Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Cameroon

Tsaɖiɖi Yi Cameroon

ÐEWOHĨ Bakawo, siwo nye Pigmiwo, alo Ame Kpuiwo, ye nye ame gbãtɔ siwo nɔ Cameroon hafi Portugaltɔwo va ɖo le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me. Ƒe alafa geɖe megbe la, Fulaniwo—siwo nye Moslemtɔwo—va xɔ Cameroon ƒe dziehe. Egbea, Cameroontɔ 40 le alafa me gblɔna be Kristotɔwoe yewonye; ame 20 le alafa me nye Moslemtɔwo, eye ame 40 le alafa me nye Afrikatɔwo ƒe subɔsubɔ vovovoawo me nɔlawo.

Yehowa Ðasefowo taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe Bassagbe si wodona le Cameroon me

Ame siwo le Cameroon ƒe kɔƒeduwo me la nye amedzrowɔla ɖedzesiwo. Woxɔa amedzrowo atuu ɖe woƒe aƒewo me, wonaa tsi kple nuɖuɖu wo faa. Etena ɖe wo dzi ne ame aɖe gbe be woagawɔ amedzro na ye o.

Ne woxɔ amedzro la, ele be woalɔ̃ gbe gbã ahabia aƒea me tɔwo ta; ame aɖewo biaa aƒemelãwo gɔ̃ hã ta. Joseph si nye Cameroon vidzidzi gblɔ be: “Ne  amedzro aɖe le dzodzom la, womedoa hedenyuie nɛ le aƒea me ko evɔ o. Zi geɖe la, woyina ɖaɖoa amea ɖa henɔa dze ɖom kplii le mɔa dzi hafi doa hedenyuie nɛ mlɔeba. Ne womewɔ nu sia na amedzro aɖe o la, esena le eɖokui me be womelɔ̃ ye o.”

Zi geɖe la, àkpɔ akro le Sanaga Tɔsisia dzi. Wozãa avɔ ɖe sia ɖe si wokpɔ tsɔ wɔa abala

Ɣeaɖewoɣi la, xɔlɔ̃wo ɖua nu kple asi le agba ɖeka me—esia nye ɖekawɔwɔ ƒe dzesi vevi aɖe le Cameroon. Le nyateƒe me la, ne xɔlɔ̃wo dome mele vivim o le susu aɖe ta la, wowɔa ɖoɖo na wo be woaɖu nu le agba ɖeka me. Esia fia be woto nuɖuɖu ɖekae dzi le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa le mía dome azɔ.”

Yehowa Ðasefo siwo le Cameroon la le hame siwo wu 300 me, eye wosrɔ̃a Biblia kple ame siwo ade 65,000 le dukɔa me