɖe si wova to vae emegbe. Nu kae nèsusu tso nuwɔna sia ŋu? Ðe Yesu kple eƒe apostoloawo ade nuwɔna sia dzia?—Mateo 15:6-9.

Yɔ “Yehowa Ƒe Ŋkɔ La”

Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ ɖee fia ɖikekemanɔmee be Kristotɔ gbãtɔawo zã Yehowa ƒe ŋkɔa le woƒe nuŋlɔɖiwo me ŋutɔŋutɔ, vevietɔ le afi siwo woyɔ nya tso Nubabla Xoxoa ƒe teƒe siwo Mawu ƒe ŋkɔa dze le me. Eya ta ɖikeke mele eme o be kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔmeɖelawo si siwo tae wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa de Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me ɖo.

Aleke nyatakaka sia ka wòe? Apostolo Paulo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me hegblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” Eye wòbia yi edzi be: “Aleke woawɔ ayɔ ame si dzi womexɔ se o la? Eye aleke woawɔ axɔ ame si ŋu nya womese kpɔ o la dzi ase?” (Romatɔwo 10:13, 14; Yoel 3:5) Biblia gɔmeɖeɖe siwo zã Mawu ƒe ŋkɔ le teƒe siwo wòsɔ le la akpe ɖe ŋuwò be nàte ɖe Mawu ŋu. (Yakobo 4:8) Vavãe, bubu gã aɖee wònye na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míenya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, si nye Yehowa, hezãnɛ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, siwo nye YHWH la, tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔ la le Hebrigbe me. Woɖea egɔme zi geɖe le Eʋegbe me be Yehowa alo Yahweh.

^ mm. 7 Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever (Le nom divin qui demeure à jamais), si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 23-27 hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si esia dzɔe ŋu.

[Aɖaka si le axa 21]

GBE 99 SIWO ME WOÐE ŊƆŊLƆDZESI ENEAWO GƆME ÐE WO DEGBEWO ME LE NUBABLA YEYEA ME

CHIHOWA: Choctaw

IÁHVE: Portuguese

IEHOUA: Mer

IEHOVA: Gilbertese; Hawaiian; Hiri Motu; Kerewo; Kiwai; Marquesas; Motu; Panaieti (Misima); Rarotongan; Tahitian; Toaripi

IEHOVAN: Saibaix

IEOVA: Kuanua; Wedau

IHOVA: Aneityum

IHVH: French

IOVA: Malekula (Kuliviu); Malekula (Pangkumu); Malekula (Uripiv)[8]

JAHOWA: Batak-Toba

JAHUÈ: Chacobo

JAKWE: (Ki)Sukuma

JAHVE: Hungarian

JEHOBA: Kipsigis; Mentawai

JEHOFA: Tswana

JEHOVA: Croatian; German; Kélé (Gabon); Lele (Manus Island); Nandi; Nauruan; Nukuoro

JEHOVÁ: Spanish

JEHÔVA: Fang; Tsimihety

JEHOVAH: Dutch; Efik; English; Kalenjin; Malagasy; Narrinyeri; Ojibwa

JEOVA: Kusaie (Kosraean)

JIHOVA: Naga (Angami); Naga (Konyak); Naga (Lotha); Naga (Mao); Naga (Ntenyi); Naga (Sangtam); Rotuman

JIOUA: Mortlock

JIOVA: Fijian

JIWHEYẸWHE: Gu (Alada)

SIHOVA: Tongan

UYEHOVA: Zulu

YAHOWA: Thai

YAHVE: Ila

YAVE: Kongo

YAWE: Bobangi; Bolia; Dholuo; Lingala; Mongo (Lolo); (Lo)Ngandu; (Lo)Ntumba; (Ke)Sengele

YEHÓA: Awabakal

YEHOFA: Southern Sotho

YEHOVA: Chokwe; Chuana (Tlapi); (Ki)Kalanga; Logo; Luba; Lugbara; (Chi)Luimbi; (Chi)Lunda (Ndembu); (Chi)Luvale; Santo (Hog Harbor); Tiv; Umbundu; (Isi)Xhosa

YEHOVAH: Bube; Mohawk; Nguna (Efate); Nguna

YEHOWA: Ga; Laotian; (Ki)Songe; Tshiluba

YEKOVA: Zande

YEOBA: Kuba (Inkongo)

YEOHOWA: Korean

YHWH: Hebrew

YOWO: Lomwe

ZAHOVA: Chin (Haka-Lai)

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

GBEGƆMEÐELA AÐE SI DE BUBU MAWU ƑE ŊKƆA ŊU

Le November 1857 me la, Hiram Bingham II, si nye mawunyadɔgbedela aɖe si xɔ ƒe 26 la, kple srɔ̃a wova ɖo Gilbert Ƒukpowo (si woyɔna be Kiribati fifia) dzi. Ðevi siwo dea Amerikatɔwo ƒe Kwasiɖagbe Suku la ƒe ga vivivi si wodzɔ lae wotsɔ ƒle mawunyadɔgbedelawo ƒe tɔdziʋu si wotsɔ zɔ mɔ siae la. Tɔdziʋua ƒlelawo na ŋkɔe be Morning Star (ŋdiɣletivi) tsɔ ɖe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si gbɔna ƒe dzixɔse si nɔ wo si la fia.

