Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ne Viwò Sɔhɛ Melɔ̃ Ðe Wò Dzixɔsewo Dzi O

Ne Viwò Sɔhɛ Melɔ̃ Ðe Wò Dzixɔsewo Dzi O

Ne ɖeviwo le tsitsim la, wo dometɔ geɖe tianɛ be yewoanɔ subɔsubɔha si me yewo dzilawo le la me. (2 Timoteo 3:14) Gake mele alea le wo dometɔ aɖewo gome o. Nu kae nàte ŋu awɔ ne viwò sɔhɛ melɔ̃ ɖe wò dzixɔsewo dzi o? Nyati sia adzro ale si Yehowa Ðasefowo kpɔa nya sia gbɔe me.

“Nyemegadi be manɔ subɔsubɔha si me dzinyelawo le la me azɔ o. Emenɔnɔ tim.”—Cora, exɔ ƒe 18. *

ÈKA ɖe edzi be subɔsubɔha si me nèle la fiaa Mawu ŋuti nyateƒea. Èxɔe se be Biblia fiaa mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo la mí. Eya ta esɔ be nàdi vevie be yeaƒã nu siwo dzi nèxɔ se la ɖe viwòa me. (5 Mose 6:6, 7) Ke ne edzɔ be viwòa megava le ɖeke tsɔm le mawusɔbɔsubɔ me esime wòle tsitsim o ya ɖe? Ke ne eva le tsitre tsim ɖe xɔse si ŋu wòtsɔ dzo ɖo vevie esime wònye ɖevi la ŋu ya ɖe?—Galatiatɔwo 5:7.

Ne esia dzɔ ɖe dziwò la, mègasusu be ɖe yemenye dzila Kristotɔ nyui o tae o. Nu bubu aɖewo gbɔe wòate ŋu atso, abe ale si míava kpɔe ene. Ke nya esia bena: Ne viwòa ƒo nu tsi tre ɖe wò dzixɔsewo ŋu la, ale si nàwɔ nui la ate ŋu ana wòava lɔ̃ ɖe wò dzixɔsewo dzi loo alo wòagbe wo. Ne èkpe dzre kple viwòa le nya sia ta la, ke àva nɔ avu sesẽ aɖe wɔm kplii, eye ànɔ abe ame si le tsi kɔm ɖe kpe dzi ko ene.—Kolosetɔwo 3:21.

Anyo sãsãsã wu ne èwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi. Eŋlɔ bena: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ ele be wòafa tu na amewo katã, wòanya nufiafia, wòaɖu eɖokui dzi.” (2 Timoteo 2:24) Ne viwò melɔ̃ ɖe wò dzixɔsewo dzi o la, aleke nàɖee afia be ‘yenya nufiafia’?

Wɔ Gɔmesese Ŋu Dɔ

Gbã la, dze agbagba be nàse nu si gbɔ wòtso be viwòa ƒe susu trɔ la gɔme. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ðe wòtsi akogo alo be xɔlɔ̃woe mele esi le Kristo hamea me o taea? “Esi medi be madze xɔ̃wo ta la, medze xɔlɔ̃ nye sukuhatiwo, si wɔe be ƒewo va yi esime mía kple Yehowa dome megava nɔ kplikplikpli o. Hadede vɔ̃wo koŋue wɔe be nyemegava tsɔ ɖe le nye mawusubɔsubɔ me o, eye mesea veve egbea ɖe nu siwo me meto va yi ta.”—Lenore, exɔ ƒe 19.

  • Ðe wòsesẽna nɛ be wòaƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu le esi dzi mele eƒo o ta? “Esime menɔ suku la, esesẽna nam be maƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu na nye sukuhatiwo. Menɔ vɔvɔ̃m be woabum ame sagae alo ‘Biblia tɔ.’ Sukuviawo ɖea ame sia ame si to vovo la ɖa le ha me, eye nyemedi be woawɔ nu ɖe ŋunye nenema o.”—Ramón, exɔ ƒe 23.

  • Ðe wòsena le eɖokui me be manya wɔ na ye be yeaɖo nu si wodi tso Kristotɔwo si la gbɔ oa? “Ðeko wòwɔna nam abe ɖe wòle be maflɔ atrakpui gbogbo aɖewo hafi aɖo agbe mavɔ si ŋugbe Biblia do la gbɔ ene, evɔ nyemele atrakpuiawo dzi gɔ̃ hã o; mele adzɔge ʋĩi tso wo gbɔ. Atrakpuiawo fɔflɔ do vɔvɔ̃ nam ale gbegbe be ɖeko medi be mana ta xɔse la.”—Renee, exɔ ƒe 16.

Miƒo Nu Tso Eŋu

Ðe wòanye be nanewo me tomee viwòa le taea? Mɔ nyuitɔ si dzi nàto anya ye nye be nàbiae! Ke hã, ɖɔ ŋu ɖo be dzeɖoɖoa nagava zu nyahehe o. Wɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Yakobo 1:19 la boŋ dzi. Afi ma gblɔ be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” Gbɔ dzi ɖi nɛ. Wɔ nu ɖe eŋu “le dzigbɔgbɔ blewu katã kple nufiafiaɖaŋu me,” abe ale si ko nàwɔ na ame bubu siwo menye ƒomea me tɔwo o ene.—2 Timoteo 4:2.

