Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Dotsɛ: * “Dzi dzɔ mía kple srɔ̃nye Akɔfa ŋutɔ esi míedzi mía vinyɔnuvia. Gake le ɣleti ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, nyemegatea ŋu dɔa alɔ̃ wòsuam o. Togbɔ be míedo ŋgɔ wɔ ɖoɖowo ɖe ale si míanyi ɖevia ŋu hã la, ɖeko ɖoɖoawo katã tsi akpo dzi.”

Akɔfa: “Esi míedzi mía via la, nye agbe trɔ bubui kura. Kaka makpɔ la, nonana vi, ɖevidzadzraɖo, alo vinubeble sɔŋ ko dzi menɔna gbe sia gbe. Tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu menɔ bɔbɔe nam o. Exɔ ɣleti geɖe hafi mía kple Dotsɛ dome gava nɔ abe tsã ene.”

AME geɖe alɔ̃ ɖe edzi be vidzidzi nye nu siwo hea dzidzɔ geɖe vaa aƒee la dometɔ ɖeka. Biblia gblɔ be ɖeviwo nye “fetu” tso Mawu gbɔ. (Psalmo 127:3) Dzila yeyewo, abe Dotsɛ kple Akɔfa ene, nyae hã be vidzidzi ate ŋu ahe tɔtrɔ siwo yewomele mɔ kpɔm na o ava srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Le kpɔɖeŋu me, vidada yeye ƒe susu katã ate ŋu atrɔ ɖe vidzĩa ŋu, eye wòawɔ nuku nɛ be yeƒe dzi katã va ku ɖe ɖevia ƒe nuhiahiã suesue ɖe sia ɖe gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ke vifofo yeyea ya ɖe? Ale si srɔ̃a léa be na vidzĩa etɔxɛe la teƒe kpɔkpɔ ado dzidzɔ nɛ, gake agate ŋu anɔ sesem le eɖokui me hã be ye srɔ̃ megakpɔa vovo ɖe ye ŋu o.

Le nyateƒe me la, vi gbãtɔ dzidzi tea ŋu hea xaxa aɖewo vaa srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka ate ŋu ase le eɖokui me be ye srɔ̃ metsɔ ɖeke le eme na ye o, kuxi siwo dzi woŋe aɖaba ƒui tsã la ate ŋu agado mo ɖa, eye dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ate ŋu ana nu siawo nahe kuxi geɖe ava srɔ̃ɖeɖea me.

Aleke dzila yeyewo awɔ atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le ɣleti ʋɛ siwo kplɔ vidzidzi ɖo me, si me vidzĩa gbɔ kpɔkpɔ xɔa woƒe ɣeyiɣi katã kloe le? Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be wo dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli? Aleke woakpɔ vihehe ŋuti masɔmasɔwo gbɔe? Mina míadzro kuxi siawo dometɔ ɖe sia ɖe me ne míakpɔ ale si Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woakpɔ wo gbɔe.

KUXI GBÃTƆ: Beléle na vi va xɔa ame ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ.

Beléle na vidzĩ xɔa vidadaa ƒe ɣeyiɣi kple susu katã. Ne elé be na via nyuie la, eƒe dzi dzea eme. Gake srɔ̃aŋutsua ate ŋu ase le eɖokui me be megatsɔa ɖeke le eme na ye o. Manuel, si le Brazil, gblɔ be: “Ale si srɔ̃nye ƒe susu katã va trɔ ɖe mía via ko ŋu kpata lae nye nu si tena ɖe dzinye wu. Tsã la, nye kplii koe, gake fifia ya la, woa kple ɖevia koe.” Nu kae nye kuxi sia gbɔkpɔnu?

Kuxia gbɔkpɔnu: Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo. Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme . . . media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Aleke srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu atsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe ne wodzi vi?

