Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nazã Mɔxexeɖefufɔfɔnu Ƒe Mɔnuwoa?

Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nazã Mɔxexeɖefufɔfɔnu Ƒe Mɔnuwoa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Yesu mede se na eyomedzelawo be woadzi vi loo alo womegadzi vi o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke hã mede se ma tɔgbi o. Biblia me nya aɖeke metsi tre ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ŋu o. Le go sia me la, ele be ame nabu nya si dze le Romatɔwo 14:12 la ŋu. Afi ma gblɔ be: “Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”

 Eya ta ekpo ɖe srɔ̃tɔwo ŋutɔ gbɔ be woatiae be yewoadzi vi loo alo yewomadzi vi o. Eye wokpɔ mɔ atso nya me le vi neni si woadzi kple ɣeyiɣi siwo me woadi be yewoadzi wo hã ŋu. Ne ŋutsu aɖe kple srɔ̃a tiae be yewoazã mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒe mɔnu aɖe si manye fuɖeɖe o la, woawo ŋutɔ woƒe nyae. Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu wo o.—Romatɔwo 14:4, 10-13.