Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

“Nyea Nyemaŋlɔ Wò Be O!”

“Nyea Nyemaŋlɔ Wò Be O!”

ÐE Yehowa tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo vavã? Nenye nenemae la, ekema aleke gbegbee wòtsɔ ɖe le eme na míi? Mɔ ɖeka ko dzie míate ŋu ato akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo. Eyae nye to nu si Mawu ŋutɔ ɖe fia le Biblia me dzi. Yehowa ɖe ale si wòsena le eɖokui me la fia kɔtɛ le Biblia me. Na míadzro Yesaya 49:15 me nyawo me akpɔ.

Yehowa to Yesaya dzi wɔ kpɔɖeŋu aɖe si wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ la tsɔ ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na eƒe amewoe la fia. Gbã la, ebia nya aɖe si nana wobua tame. Ebia be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua?” Ne èxlẽ nya sia zi gbãtɔ la, adze abe ŋuɖoɖoa dze ƒãa xoxo ene. Aleke vidada aŋlɔ eƒe vidzĩ be? Vidadaa koe wɔa nu sia nu na vidzĩa zã kple keli, eye ne vidzĩa di be woakpɔ ye gbɔ la, enana dadaa nyana! Gake nya si Yehowa bia la lɔ nu geɖe wu ɖe eme.

Nu ka tae vidada léa be na via hekpɔa eƒe hiahiã ɖe sia ɖe gbɔ? Be wòadzudzɔ avifafa ta koea? Ao. Le dzɔdzɔme nu la, vidada ƒe dɔme trɔna ɖe “eƒe dɔmevi” ŋu. Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘dɔme natrɔ’ la fia be “woakpɔ nublanui.” (2 Mose 33:19; Yesaya 54:10) Hebrigbe me nya sia ate ŋu afia be ame nase veve ɖe wɔnamanɔŋutɔ nu. Dɔmetɔtrɔ ƒe seselelãme si nɔa vidada si na eƒe vidzĩ la nu sẽ ale gbegbe.

Gake nublanuitɔe la, menye vidada ɖe sia ɖe ƒe dɔmee trɔna ɖe via si dina vevie be yeano eƒe no la ŋu o. Yehowa gblɔ be: “Nyɔnu siawo ate ŋu aŋlɔe be.” Xexe sia me ŋutsu kple nyɔnu geɖe nye “ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (2 Timoteo 3:1-5) Míesena ɣeaɖewoɣi be vidada aɖewo metsɔa ɖeke le eme na woƒe vidzĩ kokoewo o, wowɔa ŋlɔmi le wo ŋu, alo gblẽa wo ɖi gɔ̃ hã. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Yesaya 49:15 ŋu be: “Nuvɔ̃mewoe vidadawo hã nye, eye ɣeaɖewoɣi la, vɔɖivɔ̃ɖi tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe lɔlɔ̃ dzi. Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si le amegbetɔ si la gɔ̃ hã ate ŋu ado kpo nu.”

Gake Yehowa ka ɖe edzi na míawo ya be: “Nyea nyemaŋlɔ wò be o!” Gɔmesese si le nya si Yehowa bia le Yesaya 49:15 la me le kɔkɔm azɔ. Vovototo si le Yehowa kple vidada ƒe nuwɔna dome la koŋ ŋue nyaa ku ɖo. Yehowa mele abe vidada madeblibo siwo ƒe dɔme metrɔna ɖe woƒe vidzĩ kokoewo ŋu ɣeaɖewoɣi o la ene o. Madzɔ gbeɖe be Yehowa naŋlɔ be be yeaɖe dɔmetɔtrɔ afia ye subɔla siwo le hiã me o. Eya ta esɔ be numekugbalẽ ma gblɔ ku ɖe Yesaya 49:15 ŋu be: “Le nya siwo wotsɔ ɖɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ le Nubabla Xoxoa me dome la, esiae anya de to wu ɖe sia ɖe.”

Ðe “mía Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ gã” sia mefaa akɔ na mí oa? (Luka 1:78) Ðe manyo be nàsrɔ̃ nu tso ale si nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli ŋu oa? Lɔlɔ̃ ƒe Mawu sia ka ɖe edzi na esubɔlawo be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le February me:

Yesaya 43-62