Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Aʋawɔwɔ Si Trɔ Xexea

Aʋawɔwɔ Si Trɔ Xexea

Ƒe alafa ɖeka ye nye esi va yi la, ɖekakpui miliɔn geɖe gblẽ woƒe aƒe siwo me dziɖeɖi nɔ la ɖi heyi aʋagbedzi. Ale si wolɔ̃ woƒe dukɔ lae ʋã wo wolɔ̃ faa yi aʋa kple dzidzɔ. Amerika vidzidzi aɖe si lɔ̃ faa yi aʋa la gblɔ le ƒe 1914 me be: “Dzi le dzɔyem ale gbegbe le ɣeyiɣi nyui siwo le ŋgɔ gbɔna ta.”

Gake eteƒe medidi hafi nuxaxa kple aɖukliɖuɖu va xɔ ɖe woƒe dzidzɔa teƒe o. Ame aɖeke menya be aʋakɔ gã nyadri mawo ava tsi aʋagbedzi ƒe geɖe le Belgium kple France o. Ɣemaɣi la, wotsɔ ŋkɔ na aʋa sia be “Aʋa Gã” la. Egbea, míeyɔnɛ be xexemeʋa gbãtɔ.

Xexemeʋa gbãtɔ nye aʋa gã vavã, elabena ame geɖe tsi eme. Le akɔntabubu aɖe nu la, ame siwo ade miliɔn 10 ye ku le aʋa la me eye ame miliɔn 20 zu nuwɔametɔwo. Vodada gã aɖewoe he esiawo katã vɛ. Europa ƒe kplɔlawo mete ŋu kpɔ dukɔwo dome nyaʋiʋliwo gbɔ o, si wɔe be wodo gã ɖe edzi va zu xexemeʋa. Ðewohĩ nu si dzi ŋɔ wue nye ale si “Aʋa Gã” la na nuwo trɔ le xexea me kura. Eye tɔtrɔ siwo wòhe vɛ la gakpɔtɔ le nu gblẽm le mía ŋu va de asi na egbea.

 VODADA SIWO NA DZI ÐE LE AMEWO ƑO

Nuwo ŋu mabumabu nyuie ye he xexemeʋa gbãtɔ vɛ. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be, ale si Europa ƒe kplɔlawo wɔ nui “le ƒe 1914 ƒe dzomeŋɔli nyui ma me la nɔ abe ame siwo alɔ̃ bla ŋku na siwo le ya mum sagasaga va do ɖe to kɔkɔ aɖe kɔgo evɔ womenya afɔku si le wo ŋgɔ o la ene.”The Fall of the Dynasties—The Collapse of the Old Order 1905-1922.

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe esime wowu Austriatɔwo ƒe fiavia la, Europa dukɔ sesẽwo katã kpe aʋa si womedi hafi o. Esi aʋa la fe ati eye wobia Germanytɔwo ƒe dudɔnunɔlagã le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe be, “Nu kae he nu siawo katã vɛ?” hã la, eɖo eŋu nublanuitɔe be: “Ame aɖeke menya o lo.”

Dziɖuɖumegã siwo wɔ nyametsotso siwo he aʋaa vɛ la menya nu si gbegbe wòagblẽ o. Gake eteƒe medidi hafi emetsonuawo va ɖi ɖe asrafoawo le aʋagbea dzi o. Wova kpɔe be ŋugbe si dziɖuɖumegãwo do na yewo la meva eme o, subɔsubɔhakplɔlawo ble yewo, eye aʋafiawo kplɔ yewo trae. Le mɔ ka nu?

