Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE

Ekpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Gake Edo Dzi

Ekpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Gake Edo Dzi

ELIYA le azɔli dzi to Yordan-bali la me. Edze mɔ tso keke Xoreb-toa gbɔ ke heɖo ta dziehe eye kwasiɖa geɖewoe nye ema wòle mɔa zɔm. Esi wòva ɖo Israel nyigba dzi mlɔeba la, ekpɔ ale si nuwo trɔe le wo denyigba dzi. Kuɖiɖia nu tso eye anyigba te nuwɔwɔ azɔ. Keletsi te dzadza eye agbledelawo dze nuŋɔŋlɔ gɔme. Nyagblɔɖilaa ƒe dzi anya dze eme esi wòkpɔe be anyigbaa gadze nuwɔwɔ gɔme ake, ke hã dukɔa me viwo ŋue wòtsi dzi ɖo wu. Wotrɔ megbe de woƒe Mawu la. Baal subɔsubɔ gakpɔtɔ xɔ aƒe ɖi abe dɔvɔ̃ ene, si wɔe be dɔ geɖe nɔ Eliya dzi be wòawɔ. *

Esi Eliya gogo Abel-Mexola la, ekpɔe be agbledɔ gã aɖe le edzi yim le afi ma. Wotsɔ nyi eveve teƒe wuieve le agble ŋlɔm eye nyiha 12-awo kplɔ wo nɔewo ɖo le anyigba si bɔbɔ la dzobom le agbaka nu. Ŋutsu si le nyiha mamlɛtɔ ŋu la dimee Eliya nɔ. Eyae nye Elisa, ame si Yehowa tia be wòava xɔ ɖe Eliya teƒe. Eliya susu ɣeaɖeɣi be ye ɖeka koe susɔ le nuteƒe wɔm na Mawu, eya ta ɖikeke mele eme o be edi vevie be yeado go ŋutsu sia.1 Fiawo 18:22; 19:14-19.

Ðe wòte ɖe Eliya dzi vie be wòaɖe asi le eƒe agbanɔamedzi kpakple subɔsubɔdɔ aɖewo ŋu na ame bubua? Alo ɖe nyanya be Elisa ava xɔ ɖe ye teƒe la ɖe fu nɛa? Míenya ya o, ke hã míete ŋu le gbɔgblɔ ge hã be nya sia meva susu me nɛ o. Nya lae nye be eya hã nye “amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yakobo 5:17) Aleke kee wòɖale o, Biblia gblɔ be: “Tete Eliya yi egbɔ, eye wòtsɔ eƒe [nyagblɔɖiwu la] ƒu gbe ɖee.” (1 Fiawo 19:19) Anɔ eme be alẽgbalẽ alo gbɔ̃gbalẽ ye Eliya ƒe nyagblɔɖiwua nye; enye awudziwui eye wònye dzesi be Yehowae tsɔe ɖo ɖoƒe tɔxɛ ma. Eya ta gɔmesese tɔxɛ aɖe le awua tsɔtsɔ da ɖe Elisa ƒe abɔta ŋu. Eliya lɔ̃ faa wɔ Yehowa ƒe gbe dzi heɖo Elisa be wòava xɔ ɖe ye teƒe. Eliya ka ɖe eƒe Mawu la dzi heɖo toe.

Eliya bɔbɔ eɖokui heɖo Elisa be wòava xɔ ɖe ye teƒe

Elisa hã di vevie be yeakpe ɖe nyagblɔɖila Eliya si nye xoxo nɛ la ŋu. Elisa meva xɔ ɖe Eliya teƒe enumake o. Ke boŋ ebɔbɔ eɖokui henɔ nyagblɔɖila tsitsia ŋu nɔ kpekpem ɖe eŋu abe ƒe ade sɔŋ ene, si wɔe be wova gblɔ tso eŋu emegbe be eyae nye “ame si de tsi asi na Eliya.” (2 Fiawo 3:11) Aleke gbegbe wòafa akɔ na Eliya ye nye esi be subɔvi zãzɛ sia nɔ kpekpem ɖe ye ŋu! Anɔ eme be ŋutsu eve siawo va zu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Ðikeke mele eme o be ale si wodea dzi ƒo na wo nɔewoe la kpe ɖe wo ame evea siaa ŋu wodo dzi togbɔ be wokpɔe be nu madzɔmadzɔ wɔwɔ xɔ aƒe ɖe anyigbaa dzi hã. Vevietɔ esime fia Axab ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖia nɔ gã dom ɖe edzi.

