Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzeɖoɖo Kple Sɔhɛwo

Dzeɖoɖo Kple Sɔhɛwo

Nu Vevi Siwo Naa Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Dzeɖoɖo Kple Sɔhɛwo

“Tsã la, dzeɖoɖo kple vinyeŋutsua nɔna bɔbɔe, gake fifia exɔ ƒe 16, eye esesẽna na mía kple srɔ̃nye be míanya nu si le eƒe susu me. Eɖea eɖokui ɖe aga henɔa xɔ me, eye ƒãa hafi wòɖoa dze kpli mí!”—MIRIAM, MEXICO.

“Ɣeaɖeɣi va yi la, vinyewo dina vevie be yewoase nya sia nya si magblɔ na yewo la. Ðeke metoa wo ŋu o! Egbea la, wozu ƒewuiviwo, eye wosusuna be nyemate ŋu ase yewoƒe nyawo gɔme o.”—SCOTT, AUSTRALIA.

NE ÈNYE dzila aɖe si si sɔhɛwo le la, anɔ eme be àse ale si dzila siwo ƒe nya míegblɔ fifi laa la se le wo ɖokuiwo me la gɔme. Tsã la, dzeɖoɖo kple viwòwo zɔna miɔɔ, abe ale si ʋuwo zɔna tẽe le mɔgã gbadzaawo dzii ene. Fifia ɖeko wòdze abe ɖe woxe mɔa ene. Angela si nye vidada aɖe si le Italy gblɔ be: “Esime vinyeŋutsu nye ɖevi la, elɔa nyabiasewo kɔna ɖe dzinye gleglegle. Gake fifia ya la, nye koe doa dzeɖoɖoa ɖa. Ne nyemedoe ɖa o la, ŋkeke geɖewo ate ŋu ava yi si míaɖo dze gbagbe aɖeke o.”

Abe Angela ene la, ɖewohĩ ède dzesii be viwò si lɔ̃a dzeɖoɖo tsã la, va zu sɔhɛ aɖe si nɔa anyi kpoo, eye megakɔa mo ɖe ame o. Àdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖo dze kplii, gake ɖeko wòanɔ wò nyawo ŋu ɖom ɖewoɖewoe. Ne èbia viwòŋutsu be: “Alekee nye ŋkekea?” Ðeko wòaɖo eŋu kpuie be: “Enyo.” Ne èbia viwònyɔnu be: “Nu kawoe yi edzi le suku egbea?” Aɖo eŋu ɖekematsɔlemetɔe be: “Naneke medzɔ o.” Ne èdze agbagba be yeana wòagblɔ nya bubuwo akpee hebiae be, “Nya aɖeke megale asiwò oa?” la, ke azi kpi kura.

Ke hã, dzeɖoɖo mesesẽna na sɔhɛ aɖewo kura o. Gake menye nya siwo wo dzilawo dina be yewoase lae wogblɔna o. Edna si nye vidada aɖe le Nigeria gblɔ be, “Zi geɖe la, ne medɔ dɔ vinyenyɔnu la, ɖeko wògblɔna be: ‘Ðe asi le ŋunye.’” Ramón, si le Mexico, hã de dzesi nɔnɔme sia tɔgbi le viaŋutsu si xɔ ƒe 16 la ŋu. Egblɔ be: “Míehea nya gbe sia gbe kloe. Ɣesiaɣi si mebia tso esi be wòawɔ nane nam la, etea taflatsɛdodo.”

Agbagbadzedze be woaɖo dze kple sɔhɛ aɖe si metsɔ ɖeke le dzeɖoɖo me o ate ŋu ate ɖe dzilawo dzi vevie. Biblia gblɔ be, ‘Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.’ (Lododowo 15:22) Anna, si nye dzilaɖekɛ aɖe si le Russia la, gblɔ be, “Ne nyemenya nu si le vinyeŋutsu ƒe susu me o la, dzi kuam ale gbegbe be ɖeko medina be mado ɣli.” Nu ka tae ɣeyiɣi si me wòhiã vevie wu be sɔhɛwo kple wo dzilawo naɖo dze mee wòdzena abe ɖe dzeɖoɖo ƒe ŋutete bu ɖe sɔhɛwo kple dzilawo siaa ene?