Barrie Macdonald gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Cinderellas of the Empire me be: “Bingham nye ame aɖe si ŋu lãmesẽ menɔ tututu o. . . . Dɔmedɔ ɖea fu nɛ enuenu, eye vehlo me dɔléle aɖe na be metea ŋu ƒoa nu le dutoƒo o; ŋku ɖea fu nɛ ale gbegbe be gaƒoƒo eve alo etɔ̃ koe wòtea ŋu tsɔ xlẽa nu le ŋkekea me.”

Ke hã, Bingham ɖoe kplikpaa be yeasrɔ̃ Gilbertgbe. Esia menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Le gɔmedzedzea me la, efiaa asi nuwo eye wòbiaa wo ŋkɔ. Esi wòƒo gbe ma me nya akpe eve aɖewo nu ƒu vɔ la, exea dɔlar ɖeka na ame aɖe, si wògblɔ mawunya na wòtrɔ dzi me la, ɖe nya yeye alafa ɖeka ɖe sia ɖe si wòakpɔ akpe esiawo ŋu la ta.

Nu nyuiwo do tso Bingham ƒe kutrikukua me. Hafi wòava hiã be Bingham nadzo le Gilbert Ƒukpowo dzi le ƒe 1865 me le eƒe dɔléle si nɔ gã dom ɖe edzi ta la, eto Gilbertgbeŋɔŋlɔ vae, eye wòɖe Mateo kple Yohanes ƒe agbalẽawo gɔme ɖe Gilbertgbe me hã. Esime wòtrɔ gbɔ va ƒukpoawo dzi le ƒe 1873 me la, etsɔ Nubabla Yeye bliboa si gɔme wòɖe ɖe Gilbertgbe me la ɖe asi vae. Eku kutri ƒe 17 bubuwo, eye kaka ƒe 1890 naɖo la, ewu Gilbertgbe me Biblia bliboa ƒe gɔmeɖeɖe nu.

Wogakpɔtɔ le Biblia si gɔme Bingham ɖe la zãm le Kiribati va se ɖe egbe. Ame siwo xlẽa gɔmeɖeɖe ma ate ŋu ade dzesii be ezã Yehowa ƒe ŋkɔ (Iehova le Gilbertgbe me) zi akpe geɖewo le Nubabla Xoxoa me, eye wòzãe zi 50 le Nubabla Yeyea me. Gbegɔmeɖela aɖe si de bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋue Hiram Bingham nye vavã!

[Nɔnɔmetatawo]

Hiram Bingham II

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foto siwo le etame tso Alfred M. Bingham ƒe agbalẽ me: “The Tiffany Fortune”

[Nɔnɔmetatawo]

Bingham Ƒe Gilbertgbe Me Biblia

[Chart/​Pictures on page 18, 19]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

200

5 MOSE 6:4

NASH PAPYRUS

Ƒe alafa evelia alo gbãtɔ D.M.Ŋ.

[Nɔnɔmetata]

Blema Hebrigbe me nuŋlɔɖi aɖe si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le zi eve

AGBALẼ KAKƐ AÐE SI DZI 5 MOSE 18:15, 16 ME NYAWO LE P. FOUAD INV. 266

Ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ.

Helagbe Me Septuagint gɔmeɖeɖe si me Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesi ŋlɔ la dze le

D.M.Ŋ.

M.Ŋ.

100

300

400

5 MOSE 18:15, 16

ALEXANDRINUS BLEMASINUŊƆŊLƆGBALẼ

Ƒe alafa 5 lia M.Ŋ.

[Nɔnɔmetata]

Mawu ƒe ŋkɔ si woɖe ɖa hetsɔ K̇Ċ kple KY, siwo nye Helagbe me nya Kyʹri·os (“Aƒetɔ”) ƒe ŋɔŋlɔ kpuiwo la, ɖɔ li

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From The Codex Alexandrinus in Reduced Photographic Facsimile, 1909, by permission of the British Library

500

 

1900

1950

DƆWƆWƆWO 3:22, YƆ NYA TSO 5 MOSE 18:15 ME

XEXE YEYE GƆMEÐEÐE

Ƒe alafa 20 lia M.Ŋ.

[Nɔnɔmetata]

“Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe” la gbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo eteƒe

2000

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Mawu ƒe ŋkɔa abe ale si wòdze le Romatɔwo 10:13 le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me ene

Hutter Ƒe Biblia Si Le Hebri, Hela, Latin, Kple Germanygbe me

Rotuman Biblia

Batak-toba Biblia

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe