Dzo kpo yi emenuwo dzi

Enɔ Te Sesĩe Togbɔ Be Ele Kuxi Sesẽ Aɖe Me Hã

Enɔ Te Sesĩe Togbɔ Be Ele Kuxi Sesẽ Aɖe Me Hã

 Aƒenɔ aɖe si ŋkɔe nye Virginia si nye Yehowa Ðasefo aɖe le gbagbadɔ sesẽ aɖe lém. Eƒe ameti bliboa katã tu. Mate ŋu aƒo nu alo aɖu nu o. Ðeko wòate ŋu akpɔ nu, ase nu, aʋu eƒe ŋku agatu wo eye wòate ŋu aʋa eƒe ta vie ko. Gake menye nenemae wònɔ tso eƒe ɖevi me o, ke boŋ enɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ nɔ eŋu. Gake gbe ɖeka ŋdi aɖe le 1997 mea, enɔ veve aɖe sem le eƒe ʋuɖome. Vevesesea nu sẽ ŋutɔ. Eya ta srɔ̃a kplɔe yi kɔdzi, eye esi wova ɖo kɔa dzia, eyi ɖi me le fiẽ me. Kwasiɖa eve megbe hafi wònyɔ tso ɖia me. Esi wònyɔa, ekpɔ eɖokui le afi si wokpɔa ame siwo ƒe dɔlelé nu sẽ ŋutɔ le, eye wode ka aɖewo to eƒe ŋɔtime keŋ. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo mea, megatea ŋu ɖoa ŋku naneke dzi o, meɖo ŋku eya ŋutɔ ɖokui gɔ̃ hã dzi o.

 Virginia gblɔ nu si dzɔ kplɔe ɖo. Egblɔ be: “Vivivia, megava nɔ ŋku ɖom nuwo dzi ake. Medo gbe ɖa vevie. Nyemedi be maku agblẽ vinye ŋutsuvi sue la ɖi o. Be mana dzi nakpɔtɔ anɔ ƒonyea, medze agbagba be maɖo ŋku mawunyakpukpui geɖewo dzi.

 “Emegbe ɖɔktawo va ɖem le afi si wokpɔa dɔlelé sesẽwo gbɔ le. Le ɣleti ade mea, mede kɔdzi kple dɔdaƒe vovovowo eye emegbea, woɖe asi le ŋunye megbɔ va aƒe me. Gake mekpɔtɔ tu kokoko, eye nyemetea ŋu wɔa naneke o, ehiã be woawɔ nu sia nu nam. Dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe! Mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke megale ŋunye le Yehowa kple amewo gbɔ o. Eye metsi dzi ɖe ale si mawɔ akpɔ vinyea dzia ŋu.

 “Mete nuxexlẽ tso Ðasefo siwo ƒe nɔnɔmea le abe tɔnye enea ŋu, eye ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mekpɔ nu siwo gbegbe wote ŋu le wɔwɔm na Yehowa le woƒe nɔnɔme sesẽ mawo me. Ta nye hã mesrɔ̃e be matsɔ susu aɖo nu siwo mate ŋu awɔ la ŋu, ke menye nu siwo nyemate ŋu awɔ o la ŋu o. Do ŋgɔ na nye dɔlélea, menye ɣesiaɣie mekpɔa ɣeyiɣi ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa ŋu o. Gake fifia, ŋkeke bliboa li nam gbe sia gbe. Ta le esi teƒe be manɔ anyi ɖi ko anɔ nu xam eye dzi naɖe le ƒonyea, metsɔa susu ɖoa Yehowa subɔsubɔ ŋu geɖe wu.

