Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?

Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃, Mawu atsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò ne èɖe afɔ siwo sɔ. Biblia gblɔ be Mawu “tsɔa vodada kena faa” eye wòtsɔna ‘kena geɖe.’ (Nehemiya 9:17; Psalmo 86:5; Yesaya 55:7) Ne Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, etsɔa wo kena keŋkeŋ. Yehowa ‘tutua miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.’ (Dɔwɔwɔwo 3:19) Mawu tsɔna kena tegbee hã, elabena egblɔ be: “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.” (Yeremiya 31:34) Ne etsɔe ke la, megagbugbɔ nɔa ŋku ɖom edzi ale be wòabu fɔ mí alo ahe to na mí ɖe eta o.

 Gake menye nublanuikpɔkpɔ si gbɔ eme alo seselelãme dzro aɖe ko dzie Mawu ƒe tsɔtsɔke nɔ te ɖo o. Metrɔa eƒe nudidi dzɔdzɔewo o. Esia ta metsɔa nu vɔ̃ aɖewo kena o.​—Yosua 24:19, 20.

Afɔ Siwo Nàɖe Be Mawu Natsɔe Ake Wò

  1.   Lɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ si yewɔ la nye dada le Mawu ƒe nudidiwo dzi. Togbɔ be anɔ eme be wò nuwɔnawo anya gblẽ nu le ame bubuwo ŋu hã la, ele be nàlɔ̃ ɖe edzi gbã be Mawu ŋue yewɔ nu vɔ̃a ɖo.​—Psalmo 51:1, 4; Dɔwɔwɔwo 24:16.

  2.   Ʋu wò nu vɔ̃a me na Mawu le gbedodoɖa me.​—Psalmo 32:5; 1 Yohanes 1:9.

  3.   Se veve ɖe wò nu vɔ̃a ta vevie. “Mawumenuxaxa” sia ana nàtrɔ dzi me. (2 Korintotɔwo 7:10) Esia bia hã be nàse veve ɖe afɔɖeɖe si kplɔ wò de nu vɔ̃a me la ta.​—Mateo 5:27, 28.

  4.   Trɔ wò nuwɔnawo. Esia fia be ‘nàtrɔ dzi me.’ (Dɔwɔwɔwo 3:19) Ate ŋu afia be nàdzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ alo nàtrɔ wò nuŋububu kple wò afɔɖeɖe keŋkeŋ.​—Efesotɔwo 4:23, 24.

  5.   Ðe afɔ siwo aɖɔ kuxia alo nu si gblẽ la ɖo. (Mateo 5:23, 24; 2 Korintotɔwo 7:11) Ðe kuku na ame siwo ŋu wò nuwɔnaa gblẽ nu le, eye ne anya wɔ la, dze agbagba nàɖɔ nu si gblẽ la ɖo.​—Luka 19:​7-​10.

  6.   Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòanɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi atsɔe ake ye. (Efesotɔwo 1:7) Hafi woaɖo wò gbedodoɖawo ŋu la, ele be wò ŋutɔ hã nàtsɔ ame siwo da vo ɖe ŋuwò la ƒe vodadawo ake wo.​—Mateo 6:​14, 15.

  7.   Ne nu vɔ̃ gãe nèwɔ la, bia kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si dze akpe ɖe ŋuwò be mí kple Mawu dome naganɔ nyuie la gbɔ eye wòado gbe ɖa ɖe tawò.​—Yakobo 5:14-16.

Susu totro siwo le ame si ku ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu

 “Nye nu vɔ̃wo wu gbɔgblɔ, womate ŋu atsɔ wo akem o.”

Mawu tsɔ nu vɔ̃ si David wɔ esime wòwɔ ahasi hewu ame la kee

 Ne míenya wɔ nu siwo Mawu gblɔ le Biblia me be míawɔ bene yeatsɔe ake mí ko la, atsɔe ake mí elabena ŋutete si le esi be wòatsɔ ake la de ŋgɔ sãsãsã wu míaƒe nu vɔ̃wo. Ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ gãwo kple esiwo míewɔ zi geɖe va yi hã ake mí.​—Yesaya 1:18.

 Le kpɔɖeŋu me, Israel Fia David wɔ ahasi hewu ame eye wotsɔe kee. (2 Samuel 12:7-13) Wotsɔ ke apostolo Paulo ame si se le eɖokui me be yee nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã. (1 Timoteo 1:15, 16) Mawu tsɔe ke Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, siwo Mawu bu fɔe le esi wowu Yesu si nye Mesia la ta, ne wonya trɔ dzi me ko.​—Dɔwɔwɔwo 3:15, 19.

 “Ne meʋu nye nu vɔ̃wo me na pastɔ alo fada ko la, woatsɔe kem.”

 Womena ŋusẽ amegbetɔ aɖeke egbea be wòatsɔ ehavi amegbetɔ si wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu la ƒe nu vɔ̃wo akee o. Togbɔ be nu vɔ̃ me ʋuʋu na ame bubu ate ŋu akpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu be wòakpɔ gbɔdzɔe hã la, Mawu ɖeɖe koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake.​—Efesotɔwo 4:32; 1 Yohanes 1:7, 9.

 Ne nyaa le alea ɖe, ke nya si Yesu gblɔ na apostoloawo be: “Ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, ekema wotsɔ wo ke wo; gake ame siwo ƒe nu vɔ̃wo mietsɔ ke o la, wometsɔ wo ke wo o” la gɔme ɖe? (Yohanes 20:23) Ŋusẽ tɔxɛ aɖe si Yesu ana apostoloawo ne gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.​—Yohanes 20:22.

 Abe ale si wodo ŋugbe na apostoloawo ene la, woxɔ nunana sia esi gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Apostolo Petro zã ŋusẽ sia esi wòdrɔ̃ ʋɔnu nusrɔ̃la Anania kple Safira. Petro to nukumɔ aɖe dzi nya woƒe alakpadada vɔ̃ɖi la, eye ʋɔnu si wodrɔ̃ wo la ɖee fia be wometsɔ woƒe vodadawo ke wo o.​—Dɔwɔwɔwo 5:1-11.

 Gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana wɔnuku ma wu enu esi apostoloawo ku abe ale si ko wònɔ le dɔyɔyɔ kple nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo hã gome ene. (1 Korintotɔwo 13:8-10) Eya ta amegbetɔ aɖeke mate ŋu atsɔ nu vɔ̃ si ame aɖe wɔ ɖe Mawu ŋu la akee o.