Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • ƑE SI ME WODZII: 1960
  • DUKƆ SI ME WÒTSO: FINLAND
  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: HEAVY-METAL HADZILA

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Turku, si nye melidzeƒedu aɖe si me ame dahewo nɔ lae menɔ tsi. Fofonye nye kɔdala xɔŋkɔ, eye mía kple tsenye hã míeƒo mía ɖokui ɖe kɔdada me vevie. Esime menɔ suku la, medaa kɔ zi geɖe. Esi menye ɖekakpui la, meɖo gbevuha vloe aɖe me, si wɔe be meva kpɔ gome le ŋutasẽnuwɔwɔ me geɖe wu. Meva lɔ̃ heavy-metal hadzidziwo hã, eye meɖoe be mazu rock hadzila xɔŋkɔ.

Meƒle haƒonu aɖewo heɖo hadziha, eye eteƒe medidi hafi meva zu hadzila vevitɔ le míaƒe haƒohaa me o. Ne mele kpe dzi le ha dzim la, melɔ̃a nu gbɔme wɔwɔ. Esi míaƒe haƒohaa wɔa nu gbodogbodo eye míedoa awu abe gbevuwo ene ta la, vivivi la, míaƒe ŋkɔ de du. Míeva te haƒoƒo le ameha gbogbowo ŋkume. Míeɖe ha siwo míekpa la dometɔ aɖewo ɖe go, eye mamlɛtɔ do dzidzɔ na amewo ale gbegbe be ame geɖe ƒo nu nyui tso eŋu. Le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, míezɔ mɔ yi United States be míaɖado boblo míaƒe haƒohaa. Míeƒo ha le teƒe ʋɛ aɖewo le New York kple Los Angeles hedo ka kple adzɔha xɔŋkɔ siwo doa hadzilawo ɖe ŋgɔ la hafi trɔ gbɔ va Finland.

Togbɔ be hadzihaa me nɔnɔ dze ŋunye hã la, dzidzeme vavãtɔ mesu asinye o. Hoʋiʋli kple sesẽnàɖu ƒe gbɔgbɔ si nɔ haƒoƒodɔa me la ɖe dzi le ƒonye eye dzi megava nɔ dzɔyem le agbe blibaa si nɔm menɔ la me o. Mese le ɖokuinye me be ame vɔ̃ɖie menye, eye mevɔ̃ be mayi dzo mavɔ me. Medze agbagba be makpɔ ta na nye kuxiwo to subɔsubɔhawo ƒe agbalẽwo xexlẽ me, eye medo gbe ɖa na Mawu vevie be wòakpe ɖe ŋunye, togbɔ be ewɔ nam be nyemate ŋu adze eŋu gbeɖe o hã.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Mewɔ dɔ le posudɔwɔƒe si le míaƒe nutoa me be matsɔ akpɔ ɖokuinye dzi. Gbe ɖeka mede dzesii be nye dɔwɔhati aɖe nye Yehowa Ðasefo. Melɔ biabia gbogbo aɖewo kɔ ɖe edzi. Ale si eƒe nyaŋuɖoɖowo me kɔ eye wòtsɔ Biblia ɖo kpe wo dzii la wɔ dɔ ɖe dzinye, si wɔe be melɔ̃ wòsrɔ̃ Biblia kplim. Esi míesrɔ̃ nu kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, haƒoƒo ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su  míaƒe haƒohaa si, si ate ŋu awɔe be míaɖe míaƒe hawo ɖe go le United States. Ðeko wònɔ nam abe anyitsie kɔ ɖe dzowɔe dzi ene.

Megblɔ na Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la be medi be magaɖe ha aɖewo ɖe go zi mamlɛtɔ, eye emegbe matsɔ moveviɖoɖo anɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. Ke hã megblɔ ale si wòsusu tso nyaa ŋu o; ɖeko wògblɔ nam be maxlẽ Yesu ƒe nya si dze le Mateo 6:24. Kpukpui ma gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o.” Esi mese nu si Yesu ƒe nyawo fia gɔme la, nye mo wɔ yaa. Gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ame si srɔ̃a Biblia kplim la hã ƒe mo yaa! Megblɔ nɛ be, esi medi be manye Yesu yomedzela ta la, medo le hadzihaa me!

Biblia nɔ nam abe ahuhɔ̃e ene, si na mekpɔ nye vodadawo dze sii. (Yakobo 1:22-25) Mede dzesii be mewɔ nu gbegblẽ geɖe: Menye dadala, metia nu gãgãwo yome ŋukeklẽtɔe. Megblɔa nya ƒaƒãwo, medaa kɔ, menoa atama henoa aha tsu hã. Esi mekpɔ ale si gbegbe nye agbenɔnɔ to vovo tso Biblia ƒe mɔfiamewo gbɔe la, mese le ɖokuinye me be metɔ kpe. Ke hã meɖoe kplikpaa be mawɔ tɔtrɔ siwo hiã.—Efesotɔwo 4:22-24.

“Mía Fofo si le dziƒo la nye nublanuikpɔla si di be yeafa akɔ na ame siwo trɔ dzi me”

Nye dzitsinya ɖe fu nam vevie ɖe vodada siwo mewɔ va yi la ta, vevietɔ le gɔmedzedzea me. Gake Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kplim la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Ena mexlẽ nya si dze le Yesaya 1:18, afi si gblɔ be: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene.” Biblia me nya sia kple bubuwo na meka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la nye nublanuikpɔla si di be yeafa akɔ na ame siwo trɔ dzi me.

Esi meva nya Yehowa nyuie helɔ̃e la, esia ʋãm meɖe adzɔgbe nɛ be masubɔe ɖaa. (Psalmo 40:9) Wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo le ƒe 1992 me, le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le St. Petersburg, Russia la me.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Medze xɔlɔ̃ nyui geɖewo le Yehowa subɔlawo dome. Enuenu la, míeƒoa ƒu ƒoa ha ɖɔʋuwo hesea vivi na Mawu ƒe nunana sia. (Yakobo 1:17) Srɔ̃nye Kristina hã nye yayra tɔxɛ aɖe nam. Mía kplii míeto nɔnɔme vovovowo me—dzidzɔnyawo kple agbemenya sesẽwo siaa—eye eyae megblɔa nye dzimenyawo na.

Ne ɖe nyemeva zu Yehowa Ðasefo o la, ɖewohĩ ne nyemele agbe egbea o. Tsã la, kuxiwo kple nya sesẽwo ɖea kpe nam enuenu. Gake fifia ya, taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu, eye mekpɔe be nuwo le nam abe ale si wòle be woanɔ ene.