Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Míeda Ahe Gake Míenye Kesinɔtɔwo Le Mawu Gbɔ

Míeda Ahe Gake Míenye Kesinɔtɔwo Le Mawu Gbɔ

Tɔgbuinye kple fofonye wonɔ aƒe aɖe si nu womewu o la me le kɔƒedu aɖe si nye Cotiujeni, si le afi si woyɔna fifia be Moldova la ƒe dziehe. Afi mae wodzim le le December 1939 me. Tɔgbui kple Papa wozu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Esi Dada va kpɔe dze sii be tɔgbuinye nya Biblia wu nunɔla si le kɔƒea me la, eya hã va zu Ðasefo.

Esime mexɔ ƒe etɔ̃ la, wova lé fofonye, tɔnyeɖia kple tɔgbuinye yi dɔsesẽwɔsaɖawo me le esi wonye Kristotɔ siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o ta. Fofonye koe tsi agbe. Woɖe asi le eŋu le ƒe 1947 me le Xexemeʋa II lia megbe, gake egbɔ kple dzimeƒu ŋeŋee. Togbɔ be nu vevi wɔe vevie hã la, eƒe xɔse ya megbɔdzɔ kura o.

TƆTRƆ GÃWO VA MÍAƑE AGBE ME

Esime mexɔ ƒe asieke la, wokplɔ míaƒe ƒomea kpe ɖe Ðasefo alafa geɖe siwo nɔ Moldova la ŋu yi aboyo me, le Siberia. July 6, 1949 dzie wode mí ketekexɔvi siwo me wokɔa nyiwo ɖo la me tsɔ dze mɔe. Esi míezɔ kilometa 6,400 ƒe mɔ zã kple keli hena ŋkeke 12 megbe la, míeva tɔ ɖe Lebyazhe ƒe ketekedzeƒea. Dua me megãwo nɔ mía lalam le afi ma. Enumake woma mí ɖe ƒuƒoƒo suewo me hekaka mí ɖe nutoa ƒe teƒe vovovowo. Suku sue aɖe si womegazãna o lae va zu ƒuƒoƒo si me míenɔ la ƒe nɔƒe. Ðeɖi te mía ŋu eye dzi menɔ mía dzɔm o. Nyɔnu tsitsi aɖe si nɔ mía dome la nɔ ha aɖe si Ðasefowo kpa le Xexemeʋa II lia wɔɣi la dzim ɖe ve me. Kasia, mí katã míede asi haa dzidzi me kplii. Emenyawo yi ale:

“Woɖe aboyo nɔvi geɖewo yi didiƒe ke.

Wokplɔ wo yi dziehe kple ɣedzeƒe.

Mawu ƒe dɔ wɔwɔ tae wowɔ fu wo ɖo, eye wodo dzi le dodokpɔ dziŋɔwo me.”

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míete ŋu va nɔ kpekpem Kwasiɖa sia Kwasiɖa hedzroa Biblia me le teƒe aɖe si didi tso mía nɔƒea abe kilometa 13 ene. Zi geɖe la, míedzea mɔ hafi agu dzena hezɔna to sno si kɔkɔ va ɖo keke míaƒe ali gbɔ la me esime xexea me fa miamiamia heɖo dzidzenu Celsius -40. Mí ame 50 alo esiwo wu nenema la mimina ɖe xɔ si ƒe kekeme kple didime siaa anɔ abe meta ene kple afã ene la me. Míedzia ha ɖeka, alo ɣeaɖewoɣi la, eve alo etɔ̃ tsɔ dzea kpekpea gɔme. Eyome míedoa gbe ɖa tso dzi me eye míedzroa biabia siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu la me. Esia xɔna abe gaƒoƒo ɖeka ene. Eyome míegadzia hawo ake heyia Biblia me biabiawo me dzodzroa dzi. Kpekpe mawo do ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ!

KUXI YEYEWO DO MO ÐA

Le Dzhankoy ketekedzeƒea, le ƒe 1974 me lɔƒo

Kaka ƒe 1960 naɖo la, ablɔɖe geɖe wu va su Ðasefo siwo woɖe aboyoe la si. Togbɔ be míeda ahe hã la, mete ŋu yi Moldova, afi si medo go Nina le. Eya hã dzilawo nye Ðasefowo, eye dadaa dzilawo hã nye Ðasefowo. Eteƒe medidi o, míeɖe mía nɔewo hetrɔ yi Siberia, afi mae míedzi mía vinyɔnu, Dina le, le ƒe 1964 me eye míedzi mía viŋutsu, Viktor, le ƒe 1966 me. Ƒe eve megbe la, míeʋu yi Ukraine eye míenɔ aƒe sue aɖe me le Dzhankoy, si nye dugã aɖe si didi tso Yalta gbɔ abe kilometa 160 ene, le Crimea ƒukpo afã la dzi.

 Dziɖuɖua xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le Crimea, abe ale si ko wònɔ le Soviet Union dukɔ bliboa me ene. Ke hã ablɔɖe aɖe si nu nɔ mía si eye womenɔ mía yome tim vevie o. Esia wɔe be Ðasefowo dometɔ aɖewo megava nɔ dzo tsɔm ɖe subɔsubɔdɔa ŋu abe tsã ene o. Woƒe susu ye nye be esi yewokpe fu geɖe ŋutɔ le Siberia ta la, esɔ be yewoawɔ dɔ sesĩe fifia be yewoakpɔ nunɔamesi aɖewo, be yewoƒe dzi nadze eme.

