Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Fuɖeɖe Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Fuɖeɖe Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Togbɔ be Biblia mezã nya “fuɖeɖe” le gɔmesese si nye be woaɖoe koŋ aɖe fugboe aƒu gbe nu o hã la, mawunyakpukpui geɖe na míenya ale si Mawu bua amegbetɔ ƒe agbee, eye vidzĩ nɔdɔme ƒe agbe hã le eme.

 Agbe nye nunana tso Mawu gbɔ. (1 Mose 9:6; Psalmo 36:9) Mawu bua agbe nu xɔasii, vi nɔdɔme ƒe agbe hã le eme. Eya ta ne ame aɖe ɖoe koŋ ɖe vi nɔdɔme aɖe ƒe agbe ɖa la, ewu ame.

 Mawu gblɔ le Se si wòde na Israel-viwo me be: “Ne ŋutsuwo le avu wɔm, eye wowɔ nu vevi nyɔnu funɔ aɖe, eye wòdzi vi evɔ eƒe ŋkeke mekpɔ de hafi o, gake afɔku aɖeke medzɔ si he ku vɛ o la, ele be agɔdzelaa naxe fe si nyɔnua srɔ̃ abla nɛ; eye wòaxee to ʋɔnudrɔ̃lawo dzi. Ke ne afɔku aɖe dzɔ, si he ku vɛ la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe.”—2 Mose 21:22, 23. a

 Ɣekaɣie amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme?

 Le Mawu gbɔ la, amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme ne wonya fɔ eƒe fu ko. Mawu ɖee fia enuenu le eƒe Nya, Biblia, me be amee vidzĩ nɔdɔme la hã nye. Bu kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖee fia be Mawu medea vovototo vi si le dɔ me kple esi wodzi dome o la ŋu kpɔ.

  •   Gbɔgbɔ ʋã Fia David wògblɔ na Mawu be: “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe.” (Psalmo 139:16) Esia fia be hafi woadzi David gɔ̃ hã la, Mawu bui amegbetɔe.

  •   Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ɖoe be yeade dɔ tɔxɛ aɖe asi na nyagblɔɖila Yeremiya hafi wova dzii gɔ̃ hã. Mawu gblɔ nɛ be: “Hafi mava mè wò ɖe dɔ me la, menya wò, eye hafi woadzi wò la, mekɔ ŋuwò. Metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.”—Yeremiya 1:5.

  •   Biblia ŋlɔla Luka, si nye atikewɔla la, zã Helagbe me nya ɖeka ma ke tsɔ ɖɔ vi si le dɔ me kple vi si wodzi la siaa.—Luka 1:41; 2:12, 16.

 Ðe Mawu atsɔ ame aɖe si ɖe fu kpɔ la ƒe nu vɔ̃ akeea?

 Mawu ate ŋu atsɔ ame siwo ɖe fu kpɔ la ƒe nu vɔ̃ ake wo. Ne fifia wobua agbea nu xɔasii abe ale si Mawu bunɛ ene la, ke mahiã be woabu fɔ wo ɖokuiwo atraɖii o. “Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula . . . Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” b (Psalmo 103:8-12) Yehowa atsɔ ame siwo trɔ dzime bliboe tso nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi me la ƒe nu vɔ̃wo ake wo, eye esia lɔ fuɖeɖe hã ɖe eme.—Psalmo 86:5.

 Ðe wòagblẽ be woaɖe fu ne funɔa ƒe agbe alo ɖevia ƒe agbe ɖo afɔku mea?

 Le nya siwo Biblia gblɔ tso vi nɔdɔme ƒe agbe ŋu ta la, masɔ be woaɖe fu le esi wobui be esia ate ŋu agblẽ nu le funɔa alo via ŋu ta o.

 Ke ne nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa le ɖevia dziɣi si na wòva hiã kpata be woatiae nenye be woana vidadaa loo alo ɖevia natsi agbe ya ɖe? Le go sia tɔgbi me la, ahiã be ame siwo nyaa ka la ŋutɔ natso nya me le ame si woadze agbagba be yewoana wòatsi agbe la ŋu.

a Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo na wòdze abe se sia si wode na Israel-viwo la ku ɖe nu si adzɔ ɖe funɔa dzi, ke menye nu si adzɔ ɖe fugboea dzi o ene. Gake le Hebri ŋɔŋlɔawo nu la, se sia ku ɖe afɔku si adzɔ ɖe funɔa loo alo vi nɔdɔmea dzi la ŋu.

b Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.