Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana Amewo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Nunana Amewo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

“ƲUA ate ŋu adzo, gake China ŋutsua ya mayi o!” Nya mae Alexandra se esime wònɔ ʋu si aho tso Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me atsò dea ayi dukɔ bubu me. Alexandra ɖi be yeakpɔe ɖa be nu kae le dzɔdzɔm hã, eye wòkpɔ be Chinatɔ ɖekakpui aɖe nɔ agbagba dzem do kpoe be yeado Spaingbe si mese nyuie o la atsɔ aɖe nu si dzɔ ɖe edzi la me na dzɔla siwo le dea dzi la dometɔ ɖeka. Esi Alexandra dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe si wowɔna le Chinagbe me ta la, egblɔ be yedi be yeaɖe gbea gɔme.

Ŋutsua gblɔ be dukɔmevie yenye le se nu gake wofi yeƒe ga kple dukɔmevinyenyegbalẽwo. Gbãa, dzɔlaa medi be yeaxɔ nyaa dzi ase o, eye wòsusui gɔ̃ hã be ɖe Alexandra fi ŋutsua yina dzadzra ge. Emegbe eva lɔ̃ ɖe ŋutsua ƒe numeɖeɖewo dzi, gake eka ga na wɔnamanɔŋutɔ sia le esi eƒe agbalẽwo mede o ta. Esi ga aɖeke mele ŋutsua si o ta la, Alexandra na dɔlar 20 ŋutsua. Ŋutsua menya ale si gbegbe wòada akpe nɛ o, eye wògblɔ be yeaxe ga si wu dɔlar 20 nɛ. Alexandra ɖe eme nɛ be menye teƒeɖoɖo dim yele o, ke boŋ edzɔ dzi na ye be yekpe ɖe eŋu elabe emae nye nu nyuitɔ si wòle be yeawɔ. Alexandra tsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo na ŋutsua, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòana Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplii.

Ne míese be ame ɖe nyo dɔme na amedzro aɖe la, edzɔa dzi na mí, eye ɖikeke manɔmee la, ame siwo le subɔsubɔha vovovowo me kple ame siwo mele haa aɖeke me o hã nyoa dɔme alea. Ðe nàlɔ̃ faa be yeakpe ɖe ame bubu aɖe ŋu le mɔ sia tɔgbi nua? Nyabiase ma le vevie elabe Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Egale vevie elabena numekulawo va de dzesii be nunana amewo ɖea vi na nua nala. Na míakpɔ mɔ siwo nu wòɖea vii le la ɖa.

“AME SI NAA NU KPLE DZIDZƆ”

Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be nunana amewo nana míekpɔa dzidzɔ zi geɖe. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Kristotɔ siwo na nu faa tsɔ kpe ɖe wo nɔvi siwo ɖo xaxa me ŋu la ƒe nya gblɔm wòle. (2 Korintotɔwo 8:4; 9:7) Paulo megblɔ be esi dzi le wo dzɔm tae wona nua ɖo o. Ke boŋ dzi dzɔ wo le esi wona nu wo nɔviwo ta.

Le nyateƒe me la, numekuku aɖe gblɔ be nunana amewo “nana ahɔhɔ̃a ƒe akpa si nana míekpɔa dzidzɔ, tena ɖe amewo ŋu eye míekana ɖe amewo dzi la wɔa dɔ nyuie, eye esia wɔnɛ be míaƒe dzi dzea eme be míena nu ame aɖe.” Wokpɔe le numekuku bubu aɖe hã me be “Ne míena ga ame aɖe la, dzi dzɔa mí wu be míawo ŋutɔwo míazã gaa.”

Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be le yeƒe nɔnɔmewo ta, yemate ŋu ana nu amewo oa? Nyateƒeae nye be ame sia ame ate ŋu anye “ame si naa nu kple dzidzɔ” be wòakpɔ dzidzɔ. Ne susu nyui ye míetsɔ le nua nam la mehiã be wòanye nu gã aɖe kokoko o. Yehowa Ðasefo aɖe ŋlɔ nya siwo gbɔna la tsɔ kpe ɖe nudzɔdzɔ aɖe ŋu ɖo ɖe magazine sia talawo be: “Le ƒe siwo katã va yi me la, ga sue aɖe koe metea ŋu dzɔna le Fiaɖuƒe Akpata me.” Ke hã, egblɔ kpee be: “Yehowa Mawu ɖoa eteƒe nam geɖe wu nu si menanae. . . . Akpe na mi be miena mɔnukpɔkpɔam be maɖo nu sia ɖa—enana nye dzi dzea eme.”

Le nyateƒe me la, menye ga koe míate ŋu ana amewo o. Mɔ bubu geɖewo li si dzi míato ana nu.

NUNANA AMEWO DEA LÃMESẼ DZI

Nunana amewo ɖea vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwo

Biblia gblɔ be: “Ame si nyoa dɔme la le nyui wɔm na eya ŋutɔ ɖokui, ke ŋutasẽla hea xaxa vaa eya ŋutɔ ɖokui dzi.” (Lododowo 11:17) Ame siwo nyoa dɔme la zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe amewo ŋu eye woléa be na amewo hewɔa nu bubuwo na wo. Nɔnɔme sia kpena ɖe wo ŋu le mɔ geɖewo nu, eye esiawo dometɔ ɖekae nye be edea woƒe lãmesẽ dzi.

Numekukuwo ɖee fia be ame siwo lɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu la, meléa dɔ alo léa blanui abe ame bubuwo ene o. Kpuie ko la, wonɔa lãmesẽ me wu. Dɔmenyonyo wɔe be ame aɖewo siwo ŋu ahɔhɔ̃medɔ ƒomevi aɖe alo HIV le la ƒe nɔnɔmewo ka ɖe eme. Wode dzesii hã be ame siwo le agbagba dzem be yewoadzudzɔ ahanono siwo kpena ɖe ame bubuwo ŋu la, meléa blanui fũu o eye wotea ŋu ƒoa asa na ahanono.

Wogblɔ be nu si ta wòle aleae nye be, “veveseseɖeamenu, nyuiwɔwɔ kple dɔmenyonyo wɔnɛ be ame meganɔa nu manyomanyowo ŋu bum fũu o.” Nunana ame bubuwo ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi kple ʋusɔgbɔdɔ dzi akpɔtɔ. Eye ame siwo srɔ̃ ku eye wokpena ɖe ame bubuwo ŋu la te ŋu ɖu woƒe nuteɖeamedziwo dzi kaba.

Nyateƒea koe nye be, nunana amewo ɖea vi na ame.

NE ÈNA NU AMEWO LA AMEWO HÃ ANA NU WÒ

Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. Woadzidze nu nyuie, atee, aʋuʋui wòagbagba akɔ ɖe avɔ me na mi. Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.” (Luka 6:38) Ne èna nu amewo la, woada akpe na wò, eye woawo hã woadi be yewoana nu amewo. Nunana amewo doa ɖekawɔwɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe ŋgɔ.

Nunana amewo doa ɖekawɔwɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe ŋgɔ

Numekula siwo srɔ̃ nu tso amegbetɔwo ƒe ƒomedodowo ŋu la de dzesii be “ame siwo lɔ̃na faa be yewoakpe ɖe amewo ŋu la ƒe nuwɔnawo dea dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema.” Le nyateƒe me la, “nuxexlẽ tso ame siwo wɔ nyui na ame bubuwo etɔxɛe ŋu kpe ɖe ame aɖewo ŋu wozu dɔmenyolawo.” Eya ta le numekuku aɖe ƒe nya nu la, “ame sia ame ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame gbogbo aɖewo siwo dome wòle siwo eya ŋutɔ menya loo alo kpɔ kpɔ o gɔ̃ hã dzi.” Ne míagblɔe bubui la, dɔmenyonyo na ame ɖeka aɖe ate ŋu awɔe be vivivi la nuto aɖe me tɔwo katã nava nye dɔmenyolawo. Ðe màdi be yeanɔ teƒe aɖe alea oa? Ɛ̃, nu nyui geɖe ado tso eme ne amewo naa nu faa.

Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe dzɔ le Florida, U.S.A. Yehowa Ðasefo aɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoana kpekpeɖeŋu esi ahom sesẽ aɖe gblẽ nu vɔ megbe. Esi wonɔ nu siwo woazã atsɔ awɔ dɔa lalam le aƒe si ŋu woawɔ dɔa le me la, wode dzesii be aƒelika aɖe ƒe kpɔ kaka eye wogblɔ nɛ be yewoaɖɔe ɖo. Aƒelikaa gblɔ ɖe lɛta aɖe si wòŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã emegbe me be: “Manɔ akpe dam na mi ɖaa. Ame siawoe nye ame nyuitɔ kekeake siwo medo goe kpɔ.” Ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe nu si wowɔ nɛ ŋu wɔe be wòɖo nudzɔdzɔ aɖe ɖa be woatsɔ akpe asi ɖe nu si wòyɔ be Ðasefoawo ƒe dɔ tɔxɛ la ŋu.

SRƆ̃ NUNALA GÃTƆ ƑE KPƆÐEŊU

Nu ɖedzesi aɖe si ŋu numekulawo ke ɖo la ɖee fia be “nane le amegbetɔwo me si nana wodina be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu.” Numekukua gblɔ tso ɖeviwo gɔ̃ hã ŋu be wodina be “yewoawɔ nyui na ame hafi va tea nuƒoƒo.” Nu ka tae? Biblia ɖo nya sia ŋu esi wògblɔ tso amegbetɔwo ŋu be ‘Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo,’ si fia be Mawu ƒe nɔnɔmewoe le mía si.—1 Mose 1:27.

Nɔnɔme nyui siwo le mía Wɔla, Yehowa Mawu si la dometɔ ɖekae nye dɔmenyonyo. Ena agbe kple nu sia nu si ana dzi nadzɔ mí la mí. (Dɔwɔwɔwo 14:17; 17:26-28) Míate ŋu anya mía Fofo si le dziƒo la kple tame si lɔlɔ̃ ʋãe wòɖo ɖe mía ŋu to eƒe Nya Biblia la sɔsrɔ̃ me. Agbalẽ ma na míenya be Mawu wɔ ɖoɖo ɖe ale si míakpɔ dzidzɔ le etsɔme ŋu. * (1 Yohanes 4:9, 10) Esi Yehowa Mawu gbɔe dɔmenyonyo dzɔ tso eye wowɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, mía Mawu la sɔsrɔ̃ le nunana amewo me aɖe vi na mí eye wòana Mawu nakpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu.—Hebritɔwo 13:16.

Èɖo ŋku Alexandra si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze dzia? Aleke eƒe nyaa va wu enui? Togbɔ be mɔzɔla bubu aɖe gblɔ nɛ be etsɔ eƒe ga ƒu gbe hã la, ŋutsu si ŋu wòkpe ɖo la yɔ exɔlɔ̃ aɖe le du si me ʋua va tɔ ɖo la me eye wòxe dɔlar 20 la nɛ enumake. Azɔ hã ŋutsua wɔ ɖe aɖaŋu si Alexandra ɖo nɛ la dzi eye wòte Biblia sɔsrɔ̃. Alexandra kpɔ dzidzɔ esi wògado goe ɣleti etɔ̃ megbe le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le Chinagbe me le Peru la me. Esi ŋutsua di be yeagada akpe nɛ ɖe nu siwo katã wòwɔ na ye ta la, ekpe Alexandra kple ame siwo va takpekpe kplii la yi yeƒe nuɖuɖudzraƒe.

Nunana amewo kple kpekpe ɖe amewo ŋu nana wokpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Míegakpɔa dzidzɔ wu ne míekpe ɖe ame aɖe ŋu eye míeto ema dzi na wòva nya Yehowa Mawu, ame si nye nu nyuiwo katã Nala! (Yakobo 1:17) Wò hã ɖe nèle dzidzɔ si dona tsoa nunana amewo me la kpɔma?

^ mm. 21 Àte ŋu axlẽ nu geɖe le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.mr1310.com/ee. Ʋu AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.