 “Mesrɔ̃ kɔmpiuta zazã. Wotrɔ asi le dɔwɔnu aɖe si le nye kɔmpiuta dzi la ŋu be wòade dzesi nye ta ƒe ʋaʋã. Ne meʋã nye taa, dɔwɔnu sia ŋlɔa nu siwo medi la nam. Ezazã tea ɖeɖi ŋunye ya, gake dɔwɔnu sia kpena ɖe ŋunye mesrɔ̃a Biblia eye ekpena ɖe ŋunye metoa lɛtaŋɔŋlɔ kple e-mail dzi ƒoa nu tso nye mɔkpɔkpɔ ŋu na amewo. Be mate ŋu aɖo dze kple ame siwo le gbɔnyea, ʋuƒo aɖe le asinye si dzi woŋlɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ɖo mezãna. Be ame si le dze ɖom kplim nanya nya siwo medi be magblɔa, etɔa asi ŋɔŋlɔdzesiawo dzi ɖekaɖeka. Gake ne metɔ asi ŋɔŋlɔdzesi siwo fia nya si medi be magblɔ dzi oa, mekea nye ŋkuwo gaa; gake ne etɔ asi esiwo medi dzia, memia nye ŋkuwo. Míewɔa esia tsɔ ɖoa dze. Nɔvinyɔnu siwo nɔa gbɔnye zi geɖea va bi ɖe esia me eye wonyana nya si medi be magblɔ. Ɣeaɖewoɣi ne wotɔ asi ŋɔŋlɔdzesi siwo mefia nya si medi be magblɔ dzi oa, ɖeko míetsɔnɛ wɔa nukokoe.

Wole ʋuƒo aɖe si dzi ŋɔŋlɔdzesiwo le zãm tsɔ le dze ɖom

 “Edzɔa dzi nam ne mewɔ ɖeka kple nɔviwo le hamea me. Metsiã ka kple nɔviawo dea kpekpeawo, gake fifia to videokadodowo dzi. Mezãa nye kɔmpiuta dzi dɔwɔnua tsɔ ŋlɔa nye nyaŋuɖoɖowo eye nɔvi aɖe xlẽa wo le kpekpeawo me. Metsiã ka kple nɔvi aɖewo gɔ̃ hã míekpɔa ɣleti sia ɣleti ƒe JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo. a

 “Mele dɔ sia lém ƒe 23 sɔŋ ye nye esia. Ɣeaɖewoɣia, meléa blanui. Gake ne edzɔ aléa, gbedodoɖa, hadede kple nɔviawo kple subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo wɔwɔ nana dzi ɖoa ƒonye. Le nyateƒe mea, nɔviawo ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be mete ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ade kple edzivɔ. Medze agbagba be maɖo kpɔɖeŋu nyui na vinye Alessandro. Fifia eɖe srɔ̃ eye wònye hamemetsitsi. Eya kple srɔ̃a nye gbesiagbe mɔɖelawo.

 “Zi geɖea, medea ŋugblẽ le nu siwo mate ŋu awɔ le paradiso si gbɔna me la ŋu. Nu gbãtɔ si madi be mawɔ ye nye be mazã nye ŋutɔ nye gbe atsɔ aƒo nu tso Yehowa ŋu. Mazɔ avae ɖi tsa le afi si tɔsisi dzeaniwo le. Eye esi wònye be nye ŋutɔ nyemetea ŋu ɖua nu o ke boŋ ɖe wodoa wo to kawo me nam ƒe 20 kple edzivɔe nye esia taa, mele tsɔtsɔm nam be magbe nye atikutsetse vevitɔ aɖu o. Esi wònye be metso Italy taa, mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me nye ŋutɔ maɖa mía de nuɖuɖu viviwo, le kpɔɖeŋu me, pizza aɖu!

 “‘Xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la’ doa ŋusẽm. (1 Tesalonikatɔwo 5:8) Ne mele ale si mava nɔ agbe le xexe yeyea me ŋu buma, esia nana megakana ɖe edzi be eteƒe madidi o, nye kuxiwo katã nu ayi. Nyateƒee, mele tsɔtsɔm nam be mase vivi na ‘agbe vavã’ si Yehowa ahe vɛ to eƒe Fiaɖuƒea dzi o.”—1 Timoteo 6:19; Mateo 6:9, 10.

a Àkpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea le jw.org.