Dzesidede Mɔxeɖenuawo

Dzeɖoɖo yi ŋgɔ wu nuƒoƒo dzro ko. Yesu gblɔ be, “Nya si wu ame ƒe dzi la, eyae eƒe nu gblɔna.” (Luka 6:45) Eya ta to dzeɖoɖo nyuie me la, míesrɔ̃a nu tso ame bubuwo ŋu, eye míeɖea nu siwo le míaƒe dzi me la gblɔna. Ate ŋu asesẽ na sɔhɛwo ya be woagblɔ woƒe dzimenyawo, elabena ne ɖeviwo te sɔhɛ me ɖoɖo la, wo dometɔ siwo nu dzeɖoɖo vivina gɔ̃ hã ava nɔ ŋu kpem. Eŋununyalawo gblɔ be zi geɖe la, sɔhɛwo susuna ɣesiaɣi be ɖeko wòle abe yewotɔ ɖe fefewɔƒe aɖe, amewo katã fɔ ŋku ɖe yewo dzi dzoɣlii, eye woda akaɖi si le keklẽm ŋutɔ la ɖe yewo dzi ene. Le esi teƒe be woadze ŋgɔ akaɖia la, sɔhɛ siwo ŋu kpena la hea dometsovɔa tsɔ ɣlaa wo ɖokuiwo, eye wobena ɖe teƒe aɖe si wo dzilawo mate ŋu age ɖo bɔbɔe o la le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.

Nu bubu aɖe si hã ate ŋu axe mɔ na dzeɖoɖoe nye ale si sɔhɛwo dina be yewoanɔ yewo ɖokuiwo si. Màte ŋu aƒo asa na esia o—viwòa le tsitsim, eye tsitsi ƒe akpa aɖee nye be ame nanɔ eɖokui si. Gake esia mefia be viwò sɔhɛa su te adzo aɖanɔ eɖokui si o. Le wo katã me la, viwòa hiã wò kpekpeɖeŋu fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Gake ɖokuisinɔnɔ dzea egɔme vivivi tso ɣeyiɣi aɖe va se ɖe esime ame zu ame tsitsi. Sɔhɛ geɖewo dina be yewoabu nuwo ŋu le yewo ɖokuiwo si hafi ava ɖe wo agblɔ na ame bubuwo, eye esia nye ale si wotsina vivivi la ƒe akpa aɖe.

Zi geɖe la, sɔhɛwo meɣlaa woƒe nyawo ɖe wo hatiwo o—abe ale si Jessica, si nye vidada aɖe si le Mexico la, de dzesii ene. Egblɔ be: “Esime vinyenyɔnu nye ɖevi la, eva gblɔa eƒe kuxiwo nam ɣesiaɣi. Gake fifia ya la, eɖoa ta exɔlɔ̃wo gbɔ.” Ne ele alea le viwò sɔhɛ gome la, mègaƒo nya ta be ɖe wògbe ye o. Numekukuwo ɖee fia be sɔhɛwo dea bubu wo dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu wu wo xɔlɔ̃wo tɔwo, ne woawo ŋutɔwo gblɔna be mele alea o hã. Ke aleke nàwɔ ana be dzeɖoɖo ƒe ʋɔtrua nanɔ ʋuʋu ɖi?