Le kpɔɖeŋu me, ne viwòa medi be yeade Kristotɔwo ƒe kpekpewo o la, dze agbagba nàkpɔe ɖa be nanee le fu ɖem nɛ hã. Gake wɔ esia le dzigbɔɖi me. Le kpɔɖeŋu si gbɔna me la, ale si dzilaa wɔ nui la maɖe vi aɖeke o.

Viŋutsu: Ðeko nyemegadi be made kpekpeawo azɔ o.

Vifofo: [dzikutɔe] Nya ma gɔme ɖe?

Viŋutsu: Kpekpeawo dede koe tim!

Vifofo: Ke ɖe wòfia be Mawu hã ƒe nu ti wòa? Ke menyo kura o ɖe! Zi ale si nègakpɔtɔ le aƒenye me ko la, èlɔ̃ o, mèlɔ̃ o, ele be nàyi kpli mí godoo!

Mawu bia tso dzilawo si be woafia nu wo viwo tso ye ŋu, eye ɖeviwo hã naɖo to wo dzilawo. (Efesotɔwo 6:1) Ke hã, màdi be viwò nakpɔ gome le wò tadedeaguwɔnawo me le esi nèdii tso esi ta ko o. Ne anya wɔ la, àdi be eya ŋutɔ nalɔ̃ faa ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo le esi wòlɔ̃ Yehowa ta.

Nu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia mee nye be nàkpɔ nu si gbɔ wòanya tso be eƒe nɔnɔme va trɔ la adze sii. Azɔ esi esia le susu me na wò la, kpɔ ale si woate ŋu aɖo dze si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la le mɔ si aɖe vi wu nu la ɖa.

Viŋutsu: Ðeko nyemegadi be made kpekpeawo azɔ o.

Vifofo: [tufafatɔe] Nu kae na nèse le ɖokuiwò me alea?

Viŋutsu: Kpekpeawo dede koe tim!

Vifofo: Anyinɔnɔ gaƒoƒo ɖeka alo eve tea ŋu tia ame ya. Gake nu ka koŋue sesẽ na wò le esia ŋu?

Viŋutsu: Nyemenya o. Ewɔ nam be adze eme nam wu ne ɖe mele afi bubu.

Vifofo: Aleae wòle le xɔ̃wòwo hã gomea?

Viŋutsu: Èva nyaa gbɔ azɔ! Xɔlɔ̃ aɖeke megale asinye fifia o. Tso gbe si gbe xɔ̃nye vevitɔ ʋu ko la, ɖeko wòwɔ nam abe ɖe ame aɖeke megali maɖo dze kplii o ene! Ame sia ame le dzidzɔ kpɔm. Ke nye ya metsi anyi!

Esi vifofoa na via ƒo nu faa le dzeɖoɖo sia me ta la, ete ŋu kpɔ kuxia dze sii, si nye akogotsitsi. Azɔ hã, ewɔe be ɖevia ka ɖe edzi, eye esia ana wòanɔ bɔbɔe be woagaɖo dze faa ake ɣebubuɣi.—Kpɔ aɖaka si le ete si ƒe tanyae nye  “Gbɔ Dzi Ði!”

Sɔhɛ geɖe va kpɔnɛ dzea sii be ne yewokpɔ kuxi si na be ƒomedodo nyui mele woa kple Mawu dome o gbɔ la, zi geɖe la, ewɔnɛ be yewoƒe dzi dzea eme wu, eye yewodea asixɔxɔ yewoƒe dzixɔsewo ŋu wu. Bu Ramón, si nye ɖekakpui si nɔ vɔvɔ̃m be yeaɖe ye ɖokui nu le suku be yenye Kristotɔ la ŋu kpɔ. Ramón va de dzesii be yeƒe xɔse me ʋuʋu mesesẽ nenema gbegbe hafi o, nenye be esia ana woaɖu fewu le ye ŋu gɔ̃ hã. Egblɔ be:

“Gbe ɖeka ŋutsuvi aɖe nɔ fewu ɖum le ŋunye le suku le subɔsubɔha si me mele ta. Vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ, eye mese le ɖokuinye me be sukuvi siwo katã nɔ xɔa me kpli mí la ƒe to nɔ mía ŋu. Enumake metrɔ nyaa ɖe edzi hebia nyae ku ɖe eƒe dzixɔsewo ŋu. Ewɔ nuku nam be eya tsi dzodzodzoe wu nye ŋutɔ gɔ̃ hã! Esia na mekpɔe be subɔsubɔdzixɔsewo le sɔhɛ geɖe si, gake womese wo gɔme o. Nye ya metea ŋu ɖea nye dzixɔsewo me teti. Nye sukuhatiwo boŋue wòle be wòakpe ŋu na be woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu, ke menye nye o!”

