Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Nu kae srɔ̃tɔwo awɔ be woakpɔ dzidzɔ?

Aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso. Ale si míatu nɔnɔme nyui siwo nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me ɖo la ƒe mɔfiamewo le Biblia me, eye exlɔ̃a nu mí tso nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu la ŋu. Mɔ nyuitɔ si nu wòle be srɔ̃tɔwo naƒo nu na wo nɔewo le be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me hã le eme.Xlẽ Kolosetɔwo 3:8-10, 12-14.

Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nade bubu kple asixɔxɔ wo nɔewo ŋu. Ne wo ame evea siaa lɔ̃ faa wɔ akpa si Mawu di be woawɔ le srɔ̃ɖeɖea me la, woakpɔ dzidzɔ.Xlẽ Kolosetɔwo 3:18, 19.

Nu kae nana srɔ̃ɖeɖe lia ke?

Ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo nɔewo la, woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa. Mawu fiaa ale si míalɔ̃ amee la mí. Woa kple Via, Yesu, woɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le ale si míalɔ̃ mía nɔewo ɖokuitɔmadimaditɔe la ŋu.Xlẽ 1 Yohanes 4:7, 8, 19.

Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo bua srɔ̃ɖeɖe be Mawu ƒe ɖoɖoe wònye eye wodea bubu eŋu la, woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa. Ðe Mawu ɖoe be ne ŋutsu kple nyɔnu woɖe wo nɔewo la, woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa ale be ƒomewo nanɔ dedie. Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu anɔ anyi ɖaa, elabena ɖe Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu wosɔ nyuie be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu eye woafa akɔ na wo nɔewo. Ewɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu hã, si fia be ena ŋutete wo be woasrɔ̃ yeƒe lɔlɔ̃.Xlẽ 1 Mose 1:27; 2:18, 24.