Ðe nèkpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔa? Mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔ eteƒe le xexe gblẽku sia me kpɔ. Xɔlɔ̃ si lɔ̃ Mawu la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe hã tso Eliya ƒe xɔse me ne èle nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔm.

“TSO, NÀYI AÐAKPE ISRAEL-FIA AXAB”

Eliya kple Elisa ku kutri be yewoana dukɔa natrɔ ɖe Yehowa ŋu. Edze ƒãa be woxɔ ŋgɔ le hehenana nyagblɔɖila bubuwo me, eye anɔ eme be hahoo  nusrɔ̃ƒe aɖe si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo la mee wofiaa nu wo le. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, Eliya xɔ dɔdeasi yeye aɖe. Yehowa gblɔ nɛ be: “Tso, nàyi aɖakpe Israel-fia Axab.” (1 Fiawo 21:18) Nu kae Axab wɔ?

Fia la nye xɔsegbela xoxo, eye wòvɔ̃ɖi wu Israel fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Eɖe Izebel eye wòna Baal subɔsubɔ va xɔ anyigba la dzi, eye fia la ŋutɔ hã kpɔ gome le eme. (1 Fiawo 16:31-33) Vidzidzikɔnuwo, gbolowɔwɔ kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe gɔ̃ hã yia edzi le Baal subɔsubɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Axab gbe se si Yehowa de nɛ be wòawu Ben-Hadad, Aram-fia vɔ̃ɖi, la dzi wɔwɔ. Edze ƒãa be viɖe si Axab akpɔ tso fia ma gbɔ tae wògbe toɖoɖo Mawu ƒe gbe ɖo. (1 Fiawo, ta 20) Gake fifia Axab kple Izebel ƒe ŋukeklẽ, kesinɔnudidi vivivo, kple ŋutasesẽ va do gã ɖe edzi.

Fiasã aɖe nɔ Axab si le Samaria—fiasã gã nyadri aɖee wònye! Eye fiasã bubu hã nɔ esi le Yezreel, si gbɔ didi tso Samaria abe kilometa 37 ene. Waingble aɖe te ɖe fiasã evelia sia ŋu. Anyigba sue sia biã ŋu na Axab, evɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nabot la tɔe. Axab na woyɔ Nabot vɛ eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ eƒe waingblea ana ye ne yeaxe fe ɖe eta alo yeatsɔ waingble bubu aɖo eteƒe nɛ. Gake Nabot gblɔ be: “Yehowa nena wòade megbe xaa tso gbɔnye be, matsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò.” (1 Fiawo 21:3) Ðe nya ma fia be Nabot mede bubu fia la ŋu oa? Alo ɖe mebu afɔku si ate ŋu ado tso eme nɛ ŋu oa? Ame geɖe susui nenema. Gake le nyateƒe me la, Yehowa ƒe Se si meɖe mɔ na Israel viwo be woadzra anyigba si nye ƒomea ƒe domenyinu wòatsi ame si ɖaa o la dzi wɔmee Nabot nɔ. (3 Mose 25:23-28) Nabot ya kpɔe be masɔ kura be yeada Mawu ƒe Sea dzi o. Exɔ Mawu dzi se eye dzi nɔ eƒo, elabena enyae nyuie be Axab ƒe didia dzi mawɔmawɔ ate ŋu ahe vɔ̃ ava ye dzi.

Yehowa ƒe Sea meɖi naneke le Axab ya ŋkume o. Eyi aƒe me kple ‘dziku eye wòɖo adã’ le esi nu si dim wònɔ la mesu esi o ta. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Emlɔ] eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wògbe nuɖuɖu.” (1 Fiawo 21:4) Esi Izebel kpɔ be ye srɔ̃ do dziku heyɔ mo abe ɖevi si le nane si menye etɔ o la dim ene la, ewɔ ɖoɖo enumake be yeatsrɔ̃ ame dzɔdzɔe la kple eƒe ƒomea siaa ale be yeaxɔ nu si dim ye srɔ̃a le la nɛ.