Srɔ̃ŋutsu si ɖɔa ŋu ɖo la aɖee afia be yelɔ̃ ye srɔ̃ to ale si wòasrɔ̃ nu tso ale si vidzidzi xɔa ŋusẽ le nyɔnu si le ŋutilã kple susu me siaa ŋu. Ne ewɔe alea la, ase nu si tae srɔ̃a ƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna kpata ɣeaɖewoɣi la gɔme. * Adam si le France, eye wònye vidzĩ si xɔ ɣleti 11 fofo la gblɔ be: “Ale si srɔ̃nye ƒe nɔnɔme trɔna kpata ɣeaɖewoɣi la nu menya nɔna nam o. Gake medzea agbagba be mana wòanɔ susu me nam be menye nye koŋ ŋue wòle dziku dom ɖo hafi o. Ke boŋ nɔnɔme yeye si me míeva le fifia ƒe nuteɖeamedziwoe le fu ɖem nɛ.”

Ðe wòdzɔna ɣeaɖewoɣi be srɔ̃wò sea agbagba siwo nèdzena be yeakpe ɖe eŋu la gɔme bubuia? Ne edzɔ nenema la, mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o. (Nyagblɔla 7:9) Ke boŋ gbɔ dzi ɖi nàdze agbagba atsɔ susu aɖo nu si aɖe vi nɛ ŋu, ke menye na wò ŋutɔ o; ema akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na dzikudodo.—Lododowo 14:29.

Nenema kee srɔ̃nyɔnu dzeaɖaŋu hã adze agbagba be yeade dzi ƒo na ye srɔ̃ wòatsɔ eƒe vifofo ƒe agbanɔamedzi yeyea nyuie. Ana eya hã nakpɔ gome le beléle na ɖevia me; atsɔ dzigbɔɖi afiae ale si wòakpɔ ɖevia gbɔ ne egblẽ go alo ale si wòado nuɖuɖu na ɖeviae, togbɔ be mawɔe nyuie le gɔmedzedzea me o hã.

Ellen, si nye vidada si xɔ ƒe 26 la, va kpɔe dze sii be ele be yeawɔ tɔtrɔ aɖewo le ale si yewɔa nu ɖe ye srɔ̃ ŋu me. Egblɔ be: “Medze agbagba be magawɔ nu abe nye ɖeka tɔe ɖevia nye ene o. Eye mesrɔ̃ ale si maŋe aɖaba aƒu vodada suesuesue siwo srɔ̃nye wɔna ne ele agbagba dzem be yeawɔ ɖe ale si mefiae be wòakpɔ ɖevia gbɔe dzi la dzi.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Srɔ̃nyɔnu, ne ale si srɔ̃wò kpɔ ɖevia gbɔ la to vovo na ale si nèwɔnɛ la, dze agbagba be màgahe nya ɖe eŋu alo agbugbɔ dɔa awɔ o. Kafui ɖe akpa si wòwɔ nyuie ta, eye ema ade dzi ƒo nɛ be wòanɔ kpekpem ɖe ŋuwò. Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, dze agbagba nàɖe nu siwo mehiã o wɔwɔ dzi akpɔtɔ bene nàkpɔ vovo akpe ɖe srɔ̃wò ŋu, vevietɔ le ɣleti ʋɛ siwo kplɔ vidzidzi ɖo me.

KUXI EVELIA: Mia kple srɔ̃wò dome megale vivim abe tsã ene o.

Zãdomadɔlɔ̃e kple vidzikpɔkpɔ me kuxi bubuwo wɔnɛ be ɖeɖi tea dzila yeyewo ŋu ale gbegbe be menɔa bɔbɔe na wo be woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu abe tsã ene o. Vivianne, si nye vidada si si ɖevi sue eve le le France, gblɔ be: “Gbã la, nye susu katã va nɔ ɖeviwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe be meŋlɔ srɔ̃nye ya be keŋkeŋ kloe.”

Nenema kee wòate ŋu adzɔ be srɔ̃ŋutsu hã naŋlɔ be be fufɔfɔ xɔ ŋusẽ le ye srɔ̃ si le ŋutilã kple seselelãme siaa gome. Beléle na vi ate ŋu axɔ ŋusẽ kple ɣeyiɣi siwo miezãna tsɔ kpɔa mia nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le seselelãme kple gbɔdɔnyawo gome tsã la le mia si. Ke nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be woƒe vidzĩ si wolɔ̃ vevie, si hiã woƒe kpekpeɖeŋu blibo, la nagade mama wo dome o?

