Psalmowo 86:1-17

  • Mawu aɖeke mele abe Yehowa ene o

    • Yehowa le klalo be yeatsɔ ake (5)

    • Dukɔwo katã ade ta agu na Yehowa (9)

    • “Fia wò mɔm” (11)

    • “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu” (11)

David ƒe gbedodoɖa. 86  Oo Yehowa, ƒu to anyi ne nàtɔ nam,*Elabena mele fu kpem, eye hiã tum.+   Kpɔ nye agbe* ta, elabena nuteƒewɔla menye.+ Ðe wò subɔla si ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la,Elabena wòe nye nye Mawu.+   Oo Yehowa, ve nunye,+Elabena wò yɔm mele ŋkeke bliboa.+   Oo Yehowa, do dzidzɔ na wò subɔla,*Elabena ŋuwòe metrɔ ɖo.*   Oo Yehowa, wò dɔme nyo,+ eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke;+Amenuveve bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò la.+   Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa;Eye nàlé to ɖe nye kokoƒoƒo be nàkpe ɖe ŋunye la ŋu.+   Mayɔ wò le nye xaxagbe,+Elabena àtɔ nam.+   Oo Yehowa, mawu aɖeke mede nuwò o,+Eye dɔ aɖeke hã mede wò dɔwɔwɔwo nu o.+   Dukɔ siwo katã nèwɔ la,Oo Yehowa, woava de ta agu ɖe ŋkuwòme,+Eye woado wò ŋkɔ la ɖe dzi.+ 10  Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo;+Wò ɖeɖe koe nye Mawu.+ 11  Oo Yehowa, fia wò mɔm.+ Mazɔ le wò nyateƒe la me.+ Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ.+ 12  Oo Yehowa, nye Mawu, mele kafuwòm tso dzi blibo me,+Eye mado wò ŋkɔ la ɖe dzi ɖaa. 13  Elabena ève nunye geɖe,Eye nèɖe nye agbe* tso Tsiẽƒe* ʋĩi ke.+ 14  Oo Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye;+Ŋutasẽlawo ƒe ha le mɔnu dim be yewoaɖe nye agbe* ɖa,Eye womebu wò ɖe ɖeke me o.+ 15  Ke wò la, Oo Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula* nènye,Mèdoa dziku kabakaba o, eye wò lɔlɔ̃ si nu metsina o kple wò nuteƒewɔwɔ* sɔ gbɔ.+ 16  Trɔ ɖe ŋunye, eye nàve nunye.+ Do ŋusẽ wò subɔla,+Eye nàxɔ na wò dɔlanyɔnu ƒe vi la. 17  Ðe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi* fiam,Ne nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo. Elabena Oo Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “bɔbɔ nàlé to ɖe ŋunye.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “wò subɔla ƒe luʋɔ.”
Alo, “wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “ameŋubula.”
Alo, “nyateƒe.”
Alo, “kpeɖodzi.”