Asesẽ ŋutɔ be ame naxlẽ eƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖia ŋuti nya eye tagbɔsesẽnuwɔna sia maɖu dzi nɛ o. Fianyɔnu Izebel nyae be Mawu ƒe Sea bia be ne wotso ame aɖe nu eye amenutsotsoa nye ŋkubiãnya la, ele be ame eve naɖi ɖase hafi woaxɔ nya la. (5 Mose 19:15) Eya ta eŋlɔ agbalẽ le Axab ƒe ŋkɔ me heɖoe ɖe Yezreel-metsitsiwo be woadi ŋutsu eve siwo alɔ̃ faa be yewoaɖi aʋatsoɖase le Nabot ŋu be egblɔ busunya ale be woate ŋu atso kufia nɛ. Nublanuitɔe la, eƒe nugbeɖoɖoa dze edzi. “Yakame” eve ɖi aʋatsoɖase tso Nabot ŋu, si wɔe be woƒu kpee wòku. Menye Nabot ɖeɖe koe wowu o, ke wowu viaŋutsuwo hã kpe ɖe eŋu! * (1 Fiawo 21:5-14; 3 Mose 24:16; 2 Fiawo 9:26) Le nyateƒe me la,  esi Axab ɖe mɔ na srɔ̃a be wòawɔ nu sia nu si dze eŋu eye wòawu ame maɖifɔwo la, efia be eɖe asi le eƒe tanyenyea ŋu na srɔ̃a.

Bu ale si Eliya se le eɖokui me esi Yehowa ɖe nu si fia la kple fianyɔnua wɔ la fiae ŋu kpɔ. Ne míekpɔ ale si ame vɔ̃ɖiwo tea ame maɖifɔwo ɖe anyi eye wòdzena abe womehea to na wo o ene la, ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie. (Psalmo 73:3-5, 12, 13) Egbea la, míekpɔa eteƒe amewo wɔa nu madzɔmadzɔ dziŋɔwo. Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo le ŋusẽnɔƒe, siwo gblɔna be yewonye Mawu teƒenɔlawo lae wɔa nu siawo. Gake ŋutinya sia ate ŋu afa akɔ na wò, elabena Biblia na míenya be naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. Ekpɔa nu sia nu. (Hebritɔwo 4:13) Ke nu ka wɔm wòle tso ŋutasẽnuwɔna mawo siwo teƒe kpɔm wòle la ŋu?

“NYE KETƆ, ÈKPƆMA?”

Yehowa dɔ Eliya ɖe Axab gbɔ. Mawu gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ele Nabot ƒe waingble me.” (1 Fiawo 21:18) Esi Izebel gblɔ na Axab be waingblea zu etɔ azɔ la, etso yi agblea me enumake ɖanɔ dzidzɔ kpɔm ɖe agble si su esi azɔ la ŋu. Meva susu me nɛ kura be Yehowa nɔ ye kpɔm o. Bu ale si wòanya nɔ sesem le eɖokui me esime wònɔ tsatsam le agblea me hele ale si wòatrɔ asi le agblea ŋu wòazu abɔ nyui aɖe ŋu bum la ŋu kpɔ. Gake kasia Eliya ye nye ema va do! Dzidzɔ si le mo na Axab la trɔ zu dziku kple fuléle eye wògblɔ enumake be: “Nye ketɔ, èkpɔma?”1 Fiawo 21:20.

“Nye ketɔ, èkpɔma?!”

Nya si Axab gblɔ la ɖe bometsitsi ƒomevi eve fia. Gbãtɔa ye nye be esi Axab gblɔ na Eliya be, “Èkpɔma?” la, esia ɖee fia be menɔ Yehowa ŋu bum o. Gake Yehowa ya ‘kpɔe’ xoxo. Ekpɔe be Axab wɔ eƒe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu eye wòle dzidzɔ kpɔm ɖe agble si su esi le Izebel ƒe nugbeɖoɖo vɔ̃ɖia ta la ŋu. Mawu kpɔ Axab ƒe dzi me eye wòkpɔe be elɔ̃ ŋutilãmenuwo wu nublanuikpɔkpɔ, dzɔdzɔenyenye, alo veveseɖeamenu. Evelia ye nye be esi Axab yɔ Eliya be, “Nye ketɔ” la, esia ɖee fia be elé fu ame si nye Yehowa Mawu xɔlɔ̃, si ate ŋu akpe ɖe eya amea ŋu wòatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi hafi la.

Nufiame vevi aɖewo le Axab ƒe bometsinuwɔnaa me na mí. Ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa Mawu o. Fofo lɔ̃amee wònye, eye ne míele tatram le mɔ dzɔdzɔetɔ dzi la enyana, eye wòdina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu míatrɔ míaƒe zɔzɔme. Zi geɖe la, Mawu wɔa esia to exɔlɔ̃wo, siwo nye amegbetɔ wɔnuteƒewo, abe Eliya ene, siwo tsɔa eƒe nya yina na wo nɔvi amegbetɔwo la dzi. Vodada gã ka gbegbee nye esi  wòanye be míabu Mawu xɔlɔ̃ siawo míaƒe futɔwoe!Psalmo 141:5.

Kpɔe ɖa le susu me be Eliya ye nye ema le gbɔgblɔm na Axab be: “Mekpɔ wò.” Ɛ̃, ekpɔ ame si Axab nye la dze sii, be enye fiafitɔ, amewula, kpakple ame si dze aglã ɖe Yehowa Mawu ŋu. Ebia dzinɔameƒo be Eliya nate ŋu anɔ te ɖe ame vɔ̃ɖi ma ŋkume! Gake mese ɖe afi ma o, Eliya yi edzi gblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia na Axab. Nu siwo nɔ edzi yim la menɔ ɣaɣla ɖe Yehowa o—ekpɔe be Axab kple eƒe ƒomea ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖia va le ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe dukɔa me viwo dzi. Eya ta Eliya gblɔ na Axab be Mawu ɖoe be ‘yeakplɔ eyome ƒiaƒiaƒia,’ si fia be atsrɔ̃ fiaƒome bliboa. Woahe to na Izebel hã.1 Fiawo 21:20-26.

Eliya nyae be Mawu ahe to na ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo tafaa ame bubuwo la godoo. Egbea, ame geɖe susunɛ be nu gbegblẽ wɔlawo atsi tomahemahe. Menye ɖeko Biblia me ŋutinya sia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa Mawu kpɔa nu siwo le edzi yim ko o, ke eɖoa kpe edzi na mí hã be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be ŋkeke li gbɔna si dzi wòava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa keŋkeŋ tegbee! (Psalmo 37:10, 11) Gake ɖewohĩ àbia be: ‘To koe Mawu hena na ame le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo mea, alo ɖe wòkpɔa nublanui hã?’

‘ÈKPƆ ALE SI AXAB BƆBƆ EÐOKUI LE ŊKUNYEMEA?’

Esi Axab se Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia la, ale si wòwɔ nui la anya wɔ nuku na Eliya. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.” (1 Fiawo 21:27) Ðe esia fia be Axab trɔ dzi mea?

Míate ŋu agblɔ be eƒe nuwɔnaa ɖee fia be ese veve ɖe nu si wòwɔ la ta. Axab bɔbɔ eɖokui, eye ɖikeke mele eme o be esia menɔ bɔbɔe nɛ o, le esi wònye dadala kple ɖokuiŋudzela ta. Gake ɖe wòtrɔ dzi me vavã? Tsɔ nɔnɔme si wòɖe fia sɔ kple nɔnɔme si Fia Manase si va ɖu fia emegbe, si ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ anya vloe wu Axab tɔ la ɖe fia kpɔ. Esi Yehowa he to na Manase la, ebɔbɔ eɖokui eye wòdo ɣli yɔ Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Gake egawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Etrɔ eƒe agbenɔnɔ, eɖe legba siwo wòli la ɖa keŋkeŋ, edze agbagba gatrɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye wòde dzi ƒo na eteviwo hã be woawɔ nenema ke. (2 Kronika 33:1-17) Ðe Axab hã ɖe afɔ siawoa? Nublanuitɔe la, mewɔe o.