Kuxia gbɔkpɔnu: Mide dzo miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo me. Biblia gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” * (1 Mose 2:24) Yehowa Mawu ɖoe be ɖeviwo nava dzo le wo dzilawo gbɔ gbe ɖeka. Gake Mawu ɖoe be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ya nanye ŋutilã ɖeka le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (Mateo 19:3-9) Aleke esia nyanya akpe ɖe dzila yeyewo ŋu be woada asɔ?

Vivianne, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Mede ŋugble le 1 Mose 2:24 me nyawo ŋu vevie, eye kpukpui sia na mekpɔe be mía kple srɔ̃nyee zu ‘ŋutilã ɖeka,’ ke menye mía kple vinyea ye o. Mekpɔe be ele be mawɔ nane atsɔ ade dzo yeye míaƒe srɔ̃ɖekadodoa me.” Theresa, si si vinyɔnuvi si xɔ ƒe eve le la, gblɔ be: “Ɣesiaɣi si mese le ɖokuinye me be nyemegakpɔa vovo ɖe srɔ̃nye ŋu o la, medzea agbagba enumake be matrɔ ɖe eŋu bliboe, ne anye hena ɣeyiɣi vi aɖe ko hã.”

Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ do ŋusẽ miaƒe srɔ̃ɖekadodoa? Gblɔe na srɔ̃wò be yelɔ̃e. Wɔ nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe nàtsɔ aɖo kpe edzi be yelɔ̃e vavã. Dze agbagba vevie be nàna srɔ̃wò naka ɖe edzi be èlɔ̃ ye. Sarah, si nye vidada si xɔ ƒe 30 la, gblɔ be: “Nu si koŋ nɔa vevie na srɔ̃nyɔnue nye be wòakpɔe be ye srɔ̃ gakpɔtɔ lɔ̃ ye hedea asixɔxɔ ye ŋu, togbɔ be vidzidzi na yeƒe dzedzeme megale abe tsã ene o hã.” Alan, si nye vifofo aɖe le Germany, eye viŋutsuvi eve le esi la, kpɔe dze sii be ele be yeayi edzi anɔ ye srɔ̃ ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔm nɛ. Egblɔ be: “Medzea agbagba vevie be mafa akɔ na srɔ̃nye ɣesiaɣi si nu te ɖe edzi.”

Ele eme be ne srɔ̃tɔwo dzi vi ko la, ete ŋu wɔnɛ be womegakpɔa wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le gbɔdɔnyawo gome abe tsã ene o. Eya ta ele be srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua naɖo dze tso ale si woakpɔ hiahiã sia gbɔ na wo nɔewoe ŋu. Biblia gblɔ be ne tɔtrɔ ava le ale si miekpɔa nuhiahiã sia gbɔe me la, “mi ame evea [ye alɔ̃] ɖe edzi.” (1 Korintotɔwo 7:1-5) Esia fia be ele be miaɖo dze tso eŋu. Ðewohĩ afi si wonyi wò le la ate ŋu awɔe be dzeɖoɖo tso gbɔdɔnyawo ŋu kple srɔ̃wò nasesẽ na wò vie. Gake dze siawo tɔgbi ɖoɖo le vevie le esi wòhiã be miakpɔ dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo hã gbɔ ta. Mise nu gɔme na mia nɔewo, migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo, eye miagblɔ miaƒe dzimenyawo na mia nɔewo faa. (1 Korintotɔwo 10:24) Esia awɔe be miaƒo asa na masɔmasɔwo, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo me agasẽ ɖe edzi.—1 Petro 3:7, 8.

