Yakobo 1:1-27

  • Gbedonamewo (1)

  • Dzidodo hea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ (2-15)

    • Xɔse ƒe nyonyome si wodo kpɔ (3)

    • Minɔ ebiam le xɔse me (5-8)

    • Nudzodzro hea nu vɔ̃ kple ku vɛ (14, 15)

  • Nunana nyuiwo katã tso dziƒo (16-18)

  • Nya la sese kple edziwɔwɔ (19-25)

    • Ame aɖe si le ahuhɔ̃e me kpɔm (23, 24)

  • Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o (26, 27)

1  Yakobo,+ Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi, le esia ŋlɔm ɖo ɖe to wuieve siwo ka hlẽ la: Medo gbe na mi!  Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ,+  esi mienyae be miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ ta.+  Ke mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miade keŋkeŋ le goawo katã me, eye naneke nagahiã mi o.+  Eya ta ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam,+ elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o,*+ eye anɛ.+  Gake nenɔ ebiam le xɔse me,+ eye megake ɖi kura o,+ elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.  Le nyateƒe me la, ame ma megasusui kura be yeaxɔ nane tso Yehowa* gbɔ o;  dzimevesusula wònye,+ melia ke le eƒe mɔwo katã dzi o.  Ke nɔvi si nye ame dahe la natso aseye* le esi wodoe ɖe dzi ta,+ 10  eye kesinɔtɔ hã, le esi wobɔbɔe ɖe anyi ta,+ elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. 11  Elabena ale si ɣe dzena kple eƒe dzoxɔxɔ gã henaa gbe yrɔna, eƒe seƒoƒo duduna, eye eƒe atsyɔ̃ nu yina la, nenemae kesinɔtɔ hã ayrɔ le eƒe agbemenuwo yome titi me.+ 12  Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me,+ elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku+ si ŋugbe Yehowa* do na ame siwo lɔ̃nɛ la.+ 13  Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, megagblɔ be: “Mawue le teyem kpɔ” o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o. 14  Ke nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.*+ 15  Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃; eye ne wowɔ nu vɔ̃ la, ehea ku vanɛ.+ 16  Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woaflu mi o. 17  Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo,+ tso kekeliwo Fofo la gbɔ,+ eye eya metrɔna abe ale si vɔvɔli nɔa tɔtrɔm ene o.+ 18  Enye eƒe lɔlɔ̃nu be yeatsɔ nyateƒenya la adzi mí,+ ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo dome kutsetse gbãtɔwo.+ 19  Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me,+ nanɔ blewu le dziku me,+ 20  elabena ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.+ 21  Eya ta miɖe ɖiƒoƒowo katã kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa,*+ eye mixɔ nya si ƒãm wole ɖe mia me, si ate ŋu axɔ mi* ɖe agbe la, kple dzi faa. 22  Mizu nyadziwɔlawo,+ ke menye nyaselawo ko o, ale be miagatsɔ nuŋububu masɔmasɔwo anɔ mia ɖokuiwo blem o. 23  Elabena ne ame aɖe nye nyasela, eye menye nyadziwɔla o la,+ ame ma le abe ame si le eya ŋutɔ ƒe mo* kpɔm le ahuhɔ̃e me la ene. 24  Elabena ekpɔa eɖokui, eye wòdzona yina, eye enumake eŋlɔa ame si ƒomevi wònye la be. 25  Ke ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu,+ eye wònɔa edzi ɖaa la, ame sia menye nyasela si ŋlɔa nu be o, ke nyadziwɔla boŋ; eye akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.+ 26  Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae,* evɔ meléa eƒe aɖe o* la,+ eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro. 27  Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo+ kple ahosiwo+ dzi le woƒe xaxa me,+ eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “media vodada le ame ŋu o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “neƒo adegbe.”
Alo, “eye wòtrea mɔ̃ nɛ.”
Agate ŋu afia, “vɔ̃ɖinyenye si bɔ ŋutɔ la ɖa.”
Alo, “miaƒe luʋɔwo.”
Alo, “eƒe dzɔdzɔmemo.”
Alo, “mawuvɔ̃lae.”
Alo, “medea ga eƒe aɖe o.”