Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Biblia Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyo

Ale Si Biblia Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyo

TSƆE BE èle mɔ doviviti aɖe dzi zɔm le zã aɖe me. Togbɔ be zã do eteƒe didi hã, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wò o elabe èlé tɔtsi aɖe si klẽna nyuie ɖe asi. Ne èklẽ tɔtsia ɖe akɔme la, èkpɔa nu siwo katã tsɔ gbɔwò la nyuie. Eye ne èklẽ tɔtsia ɖe ŋgɔ la, ale si enu sẽe wɔe be èkpɔa nu dea didiƒe ʋĩi ke.

Le mɔ aɖe nu la, Biblia le abe tɔtsi ma ene. Abe ale si míekpɔe le nyati si va yi me enea, Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe le xexe sia si me nuwo tɔ zi le me la gbɔ. Gake menye nu mawo koe Biblia wɔna o. Enaa míekpɔa etsɔme ʋĩi ke, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míato mɔ si ana míava kpɔ dzidzɔ kple dzidzeme la dzi. (Psalmo 119:105) Le mɔ ka nu?

Na míakpɔ mɔ eve aɖewo siwo dzi Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le be míanɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe la ɖa: 1 Enana taɖodzinu nɔa míaƒe agbe ŋu, eye 2 efia ale si míawɔ be mí kple mía Wɔlaa dome nanɔ nyuie la mí.

1 TAÐODZINU NƆA MÍAƑE AGBE ŊU

Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxiwo nu la na mí, ke hã, menye agbalẽ si ame ŋutɔ axlẽ azã eme ɖaŋuɖoɖowo koe wònye o. Biblia mede dzi ƒo na mí be míatsɔ míaƒe susuwo aɖo nu siwo aɖe vi na mí la ko ŋu o, ke boŋ efia mí be míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu ema. Ema ko míawɔ hafi agbea navivi mía nu.

Le kpɔɖeŋu me, bu Biblia ƒe mɔfiame sia ŋu kpɔ: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Èɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si nèkpe ɖe ame aɖe si le hiã me ŋu la dzia? Alo ɖewohĩ ɖe nèɖo to xɔ̃wo aɖe esi wònɔ eƒe dzimenyawo gblɔm na wòa? Ðe dzi medzɔ wò ŋutɔ be yekpe ɖe ame aɖe ŋu dzi gaɖo eƒo oa?

Dzi dzɔa mí wu gbɔgblɔ ne míena nu ame aɖe evɔ míekpɔa mɔ be wòaɖo eteƒe na mí o. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ne míenaa nu amewo eye míekpɔa mɔ be woaɖo eteƒe na mí o la, míakpɔ nu siwo sɔ gbɔ kura wu esiwo míetsɔ na.” Ne míekpe ɖe ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na mí o ŋu la, míakpɔ teƒeɖoɖo nyuiwo. Ema afia be míekpɔa nu yia ŋgɔ. Nyateƒeae nye be, míele dɔ wɔm kple Wɔlaa ŋutɔ tẽe, ame si bua míaƒe dɔmenyoa be enye nu míedo na ye. (Lododowo 19:17) Nu siwo míewɔna na ame dahewo la dzea eŋu ŋutɔ, eye edo ŋugbe be yeatsɔ nu si wu ema, si nye agbe mavɔ aɖo eteƒe na mí le paradiso me le anyigba dzi. Etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖee nye ema nyateƒe!—Psalmo 37:29; Luka 14:12-14. *

Esi ganyo wue nye be Biblia fia mí be ne míesubɔ Mawu vavã Yehowa la, ke taɖodzinu ŋutɔŋutɔ anɔ míaƒe agbe ŋu. Mawu ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be míakafu Mawu, ade bubu eŋu eye míaɖo toe elabe edze nɛ. (Nyagblɔla 12:13; Nyaɖeɖefia 4:11) Ne míewɔ nu siawo la, ado dzidzɔ na mía Wɔlaa, eye mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wòanye na mí be míawɔe nenema. Mawu ɖo aɖaŋu na mí be: míadze ‘nunya, be míado dzidzɔ na yeƒe dzi.’ (Lododowo 27:11) Wo ya bu eŋu kpɔ ko, ne míena Biblia ƒe mɔfiamewo kpe ɖe mía ŋu míetso nya me le nunya me la, esia doa dzidzɔ na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo. Nu ka tae? Elabe eléa be na mí eye wòdi be nu nadze edzi na mí ne míewɔ ɖe yeƒe mɔfiamewo dzi. (Yesaya 48:17, 18) Nyateƒee, nu bubu kae ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ wu be míasubɔ xexea katã ƒe Dziɖulagã, eye míawɔ nu wòado dzidzɔ na eƒe dzi?

2 MÍ KPLE MÍA WƆLAA DOME ANƆ NYUIE

Biblia gafia nu hã be míana mí kple mía Wɔlaa dome nanɔ nyuie. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ɣeaɖewoɣi la, anɔ wɔwɔm na mí eveve be mímate ŋu adze xɔlɔ̃ Wɔla ŋusẽkatãtɔ la o. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be ne ‘míedi Mawu la,’ ‘míake ɖe eŋu vavã,’ elabena “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Aɖaŋu si Biblia ɖo be míadze xɔ̃ Mawu la, nyo ŋutɔ elabe míaƒe etsɔme nɔ te ɖe edzi. Le mɔ ka nu?

Bu eŋu kpɔ: Ne míedze agbagba alekeleke hã, mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le futɔ gãtɔ kekeake si nye ku nu o. (1 Korintotɔwo 15:26) Ke hã Mawu li tegbee. Maku gbeɖe o, eye edi be ye xɔlɔ̃wo hã nanɔ agbe tegbee. Biblia zã nya kpui aɖe evɔ wònya se la tsɔ ɖɔ nu si dim Yehowa le na ame siwo dia eyome mɔ la ale: “Mise vivi le agbe me tegbee.”—Psalmo 22:26.

Aleke nàwɔ be xɔlɔ̃wɔwɔ sia nava nɔ wò kple Mawu dome ɖaa? Eyae nye be nàyi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋu to eƒe Nya Biblia dzi. (Yohanes 17:3; 2 Timoteo 3:16) Bia be wòakpe ɖe ŋuwò nàse Ŋɔŋlɔawo gɔme. Biblia ka ɖe edzi na mí be ne ‘míeyi edzi le Mawu biam’ be wòana nunya mí la, ana mí. * (Yakobo 1:5) Eye dze agbagba be yeanɔ agbe ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la nu, eye nàna Mawu ƒe Nyaa nanɔ abe “akaɖi na [wò] afɔ” kple “kekeli na [wò] toƒe” ene tso fifia yi mavɔmavɔ me.—Psalmo 119:105.

^ mm. 8 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ŋugbe si Mawu do ku ɖe agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 3 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowo dzroa Biblia me kple amewo faa, eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgase Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe edzi wu. Ne èdi be yeanya ale si wowɔnɛa, míeɖe kuku kpɔ video si nye Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e? Ʋu www.mr1310.com/ee.

Mawu li tegbee, eye edi be ye xɔlɔ̃wo hã nanɔ agbe tegbee