Srɔ̃tɔwo ate ŋu ana woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo me nasẽ ɖe edzi ne woɖea ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋui la gblɔna na wo nɔewo. Srɔ̃ŋutsu nyui alɔ̃ ɖe edzi be dɔ geɖe li siwo vidada yeye wɔna siwo yemekpɔna o. Vivianne gblɔ be: “Kaka zã nado la, ɖeko wòwɔna nam abe nyemewɔ dɔ aɖeke le ŋkekea me o ene, evɔ menɔ vidzĩa ŋu dɔwo wɔm ŋkeke bliboa katã hafi!” Srɔ̃nyɔnu si ɖɔa ŋu ɖo hã akpɔ egbɔ be togbɔ be yee wɔa vidzĩa ŋu dɔ akpa gãtɔ hã la, ele be yeakpɔ ŋudzedze ɖe akpa si ye srɔ̃ hã wɔna tsɔ kpea asi ɖe ƒomea ŋu la ŋu.—Lododowo 17:17.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne vidadae nènye la, ekema ne anya wɔ la, mlɔ anyi nàɖi ɖe eme vie ne vidzĩa dɔ alɔ̃. Ðiɖi ɖe eme vie alea ana be ɖeɖi mate ŋuwò nàdo kpo vovokpɔkpɔ ɖe srɔ̃wò ŋu o. Ne vifofoe nènye la, ekema ne anya wɔ la, fɔ nàna nuɖuɖu ɖevia alo nàkpɔ egbɔ ne ede nugodo, ale be srɔ̃wò naɖi ɖe eme nyuie. Nɔ lɔlɔ̃nya kpuiwo ŋlɔm ɖi na srɔ̃wò, nɔ nyatakakawo ɖom ɖee to asitelefon dzi, alo nànɔ ka ƒom nɛ edziedzi atsɔ aka ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e vavã. Midi ɣeyiɣi miaɖo srɔ̃ kple srɔ̃ dze; miaɖo dze tso mia nɔewo ŋu, ke menye vidzĩa ŋu o. Dze agbagba be nàna mia kple srɔ̃wò dome nanɔ kplikplikpli, esia ana wòanɔ bɔbɔe na mi be miakpɔ kuxi siwo doa mo ɖa le vihehe me la gbɔ nyuie.

KUXI ETƆ̃LIA: Miaƒe susu mewɔ ɖeka le vihehe nyawo me o.

Ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔwo ƒe susu mawɔ ɖeka le nu geɖe me o le esi wònye teƒe vovovoe wonyi wo le ta. Kuxi sia ɖe fu na atsu kple asi aɖe le Japan; nyɔnua ŋkɔe nye Asami eye srɔ̃a ŋkɔe nye Katsuro. Asami gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be Katsuro wɔa vi na mía vinyɔnua akpa, evɔ eya hã gblɔna be mewɔa ŋlɔmi le eŋu akpa.” Nu kae ana miaƒe nu nasɔ le mia viwo hehe me?

Kuxia gbɔkpɔnu: Miɖo dze kple mia nɔewo eye miawɔ nu aduadu. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Dzre koe ɖokuiŋudzedze hena vanɛ, ke nunya le ame siwo léa nya kpɔ kple wo nɔewo la dome.” (Lododowo 13:10, NW) Nu kae nènya tso ale si srɔ̃wò adi be miahe mia viwoe ŋu? Ne mielala be yewoadzi vi hafi aɖo dze tso vihehe nyawo ŋu la, ke ate ŋu ava dzɔ be mianɔ nya hem kple mia nɔewo le esi teƒe be miakpɔ kuxi si do mo ɖa gbɔ.

Le kpɔɖeŋu me, ɖe mieɖo dze tso nya siwo gbɔna la dometɔ aɖe ŋu xoxoa: “Aleke míafia mía via ale si wòaɖu nu nyuie kple ale si wòamlɔ anyi nyuie? Ɣesiaɣi si ɖevia fa avi le zã mee wòle be míakɔea? Aleke míafia aɖuɖɔze nu nɔnɔ ɖevia, eye ne míefiae vɔ tso wògava gblẽ go ɖe, aleke míawɔ nu ɖe eŋu?” Nyametsotso siwo miawɔ le nya siawo ŋu la ato vovo na srɔ̃tɔ bubuwo tɔ godoo. Ethan, si nye vifofo si si vi eve le la, gblɔ be: “Ele be mialé nyawo akpɔ kple mia nɔewo hafi miaƒe susu nawɔ ɖeka. Esia awɔe be miawɔ nu aduadu le ɖevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me.”