Wova kpɔe be ŋugbe si dziɖuɖumegãwo do na yewo la meva eme o, subɔsubɔhakplɔlawo ble yewo, eye aʋafiawo kplɔ yewo trae

Dziɖuɖumegãwo do ŋugbe be aʋa la ahe xexe yeye si me agbea ade ame dzi le wu la vɛ. Germanytɔwo ƒe dudɔnunɔlagã gblɔ be: “Míele aʋa wɔm be míaƒe dɔwɔɖuiwo nakpɔ dzidzedze le ŋutifafa me, be dziɖeɖi si míekpɔ tsã nazu míaƒe domenyinu, eye etsɔme nanyo na mí.” Amerika Dukplɔla Woodrow Wilson ƒe nya si wògblɔ tsɔ de dzi ƒo na amewo be aʋa la “ana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be demokrasi naxɔ aƒe ɖi” la va zu nya si tsi amewo nu. Eye le Britain (Grande-Bretagne) la, amewo susu be aʋa la nye “aʋa si atsi aʋawɔwɔwo nu.” Gake wo katã woda ƒu.

Subɔsubɔhakplɔlawo de dzi ƒo na amewo vevie be woawɔ aʋa la. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame siwo wòle be woafia Mawu ƒe nyaa amewo la de dzi ƒo na wo be woayi aʋa. Aʋa sia si ŋu dukɔ blibowo kpe asi ɖo la wɔe be fuléle va keke ta.” (The Columbia History of the World) Eye subɔsubɔhakplɔla siwo wòle be woatsi fulélea nu la boŋue ƒlɔ dzo ɖe ete. Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be: “Le esi teƒe be subɔsubɔhakplɔlawo nalé Kristotɔwo ƒe xɔsea me ɖe asi la, wova de dulɔlɔ̃ dzi boŋ. Wo dometɔ akpa gãtɔ tiae be yewoade aʋa la dzi, eye wona wòdze abe Kristotɔnyenye bia be ame nawɔ nuteƒe na eƒe dukɔa ene. Wode dzi ƒo na asrafo Kristotɔ siwo nye ha vovovoawo me tɔwo la be woawu wo nɔewo le woƒe Ðela la ƒe ŋkɔ me.”A History of Christianity.

Aʋafiawo do ŋugbe be yewoaɖu aʋa la dzi bɔbɔe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, gake meva eme nenema o. Eteƒe medidi o, asrafo siwo kpe aʋa la va kpɔe be yewole aʋa si dzi yewomate ŋu aɖu o la wɔm. Esia wɔe be asrafo miliɔn geɖewo va kpɔ wo ɖokuiwo le aʋa aɖe si ŋuti ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ le be “ɖewohĩ dzigbagbã kple vevesese manyagblɔ si gbegbe teƒe ame gbogbo mawo kpɔ la medzɔ kpɔ o” la me. Togbɔ be amewo ku nenema gbegbe hã la, aʋafiawo gayi edzi nɔ asrafoawo dɔm ɖe aʋa la ŋgɔ togbɔ be wotsɔ gaviwo xe mɔ na wo eye tu siwo wodana trena ɖe enu la nɔ wo lɔm hã. Eya ta mewɔ nuku o be, asrafo geɖewo va gbe toɖoɖo aʋafiawo mlɔeba.

Aleke xexemeʋa gbãtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi? Ŋutinyagbalẽ aɖe gbugbɔ asrafo aɖe si hã de aʋaa gbɔ ƒe numenyawo gblɔ be: “Aʋaa . . . trɔ dzidzime blibo aɖe ƒe nuŋububu kple nɔnɔmewo.” Le nyateƒe me la, aʋa sia na be fiaɖuƒe blibowo nu yi. Aʋa ma nye aʋa dziŋɔ siwo va kplɔe ɖo la ƒe gɔmedzedze ko, eye esia wɔe be ƒe alafa ma va zu esi me wokɔ ʋu ɖi le wu le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me. Eyome la, dziɖuɖuwo mumu ƒu anyi kple aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu va xɔ aƒe ɖi.

Nu ka tae aʋa la na nu sia nu trɔ? Nudogoɖenunu dzro aɖe koe wònyea? Ðe nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo nyanya akpe ɖe mía ŋu míanya ale si etsɔme ava nɔ na mía?