Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Ate Ŋu Agblẽ Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Ate Ŋu Agblẽ Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

 Nyɔnua va nya nu si srɔ̃a nɔ wɔwɔm le bebeme. Ŋutsua ɖe kuku vevie be ye tɔ medzɔ o. Edo ŋugbe be yeadzudzɔ, eye wòdzudzɔ hã—hena ɣeyiɣi aɖe. Gake egava dze egɔme ake, eye ɖeko nuwo va nɔ abe ale si wonɔ tsã ene.

 Ðe nèle nɔnɔme sia tɔgbi mea? Ne nenemaea, ke ele be nàde dzesi ale si gbegbe wò amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ le nu gblẽm le srɔ̃wò ŋu kple ale si nàwɔ adzudzɔ nuwɔna sia keŋkeŋ. a

Nu si me míadzro le nyati sia me

 Nu si wòle be nànya

 Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe me. Nuwɔna sia ate ŋu ana srɔ̃tɔ kemɛa nalé dziku ɖe dɔme, eye magaka ɖe srɔ̃a dzi o. b

 Ne srɔ̃nyɔnu aɖe srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawoa, nu siwo wòate ŋu agblẽ le nyɔnua ŋu dometɔ aɖewoe nye esi:

  •   Ase le eɖokui me be ye srɔ̃ mewɔ nuteƒe na ye o. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sarah gblɔ be, “Ðeko wònɔ abe ɖe srɔ̃nye wɔ ahasi zi gbɔ zi geɖe ene.”

  •   Ase le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Nyɔnu aɖe si srɔ̃ kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo edziedzi la sena le eɖokui me be ‘eɖi gbɔ ye eye yemedze tugbe hã o.’

  •   Magaka ɖe srɔ̃a dzi o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Helen gblɔ be, “Nu sia nu si srɔ̃nye wɔa, mesusuna be ɖe wògale amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm tae.”

  •   Atsi dzimaɖi. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Catherine gblɔ be, “Srɔ̃nye ƒe numamea wɔe be mede vovo ge le agbe me do kpoe.”

 Bu nya sia ŋu kpɔ: Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsu be wòalɔ̃ srɔ̃a. (Efesotɔwo 5:25) Ke ne ena srɔ̃a le nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi me toma, ɖe wòle elɔ̃m vavã?

 Nu si nàte ŋu awɔ

 Asiɖeɖe le gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu menɔa bɔbɔe kura o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Stacey gblɔ be, “Srɔ̃nye te ŋu ɖe asi le atamanono, gbekuinono, kple aha tsu nono ŋu, gake egale sesẽm nɛ kokoko be wòaɖe asi le amamaɖeɖenuwɔnawo ya kpɔkpɔ ŋu.”

 Ne èle nɔnɔme sia mea, ekema aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe asi le numame sia ŋu keŋkeŋ.

  •   De dzesi nu si tae amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ nye nu gbegblẽ. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ nana ame wɔa nu ɖokuitɔdiditɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe vivisese ta, eye esia wɔnɛ be lɔlɔ̃, kaka ɖe ame nɔewo dzi, kple nuteƒewɔwɔ si hiã ale be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe mea megava nɔa anyi o. Azɔ hã, enye bubumademade Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la ŋu.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu.”—Hebritɔwo 13:4.

  •   Lɔ̃ ɖe edzi be ye gbɔe kuxia tso. Mègagblɔ be, ‘Ne ɖe srɔ̃nye ɖea lɔlɔ̃ fiam geɖe wua, anye ne nyemakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo hafi o.’ Masɔ kura be nàda fɔbubua ɖe srɔ̃wò dzi o, eye ɖeko esia ana nàgatrɔ ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu ake ne èse le ɖokuiwò me be meɖe lɔlɔ̃ fia ye o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.”—Yakobo 1:14.

  •   Ðo dze tso kuxia ŋu kple srɔ̃wò faa, mègaɣla naneke ɖee o. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kevin gblɔ be: “Meɖoa dze tso nye kuxia ŋu kple srɔ̃nye gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, ne meyi edzi nɔ ŋku lém ɖe nane si anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe menye ŋu alo meɖu ɖokuinye dzia, megblɔnɛ nɛ. Esia wɔe be mesena le eɖokui me be mele nane ɣlam ɖe ye o.”

     Biblia ƒe mɔfiame: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

  •   Nɔ ŋudzɔ. Ne èsusu be yeɖu numamea dzi gɔ̃ hãa, nyae be kuxia agate ŋu ado mo ɖa le ƒe aɖewo megbe gɔ̃ hã. Kevin, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Medzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe ewo, eye meka ɖe edzi na ɖokuinye be meɖu kuxia dzi keŋkeŋ. Gake sigbeɖe, ɖeko numamea be dzaa henɔ lalam na ɣeyiɣi nyuitɔ be yeagado ta ɖa ake.”

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.”—1 Korintotɔwo 10:12.

  •   Ne dzodzroa nyɔ ɖe mewòa, tɔ sẽe gbɔ. Togbɔ be màte ŋu axe mɔ na dzodzro vɔ̃a be megava o hãa, àte ŋu atiae nenye be yeaɖu edzi loo alo yemaɖu edzi o. Dzodzroa nu ayi—eye ɖewohĩ enu ayi kaba wu ne èsrɔ̃ ale si nàtrɔ susu ɖe nu bubuwo ŋu.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nanya ale si wòaɖu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe fieŋufieŋu me” o.—1 Tesalonikatɔwo 4:4, 5.

  •   Ƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ana nàgadze nu mawo kpɔkpɔ gɔme ake. Agbalẽ aɖe gblɔ be: ‘Ne èva le nɔnɔme aɖe si ana dzodzro vɔ̃a nanyɔ ɖe mewò mea, ke ɖeko wòle abe èsi matsesi ene. Petrol (alo essence) vi aɖe koe hiã koa dzoa nalé vla.’—Willpower’s Not Enough.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mègana nu vɔ̃ɖi aɖeke naɖu dzinye o.”—Psalmo 119:133.

  •   Dzi megaɖe le ƒowò o. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi, alo ƒewo gɔ̃ hã, hafi srɔ̃wò nagava ka ɖe dziwò ake. Gake eva eme nenema le srɔ̃tɔ geɖe gome.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu.”—1 Korintotɔwo 13:4.

a Togbɔ be wogblɔ nyawo tɔ ɖe srɔ̃ŋutsuwo ŋu le nyati sia me hãa, nufiame siwo le emea yi na srɔ̃nyɔnu siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo hã.

b Srɔ̃tɔ aɖewo gblɔna be ne yewokpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo ɖekaea, esia ana yewo dome nagavivi wu. Gake nuwɔna sia mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiamewo o.—Lododowo 5:15-20; 1 Korintotɔwo 13:4, 5; Galatiatɔwo 5:22, 23.