Nu Vevi Siwo Nana Wokpɔa Dzidzedze—Mɔxenuwo Ðeɖeɖa

Tsɔe be yele ʋu kum le mɔgã aɖe si le tẽe la dzi. Èku ʋua hena kilometa gbogbo aɖewo, ke hã, ɖeko wòhiã be nànɔ ʋua ƒe kuɖɔɖotia trom vivivi. Kasia nàkpɔ la, mɔa xa zi ɖeka. Be wò ʋua nagatra ɖa le mɔa dzi o la, ahiã godoo be nàtro ʋua ƒe kuɖɔɖotia aɖo ta afi si mɔa xa ɖo tae. Nenema kee wònɔna ne viwò tsi va zu sɔhɛ. Ƒe geɖee nye esia la, asitɔtrɔ suesuesue aɖewo koe ɖewohĩ wòhiãna be nàwɔ le mɔ siwo nu nèhea viwòwo le la ŋu. Fifia esi viwòa ƒe nɔnɔme trɔ kpata ta la, ele be ‘nàtro wò kuɖɔɖotia aɖo ta afi si mɔa xa ɖo ta’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, to asitɔtrɔwɔwɔ le mɔ siwo nu nèhea viwòa le la ŋu. Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò.

‘Ne vinye le klalo be yeaƒo nu nam la, ɖe nye hã menɔa klalo be maɖo dze kpliia?’ Biblia gblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Abe ale si mawunyakpukpui sia ɖee fia ene la, ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔwɔ nyuie ye nye nu vevitɔ. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Agbledela mate ŋu ana nuŋeɣi nava kaba alo ahee ɖe megbe o. Ðeko wòle be wòawɔ nuŋeɣia ŋu dɔ nyuie ne eva ɖo. Ɣeyiɣi aɖe koŋ anɔ anyi si me viwò sɔhɛa adi be yeaƒo nu. Wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ. Frances, vidada dzilaɖekɛ aɖe si le Australia, gblɔ be: “Zi geɖe la, vinye vaa gbɔnye le nye xɔdɔme le zã me, ɣeaɖewoɣi la, enɔa gbɔnye gaƒoƒo ɖeka blibo. Evɔ nyemelɔ̃a zã dzi nɔnɔ o, eya ta menɔa bɔbɔe nam o. Gake le zã mawo me la, míeɖoa dze tso nu sia nu ŋu.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne viwò sɔhɛ medi be yeaɖo dze o la, miwɔ nane ɖekae—miɖi tsa yi afi aɖe, kɔe ɖe ʋu me miado go, miɖe modzaka, miwɔ dɔ aɖe ɖekae le aƒea me. Zi geɖe la, sɔhɛwo lɔ̃na ɖoa dze le nɔnɔme mawo tɔgbi me.

‘Ðe mesea susu si tae wògblɔa nya aɖewo ɖo la gɔmea?’ Hiob 12:11 gblɔ be: ‘Ðe to medoa nya kpɔna, abe ale si veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene oa?’ Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be ‘nàdo’ nya siwo viwòa gblɔna la kpɔ. Zi geɖe la, sɔhɛwo gblɔa nyawo abe ɖe nenema ko wonɔna ɣesiaɣi ene. Le kpɔɖeŋu me, viwò ate ŋu agblɔ be: “Ðevi ko nèbuam ɣesiaɣi!” alo “Mèɖoa tom gbeɖe o!” Mahiã be nànɔ nya hem le nya siwo nye “ɣesiaɣi” kple “gbeɖe o” ƒe nyateƒemanyemanye ŋu o, anyo be nàde dzesii be gɔmesese bubu ate ŋu anɔ nya mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, “Ðevi ko nèbuam ɣesiaɣi” ate ŋu afia be, “Ewɔna nam abe ɖe mèkana ɖe dzinye o ene,” eye “Mèɖoa tom gbeɖe o” ate ŋu afia be, “Medi be magblɔ ale si mesena le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ la na wò.” Dze agbagba nàse susu si tae wògblɔ nya mawo ɖo la gɔme.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne viwò sɔhɛ gblɔ nya siwo nu sẽ nenema la, gblɔ nya sia tɔgbi: “Mekpɔe be èdo dziku vie, eye medi be mase nya si le asiwò. Gblɔ nu si na nèsena le ɖokuiwò me be mebua wò abe ɖevi ene la nam.” Ðo toe, eye mègatso nya le enu o.