TE MƆNU SIA KPƆ: De ŋugble le vihehe ƒe mɔnu siwo ŋu dɔ dziwòlawo wɔ esime nènɔ ɖevime la ŋu. Kpɔe ɖa be woƒe nɔnɔme kple nuwɔna kawo ŋu dɔe nàdi be yeawɔ le ye viwo nyinyi me hã. Kpɔe ɖa hã be woƒe nɔnɔme kple nuwɔna kawoe nàdi be yeaƒo asa na hã. Azɔ ƒo nu tso eŋu na srɔ̃wò.

Vidzidzi Ate Ŋu Ahe Tɔtrɔ Nyuiwo Ava Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Ne ame eve le ɣeɖuɖu srɔ̃m la, ebia ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi hafi woate ŋu aɖu ɣea wòanya kpɔ. Nenema kee ebia ɣeyiɣi be miate ŋu atrɔ ɖe dzilanyenye ƒe agbanɔamedzi yeyeawo ŋu. Ke hã, vivivi la, ava ma mi nyuie.

Ne miedzi vi la, mia kple srɔ̃wò miagate ŋu awɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu abe tsã ene pɛpɛpɛ gbeɖe o, eye esia ate ŋu ado ale si mieɖoe kplikpaa be yewoayi edzi aku ɖe mia nɔewo ŋu la akpɔ. Ke hã, vidzidzi ana mɔnukpɔkpɔ mi be miatu nɔnɔme nyui aɖewo ɖo. Ne mietsɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me wɔ dɔe la, nuwo anɔ na mi abe ale si wònɔ le vifofo aɖe si ŋkɔe nye Kenneth gome ene. Egblɔ be: “Vihehe na mía kple srɔ̃nye míetu nɔnɔme nyui geɖewo ɖo. Míesrɔ̃ ale si míanye ɖokuitɔmadilawo, ame siwo lɔ̃a ame hesea nu gɔme na ame.” Esiawoe nye tɔtrɔ nyui siwo vidzidzi ate ŋu ahe ava srɔ̃ɖegbenɔnɔ me la dometɔ aɖewo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati sia me.

^ mm. 11 Blanuiléle vi aɖe tea ŋu ɖea fu na nyɔnu geɖe le kwasiɖa ʋɛ siwo kplɔ vidzidzi ɖo me. Blanuiléledɔ si nu sẽna, si woyɔna be vidzidzi megbe blanuiléledɔ, tea ŋu ɖea fu na wo dometɔ aɖewo hã. Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubu siwo ku ɖe ale si woate ŋu akpɔ lãmesẽkuxi siawo adze sii kple ale si woakpɔ wo gbɔe ŋu la le nyati siwo nye “Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi,” si dze le August 8, 2002 ƒe Nyɔ! me [yevugbe me tɔ, July 22], kple “Vidzidzi Megbe Blanuiléle Gɔme Sese,” si dze le June 8, 2003, ƒe yevugbe me Nyɔ! me la me. Àte ŋu akpɔ nyati siawo axlẽ le www.watchtower.org nyatakakadzraɖoƒea hã.

^ mm. 19 Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le 1 Mose 2:24 be ‘woaku ɖe ame ŋu’ la fia be ‘woayi edzi alɔ̃e ahawɔ nuteƒe nɛ ɖaa.’

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Nu kae mewɔ le kwasiɖa si va yi me tsɔ ɖee fia srɔ̃nye be mekpɔa ŋudzedze ɖe akpa si wòwɔna le ƒomea me ŋu?

▪ Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si mena mía kple srɔ̃nye míeɖo srɔ̃ kple srɔ̃ dze, eye míetsɔ vihehe nya aɖeke de dzeɖoɖoa me o?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]