Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | BIBLIA LA​—NU SI TAE ENU MEYI O

Wodi Be Woatsrɔ̃ Biblia Gake Egakpɔtɔ Li

Wodi Be Woatsrɔ̃ Biblia Gake Egakpɔtɔ Li

KUXI SIWO ME WÒTO: Tameɖoɖo si nɔ dziɖulawo kple subɔsubɔhakplɔla geɖewo si la tsi tsitre ɖe Biblia me gbedeasia ŋu. Zi geɖe la, wowɔa woƒe ŋusẽa ŋu dɔ tsɔ xea mɔ na amewo be woagata Biblia, aɖe egɔme, alo wòanɔ wo si o. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ:

  • Ƒe 167 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.Lɔƒo: Seleucid Fia Antiochus Epiphanes, si dze agbagba be yeazi Helatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖe Yudatɔwo dzi la, de se be woatsrɔ̃ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi ɖe sia ɖe. Ŋutinyaŋlɔla Heinrich Graetz ŋlɔ bena eƒe dziɖuɖumegãwo “dzea Se la ƒe agbalẽxatsaxatsawo hetɔa dzo wo le afi sia afi si woanya kpɔ wo le ko, eye wowua ame sia ame si wokpɔ be edia ŋusẽdodo kple akɔfafa tso eme la hã.”

  • Tso Ƒe 476 Va Ðo Ƒe 1500: Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo do dziku le esi hameviwo nɔ gbeƒã ɖem Biblia ƒe nufiafiawo ɖe Katoliko dzixɔsewo teƒe ta, eye wobua dumevi dzro ɖe sia ɖe si si Biblia-gbalẽ bubuwo le to vovo na Psalmowo ƒe agbalẽ si le Latingbe me la aglãdzelae. Ha la ƒe aɖaŋuɖotakpekpe aɖe ƒlɔ dzo ɖe tameɖoɖo ma te esi wode se na woƒe amewo be “woanɔ ame siwo katã si wosusu be ŋɔŋlɔawo anɔ la ƒe aƒewo kple woƒe xɔtexɔwo me tsam . . . edziedzi, nuteƒewɔwɔtɔe kple veviedodo, ale be woƒe asi nasu ame siwo tsi tsitre ɖe ha la ƒe nufiafiawo ŋu la dzi. . . . Ele be woatsrɔ̃ aƒe sia aƒe si me woakpɔ aglãdzela aɖe le la gbidii.”

Ne ɖe Biblia ƒe futɔwo te ŋu tsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ la, anye ne gbedeasi si le eme hã nu yi kplii.

Togbɔ be wode se ɖe William Tyndale ƒe Eŋlisigbe me Biblia gɔmeɖeɖea nu, wotɔa dzo wo, eye wowu eya ŋutɔ le ƒe 1536 me hã la, eƒe Biblia gɔmeɖeɖea gakpɔtɔ li va de asi na egbe

ALE SI WÒDZƆE BE BIBLIA GAKPƆTƆ LI: Fia Antiochus dze agbagba be yeatsrɔ̃ Biblia ɖa keŋkeŋ le Israel-nyigba dzi, ke hã Yudatɔ geɖewo ʋu ɖatso kɔƒe ɖe dukɔ geɖewo me xoxo. Eye agbalẽnyalawo bu akɔnta be kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, Yudatɔ siwo wu 60 le alafa me la ʋu le Israel ɖanɔ dukɔ bubuwo me. Yudatɔwo tsɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpiwo dana ɖe woƒe ƒuƒoƒewo—Ŋɔŋlɔ mawo kee dzidzime siwo va ɖe wo yome kple Kristotɔwo siaa va zã emegbe.—Dɔwɔwɔwo 15:21.

Tso ƒe 476 me va ɖo ƒe 1500 me la, Biblia-lɔ̃lawo do dzi le tsitretsiɖeŋu me heyi edzi ɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe gbe bubuwo me loo alo gbugbɔ ŋlɔ emenyawo ɖe agbalẽ bubuwo dzi. Hafi woava to agbalẽtamɔ̃ vɛ le ƒe alafa 15 lia ƒe domedome gɔ̃ hã la, woɖe Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 33 sɔŋ me xoxo. Ke esi woto agbalẽtamɔ̃a vɛ megbe la, amewo va nɔ Biblia gɔme ɖem henɔ etam kabakaba wu tsã.

NU SI DO TSO EME: Togbɔ be fia sẽŋuwo kple subɔsubɔhakplɔla siwo ɖo tame vɔ̃ la ƒe ŋɔdzidodowo nɔ anyi hã, Biblia ye nye agbalẽ si woma wòde didiƒe wu kple esi gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me wu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Biblia kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ aɖewo ƒe sewo, woƒe gbegbɔgblɔwo kple ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi.