Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Paradiso

Paradiso

Nu kae nye Paradiso?

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo susu be glitoto aɖee Paradiso nye. Ewɔna na ame bubu aɖewo hã be drɔ̃eƒenya koe wònye amewo gblɔna, be enye abɔ dzeani aɖe si me ame nyuiwo le tegbee eye wonɔa agbe ɖɔʋu si me dzidzɔ sɔŋ le.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Paradiso” nye ŋkɔ si wotsɔ na teƒe si amegbetɔ gbãtɔwo nɔ, si nye Eden-bɔ la. (1 Mose 2:7-15) Biblia gblɔ tso abɔ ma ŋu be enye teƒe si atsu kple asi gbãtɔwo nɔ ŋutɔŋutɔ; afi si dɔléle alo ku menɔ o. (1 Mose 1:27, 28) Esi atsu kple asi gbãtɔ siawo gbe toɖoɖo Mawu ta, wonya wo ɖa le woƒe aƒe dzeani ma si nye paradiso la me. Gake Biblia me nyagblɔɖi geɖe gblɔ be, woagaɖo Paradiso anyi ake na amegbetɔwo le etsɔme.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Ne Mawu nye lɔlɔ̃ la, ekema susu le eme be aɖo eteƒe na esubɔla wɔnuteƒewo le Paradiso me, afi si woase vivi na agbea le. Ele be míakpɔ mɔ hã be Mawu agblɔ nu si wòle be míawɔ ale be míaƒe nu nadze eŋu la na mí. Biblia gblɔ be wò nu adze Mawu ŋu ne Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ su asiwò eye nèwɔ eƒe sewo dzi.—Yohanes 17:3; 1 Yohanes 5:3.

“Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden, . . . eye wòtsɔ ame, si wòmè la, ɖo afi ma.”—1 Mose 2:8.

 Afi kae Paradiso la le?

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo susuna be dziƒoe Paradiso la le, eye ame bubuwo hã xɔe se be woatrɔ anyigba sia wòazu paradiso le etsɔme.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Anyigba dzie Paradiso gbãtɔ la nɔ. Ðe Mawu wɔ anyigba la be wòanye nɔƒe na amegbetɔwo tegbee. Biblia gblɔ be Mawu wɔ míaƒe anyigba la be wòanɔ anyi tegbee. (Psalmo 104:5) Egblɔ hã be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”—Psalmo 115:16.

Eya ta mewɔ nuku o be Biblia do ŋugbe be anyigba la dzie Paradiso la anɔ. Mawu ayra ameƒomea eye wòana woanɔ agbe tegbee le edzi. Ŋutifafa kpe ɖekawɔwɔ anɔ anyi. Vevesese kple fukpekpe nu ayi. Amegbetɔwo ase vivi na anyigba dzi nuwɔwɔ wɔnukuwo wòade edeƒe.—Yesaya 65:21-23.

“Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, . . . eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ame kawoe anɔ Paradiso la me?

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Subɔsubɔha geɖe gblɔna be ame nyuiwo koe anɔ Paradiso la me. Gake amewo ƒe susu mewɔ ɖeka le ame si nye “ame nyui” ŋu o. Ame aɖewo susuna be, ne èdea sɔleme, nèkpɔa gɔme le subɔsubɔkɔnuwo me pɛpɛpɛ eye nèdoa gbe ɖa ko la, ame nyui nènye.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be “ame dzɔdzɔewo” anɔ Paradiso me. Ke hã ame kae nye ame dzɔdzɔe le Mawu ŋkume? Menye ame si kpɔa gɔme le eƒe subɔsubɔkɔnuwo me pɛpɛpɛ evɔ wòŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi lae o. Biblia gblɔ be: “Numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa.” (1 Samuel 15:22) Eya ta ne míagblɔe kpuie ko la, ame siwo wɔa Mawu ƒe se siwo le Biblia me dzi lae nye “ame dzɔdzɔe” siwo anɔ Paradiso la me.

NU SI WÒLE BE NÀWƆ

Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ bia nu geɖe wu gomekpɔkpɔ le subɔsubɔkɔnuwo me ko. Ale si nènɔa agbe gbe sia gbee ana wò nu nadze Mawu ŋu loo alo madze eŋu o. Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ adze Mawu ŋu ne èdzroa Biblia me nyuie, elabena ele bɔbɔe be ame ƒe nu nadze Mawu ŋu. Biblia gblɔ be “eƒe seawo menye agba o.” (1 Yohanes 5:3) Mawu di vevie be yeana ame sia ame si wɔa nuteƒe na ye la nanɔ Paradiso la me.

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.