Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Mexico Ƒukɔme

Esi afɔku aɖe dzɔ le tomemikuƒe aɖe le April 2010 me la, ami kple gas gbogbo aɖe kɔ ɖe atsiaƒua me hena ɣleti etɔ̃ sɔŋ kloe. Numekuha aɖe de dzesii be, ɣleti eve kple afã le afɔku sia megbe la, aɖi si ami sia gblẽ ɖi la dzi ɖe kpɔtɔ le nutoa me—le esi nugbagbevi aɖewo va le aɖi sia nom ta. Ke hã, numekula aɖewo ke ɖi woƒe nya sia; elabena woxɔe se be ɖe amia ƒe akpa gãtɔ sí yi atsiaƒua gɔme.

Russia

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Rossiiskaya Gazeta ka nya ta be, Russiatɔ 59 le alafa me siwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo 35 xɔe se be, “hafi nu nadze edzi na ame le agbe me la, ele be wòaŋe aɖaba aƒu agbeɖɔʋunɔnɔ ƒe dzidzenu aɖewo dzi godoo.”

Peru

Blitikpoe xoxotɔ siwo ŋu woke ɖo (abe esi dze le etame ene) ɖee fia be ame siwo nɔ Peru ƒe dziehe tsɔa bli wɔa bli wowóe (alo, popcorn) eye wotua bliwɔ anɔ ƒe 3,000 sɔŋ enye sia.

Italy

Katolikotɔwo ƒe bisiɔp—Lucio Soravito De Franceschi—si le Adria-Rovigo, gblɔ be, anyo be woatsɔ mawunya “ayi na amewo tẽe” le afi sia afi si wole. Egblɔ kpee be, “mele be osɔfowo ƒe ɖetsɔtsɔ le amewo me nanye sɔleme gawo ƒoƒo o, ke amewo ƒe agbonugawo ƒoƒo boŋ.”

South Africa

Gbenyiwo ƒe dzo, si wozãna le atikewɔwɔ me, ƒe kilogram ɖeka ƒe asi yi dzi kaka va ɖo Amerika dɔlar 65,000. Le ƒe 2011 me, le South Africa ɖeɖe dzaa la, amewo tre mɔ̃ na gbenyi 448 sɔŋ hebu mo na wo. Ame vlo aɖewo hã gbã blemanudzraɖoƒe kple adzɔnudzraƒe bubuwo le Europa hefi gbenyi ƒe dzo siawo. Edze ƒãa be gbenyi siwo le Europa ƒe lãwo kpɔƒewo gɔ̃ hã mele dedie o.