TE MƆNU SIA KPƆ: Be viwòa naƒo nu faa la, biae ne wòagblɔ ale si wòsena le eɖokui me ɖe eƒe Kristotɔnyenye ŋu. Le eƒe susu nu la, nu kawoe nye viɖeawo? Kuxi kawoe doa mo ɖa? Ðe viɖeawo sɔ gbɔ wu kuxiawoa? Ne wosɔ gbɔ wu la, ke le mɔ ka nu? (Marko 10:29, 30) Viwòa ate ŋu aŋlɔ nu si wòsusu tso eŋu la ɖe agbalẽ dzi. Ate ŋu ama agbalẽa me ɖe akpa eve, kuxiawo nanɔ miakpa dzi, eye viɖeawo nanɔ ɖusikpa dzi. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòanya eƒe kuxia ahakpɔ egbɔ.

Viwò Sɔhɛa Ƒe “Tamebubu Ŋutete”

Dzilawo kple numekulawo siaa de dzesii be vovototo gã aɖe le ɖevi suewo ƒe nuŋububu kple sɔhɛwo tɔ dome. (1 Korintotɔwo 13:11) Zi geɖe la, ɖeviwo xɔa nu si kpɔm wole kple nu si sem wole la dea eme, ke sɔhɛwo ya bua nuwo ŋu yia ŋgɔ wu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu afia ɖeviwo be Mawu ye wɔ nuwo katã. (1 Mose 1:1) Ke sɔhɛ ya anɔ agbagba dzem be yeakpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo abe: ‘Nu kae fia be Mawu li vavã? Nu ka tae lɔlɔ̃ ƒe Mawu aɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu? Ðe wòanya wɔ be gɔmedzedze manɔ Mawu si oa?’—Psalmo 90:2.

Ðewohĩ àsusui be nya siawo biabia fia be viwòa ƒe xɔse me le gbɔdzɔgbɔdzɔm. Gake le nyateƒe me la, ate ŋu afia ŋgɔyiyiwɔwɔ boŋ. Be Kristotɔ ƒe xɔse me nasẽ la, nyawo biabia tea ŋu wɔa kpa vevi aɖe.—Dɔwɔwɔwo 17:2, 3.

Gawu la, viwòa le ale si wòawɔ eƒe “tamebubu ŋutete” ŋu dɔe la srɔ̃m. (Romatɔwo 12:1, 2) Esia nana wòtea ŋu kpɔa Kristotɔwo ƒe xɔse la ƒe “kekeme kple didime kple kɔkɔme kple goglome” le mɔ si manya wɔ na ɖevi o la nu. (Efesotɔwo 3:18) Fifia koŋue wòle be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòade ŋugble le eƒe dzixɔsewo ŋu bene wòakpɔ kakaɖedzi sẽŋu le wo ŋu.—Lododowo 14:15; Dɔwɔwɔwo 17:11.

TE MƆNU SIA KPƆ: Gahe viwòa ƒe susu yi gɔmedzenu siwo dzi mianya ŋe aɖaba ƒui va yi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, na wòade ŋugble le biabia siawo tɔgbi ŋu: ‘Nu kae na meka ɖe edzi be Mawu li? Nu kawoe mekpɔna siwo ɖoa kpe edzi be Mawu tsɔ ɖe le eme nam? Nu kae na mekpɔe be Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ɖea vi ɣesiaɣi?’ Ðɔ ŋu ɖo be màgazi wò susuwo ɖe viwòa dzi o. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ kpeɖodzi na eƒe susuwo boŋ. Esia wɔwɔ ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòaka ɖe eƒe dzixɔsewo dzi.

Na Wòakpɔ “Kakaɖedzi Le Wo Ŋu”

Biblia gblɔ tso sɔhɛ Timoteo ŋu be enya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo tso ‘ɖevime ke.’ Ke hã, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me.” (2 Timoteo 3:14, 15) Abe ale si wònɔ le Timoteo gome ene la, anɔ eme be èfia Biblia me gɔmeɖosewo viwòa tso edziɣi ke. Ke azɔ la, ele be nàkpe ɖe eŋu be eya ŋutɔ nakpɔ kakaɖedzi le nu si wòsrɔ̃ la ŋu.

Agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 1, gblɔ be: “Zi ale si viwò sɔhɛa gakpɔtɔ le aƒewò me ko la, èkpɔ mɔ abia tso esi be wòazɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ɖoɖo aɖe dzi. Wò taɖodzinue nye be nàƒã lɔlɔ̃ na Mawu ɖe eƒe dzi me, ke menye be wòadze yowòme le esi nèbiae tso esi ta ko o.” Ne taɖodzinu sia le asiwò la, àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòanɔ “te sesĩe le xɔse me,” bene wòanɔ agbe ɖe eya ŋutɔ ƒe dzixɔsewo nu, ke menye le esi nèxɔ wo dzi se ta o. *1 Petro 5:9.

^ Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ May 1, 2009, axa 10-12 kple Questions Young People Ask—Answers That Work, Babla 1, axa 315-318.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Aleke mewɔa nui ne vinye melɔ̃ ɖe nye dzixɔsewo dzi o?

  • Aleke nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋunye be makpɔ nya sia gbɔ le mɔ nyuitɔ nu?