DZIDZƆNYAWO

Le March 27, 1991 dzi la, dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union la ƒe dziɖuɖua ɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu le dukɔ bliboa me. Enumake, Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke eve takpekpe tɔxɛwo ŋu le teƒe vovovo adre le dukɔa me godoo. Ele be míawo ya míade takpekpe si woawɔ le Odessa, Ukraine, si gɔme woadze tso August 24 lia dzi. Meva dua me ɣleti ɖeka do ŋgɔ be makpe asi ɖe bɔlƒoƒe gã si míawɔ takpekpea le la dzadzraɖo ŋu.

Míewɔa dɔ ŋkeke bliboa eye zi geɖe la, bɔlƒoƒea ƒe zikpui lɔbɔɔawo dzie míemlɔna le zã me. Nyɔnuwo ƒe ha gã aɖe kplɔ gbadzaƒe si ƒo xlã bɔlƒoƒea. Gbeɖuɖɔ si wolɔ ƒu gbe la ƒe kpekpeme ade tɔn 70. Ame siwo nɔ dɔ wɔm le xɔdidɔwɔƒea la tsa le dua me godoo henɔ dzeƒe dim na ame 15,000 siwo wonɔ mɔ kpɔm na be woade takpekpea. Gake kasia, nya vɔ̃ aɖe va dze mí kpo!

Le August 19 lia dzi, esi wòsusɔ ŋkeke atɔ̃ pɛ ko ne takpekpea nadze egɔme la, wolé Mikhail Gorbachev, si nye USSR ƒe dukplɔla ɣemaɣi la, esime wònɔ mɔkeke le afi si te ɖe Yalta ŋu, si medidi tso takpekpewɔƒea gbɔ o. Dziɖuɖumegãwo te fli ɖe mɔɖeɖe si míexɔ tso wo gbɔ hena takpekpea wɔwɔ la me. Ame siwo ɖoe be yewoade takpekpea la te kaƒoƒo na takpekpedzikpɔƒea henɔ biabiam be, “Nu kae míawɔ tso bɔs kple keteke ƒe ɖoɖo siwo míewɔ la ŋu?” Le gbedodoɖa vevie megbe la, takpekpea ƒe ɖoɖowo dzi kpɔlawo ɖo eŋu na wo be, “Miawo ya miva ko!”

Míenɔ dzadzraɖoawo dzi eye míenɔ gbedodoɖa dzi. Ʋuɖoɖodzikpɔlawo yi ɖakpe takpekpevala siwo tso Soviet Union dukɔa ƒe akpa vovovowo va la eye wokplɔ wo yi woƒe dzeƒewo. Ŋdi sia ŋdi la, Takpekpekɔmitia me tɔwo yina ɖakpena kple dua me megãwo. Gake ne wogbɔ fiẽ sia fiẽ la, wometsɔa nya nyui aɖeke gbɔnae o.

MAWU SE MÍAƑE GBEDODOÐAWO

Le Yawoda, August 22 lia dzi, si nye ŋkeke eve do ŋgɔ na gbe si gbe míadze takpekpea gɔme la, Takpekpekɔmitia me tɔwo trɔ gbɔ kple nya nyui aɖe: Woɖe mɔ na mí be míawɔ takpekpea! Dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ esime míenɔ ha si míetsɔ dze takpekpea gɔme la dzim hedo gbe ɖa. Esi takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu le Memleɖagbe la, míenɔ dzeɖoɖo dzi henɔ ha dem kple mía xɔlɔ̃ siwo míegakpɔ kpɔ la o ʋuu keke zã do. Kristotɔ siwo va kpe ta la ƒe xɔse sẽŋu ale gbegbe be wowɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽtɔwo me.

Takpekpe si míewɔ le Odessa le ƒe 1991 me

Habɔbɔa wɔ ŋgɔyiyi geɖe ŋutɔ le ƒe 22 siwo kplɔ takpekpe sia ɖo la me. Wotu Fiaɖuƒe Akpata geɖewo le Ukraine dukɔa me godoo, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi tso ame 25,000 le ƒe 1991 me va ɖo ame siwo wu 150,000 fifia!

MÍEGAKPƆTƆ NYE KESINƆTƆWO LE MAWU GBƆ

Míaƒe aƒe si le Dzhankoy, si nye dugã si me ame siwo ade 40,000 le fifia la me koe míaƒe ƒomea gakpɔtɔ le. Togbɔ be Ðasefowo ƒe ƒome ʋɛ aɖewo koe nɔ afi sia esime míetso Siberia va le ƒe 1968 me hã la, hame ade ye le Dzhankoy fifia.

Nye ƒomea hã dzi ɖe edzi. Ƒomea ƒe dzidzime enee le agbe fifia le Yehowa subɔm—mía viwo, mía tɔgbuiyɔviwo, kpakple mía tɔgbuiyɔviwo ƒe viwo.