Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe “Nu Vɔ̃ Adre” Aɖewo Li Siwo Wua Amea?

Ðe “Nu Vɔ̃ Adre” Aɖewo Li Siwo Wua Amea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia meyɔ “nu vɔ̃ adre” aɖewo koŋ be wowua ame o. Gake Biblia fia nu be ne ame tsɔ nu vɔ̃ gãwo wɔwɔ ɖo dɔe la, esia ate ŋu awɔe be makpɔ agbe o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso nu vɔ̃ gãwo abe gbɔdɔdɔ manɔsenu, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, dɔmedzoedodowo, kple ahamumu ene ŋu be wonye “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo.” Eye wògblɔ kpee be: “Ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.”​—Galatiatɔwo 5:​19-​21. a

Ðe Biblia megblɔ be ‘nu adre nye ŋunyɔ’ na Mawu oa?

 Ɛ̃, Biblia gblɔe. Lododowo 6:16 gblɔ be: “Nu adee Yehowa lé fui; ɛ̃, nu adree nye ŋunyɔ nɛ.” Gake menye nu adre siwo woyɔ le Lododowo 6:17-19 la ɖeɖe koe nye nu vɔ̃ siwo nyɔa ŋu na Mawu o. Ke boŋ nu siwo woyɔ le afi ma la nye nu vɔ̃ ƒe hatsotso vovovo siwo lɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe eme; abe esiwo kuna ɖe míaƒe nuƒoƒo, nuwɔna, kple nuŋububu ŋu ene. b

Nu kae nyagbɔgblɔ “nu vɔ̃ si wua ame” fia?

 Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo zã nya sia le 1 Yohanes 5:16. Le kpɔɖeŋu me, The New American Bible ɖe egɔme be: “Nu vɔ̃ aɖe li si wua ame.” Woagate ŋu aɖe nya si gɔme woɖe be ‘nu vɔ̃ si wua ame’ la gɔme be “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me.” Vovototo kae le “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me” kple “nu vɔ̃ si mekplɔa ame yia ku me o” dome?​—1 Yohanes 5:16.

 Biblia na eme kɔ ƒãa be nu vɔ̃ ɖe sia ɖe hea ku vɛ. Ke hã, woate ŋu ato Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Eya ta “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me” nye nu vɔ̃ si womate ŋu anɔ te ɖe Kristo ƒe tafea dzi atsɔ ake ame o. Woate ŋu agblɔ tso ame si ɖoe koŋ tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe, eye wogbe be yematrɔ yeƒe nɔnɔme alo agbenɔnɔ gbeɖe o la ŋu be ele nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me wɔm. Biblia gagblɔ hã be ne ame wɔ nu vɔ̃ sia ƒomevi la “womatsɔe akee o.”​—Mateo 12:31; Luka 12:10.

a Menye nu vɔ̃ 15 siwo woyɔ le Galatiatɔwo 5:​19-​21 la ɖeɖe koe nye nu vɔ̃ gãwo o, elabena esi Biblia yɔ wo vɔ la, egblɔ kpee be “kple nu siawo tɔgbi.” Esia bia be nuxlẽlaa nazã eƒe nugɔmesese atsɔ ade dzesi nu vɔ̃ siwo le abe ‘esiawo tɔgbi’ ene.

b Lododowo 6:​16 nye Hebrigbe me adagana siwo me wozãa xexlẽdzesi eve le hetsɔa evelia tea gbe ɖe gbãtɔ dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Wozãa adagana siawo ƒomevi le Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe.—Hiob 5:19; Lododowo 30:15, 18, 21.