Ðe Yehowa de dzesi ale si Axab ɖee fia be yese veve ɖe nu si yewɔ la ta? Ɛ̃, elabena Yehowa gblɔ na Eliya be: “Èle ekpɔm be, Axab bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunyemea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunyeme la, eya ta nyemana dzɔgbevɔ̃e la nava le eƒe agbe me ŋkekewo me o, ke boŋ mana dzɔgbevɔ̃e la nava eƒe aƒe dzi le via ƒe agbe me ŋkekewo me.” (1 Fiawo 21:29) Ðe Yehowa tsɔ Axab ƒe nu vɔ̃wo keea? Kpao, ne ɖe wòtrɔ dzi me vavã ko hafi Mawu akpɔ nublanui nɛ. (Xezekiel 33:14-16) Gake esi Axab se veve ɖe nu si wòwɔ la ta va se ɖe afi aɖe ta la, Yehowa hã kpɔ nublanui nɛ va se ɖe afi si sɔ. Axab makpɔ ale si woatsrɔ̃ eƒe ƒomea ɖa ŋɔdzitɔe la teƒe o.

Ke hã Yehowa ahe to nɛ godoo. Emegbe la, Yehowa bia Eƒe dɔlawo le dziƒo be mɔ nyuitɔ ka dzie woato aflu Axab ne wòakpɔ gome le aʋa si me woawui le la me hã. Esia megbe kpuie la, nya si Yehowa gblɔ ɖe Axab ŋu la va eme. Wode abi Axab ŋu le aʋa me, eye ʋu ɖuɖu le eŋu le eƒe tasiaɖam la me va se ɖe esime wòku. Nuŋlɔɖia gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia be: Esi wonɔ fia ƒe tasiaɖam la klɔm la, avũwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu. Aleae Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Eliya dzi ɖe Axab ŋu be, “Afi si avũwo ɖuɖɔ Nabot ƒe ʋu le la, afi ma avũwo aɖuɖɔ wò hã wò ʋu le” la va eme le dutoƒo.1 Fiawo 21:19; 22:19-22, 34-38.

Axab ƒe kua ɖo kpe edzi na Eliya kple Elisa kpakple nuteƒewɔla siwo katã nɔ Mawu ƒe amewo dome la be Yehowa meŋlɔ dzideƒo kple xɔse si Nabot ɖe fia la be o. Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la medoa kpo tohehe na ame vɔ̃ɖiwo gbeɖe o, ehea to na wo godoo. Azɔ hã ekpɔa nublanui na ame le ʋɔnudɔdrɔ̃ me ne susu aɖe li si tae wòakpɔ nublanui ɖo. (4 Mose 14:18) Nufiame nyui ka gbegbee esia nye na Eliya, si do dzi le fia vɔ̃ɖi ma ƒe dziɖuɖu te ƒe geɖe la! Ðe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò kpɔa? Èle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa? Ekema anyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ Eliya ƒe xɔse. Eliya kple eƒe zɔhɛ wɔnuteƒe Elisa woyi edzi gblɔ Mawu ƒe gbedeasiwo na eƒe dukɔa, togbɔ be wonɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔm hã!

^ mm. 3 Yehowa na ku ɖi le anyigba la dzi ƒe etɔ̃ kple afã tsɔ ɖee fia be ŋusẽ aɖeke mele Baal, si amewo subɔna be wòana tsi nadza eye anyigba nawɔ nu la si o. (1 Fiawo, ta 18) Kpɔ nyati siwo ƒe tanyae nye “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” siwo dze le January 1 kple April 1, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 13 Izebel anya susui be waingblea ava zu Nabot viŋutsuwo ƒe domenyinu, eye anɔ eme be esia tae wòna wowu Nabot viŋutsuawo hã ɖo. Àte ŋu axlẽ nu tso nu si tae Mawu ɖea mɔ ameteteɖeanyi siawo tɔgbi dzɔna la ŋu le magazine sia ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Exlẽlawo Bia Be” la me.