‘Ðe mexea mɔ na dzeɖoɖo le manyamanya me le esi medzea agbagba be maƒoe ɖe vinye sɔhɛa nu be wòaƒo nu ta?’

Biblia gblɔ be: “Woƒãa dzɔdzɔenyenyeku le ŋutifafa me na ame siwo wɔa ŋutifafa.” (Yakobo 3:18) To wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me nàna ŋutifafa nanɔ aƒea me bene viwò sɔhɛ nalɔ̃ faa aɖo dze kpli wò. Ðo ŋkui be viwòa taʋlilae nènye. Eya ta ne miele nya aɖe me dzrom la, mèganɔ nu wɔm abe senyala amenutsola aɖe si le mɔnu dim be yeana ɖasefo aɖe ƒe nya nadze aʋatso le ʋɔnudrɔ̃ƒe ene o. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Ahn si le Korea gblɔ be: “Dzila nyanu megblɔna na via be, ‘Ɣekaɣi koŋ ye wò ya nàtsi,’ alo ‘Zi nenie nyemegblɔ nya sia na wò o?’” Egblɔ yi edzi be: “Esi mewɔ vodada geɖe le esia me vɔ megbe la, meva de dzesii be, menye ale si meƒoa nu na vinyeŋutsuawo koe doa dziku na wo o, ke boŋ nya si megblɔna hã le eme.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne viwò sɔhɛ meɖoa wò nyabiasewo ŋu o la, te mɔnu bubu aɖe kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi teƒe be nàbia viwònyɔnu be aleke eƒe ŋkekea yii mahã la, gblɔ ale si ŋkekea nɔ na wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be nya kae wòagblɔ hã. Be nànya viwò ƒe nukpɔsusu ku ɖe nya aɖe ŋu la, bia nya siwo meku ɖe eya ŋutɔ ŋu tẽe o lae. Biae wòagblɔ nu si exɔlɔ̃ aɖe asusu tso nya la ŋu. Emegbe biae wòagblɔ aɖaŋu si wòate ŋu aɖo na exɔlɔ̃a la na wò.

Dzeɖoɖo kple viwò sɔhɛ menye nu si manya wɔ o. Trɔ asi le wò vihehemɔnuwo ŋu be wòasɔ ɖe eƒe hiahiãwo nu. Ðo dze kple dzila bubu siwo kpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me. (Lododowo 11:14) Ne èle dze ɖom kple viwò la, ɖe ‘abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, eye nànɔ blewu le dziku me.’ (Yakobo 1:19) Ƒo wo katã ta la, yi edzi nànɔ viwò sɔhɛwo hem “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Efesotɔwo 6:4.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Tɔtrɔ kawoe mede dzesi le vinyea ŋu tso esime wòzu sɔhɛ?

▪ Mɔ kawo nue mate ŋu ana nye dzeɖoɖoŋutete nanyo ɖe edzi le?

[Aɖaka si le axa 12]

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Tso Dzilawo Gbɔ

“Vinyeŋutsu lɔ̃na ɖoa dze faa ne míele ame bubuwo gbɔ. Eya ta ne míawo ɖeɖe míeli emegbe la, meyia dzeɖoɖoa dzi kplii tso nya siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ŋu.” —ANGELA, ITALY.

“Míede dzesii be mía viwo lɔ̃a dzeɖoɖo ne míedo ŋgɔ kafu wo, eye míegblɔ ale si gbegbe míelɔ̃ woe la na wo.”—DONIZETE, BRAZIL.

“Meɖoa dze kple ame tsitsi siwo wotsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo na hehee la, eye mebiaa wo wogblɔna ale si wosena le wo ɖokuiwo me esime wonye sɔhɛwo kple kpekpeɖeŋu si wo dzilawo na wo la nam. Esia na mese nya geɖe tso sɔhɛwo ŋu.”—DAWN, BRITAIN.