Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòanya Wɔ Be Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Nayia?

Ðe Wòanya Wɔ Be Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Nayia?

Ðe wowɔ ŋutasẽnu ɖe wò ŋutɔ alo wò ƒometɔ aɖe ŋu kpɔa? Ðe nèvɔ̃na be ate ŋu adzɔ be woawɔ ŋutasẽnu ɖe ye ŋua? Wogblɔ tso ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu be enye “kuxi aɖe si le gã dom ɖe edzi le xexea me godoo.” Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

ŊUTASESẼ LE ƑOMETƆWO ŊU KPLE NYƆNUWO GBƆ DƆDƆ SESẼE: Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be: “Nyɔnu ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me ƒe srɔ̃ŋutsu alo eƒe ahiãvi ƒoe alo dɔ egbɔ sesẽe kpɔ.” Nublanuitɔe la, “wobu akɔnta be le xexea me godoo la, wodɔ nyɔnu ɖeka le atɔ̃ ɖe sia ɖe me gbɔ sesẽe loo alo wotee kpɔ be woadɔ egbɔ sesẽe.”

NU VLO WƆWƆ LE ABLƆDZI: Woka nya ta be le United States la, nuvlowɔha 30,000 kple edzivɔ gale dɔ dzi. Le Latin America la, akɔntabubuwo ɖee fia be ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me kloe gblɔ be wodze ye dzi tagbɔsesẽtɔe kpɔ.

AMEWUWU: Wobu akɔnta be wowu ame akpe alafa atɔ̃ kloe le ƒe ɖeka me nyitsɔ laa, si fia be wosɔ gbɔ wu ame siwo ku le aʋawɔwɔ me le ƒe ma me. Dukɔ siwo le Anyiehe Afrika kple Titina Amerika la me koŋue wowu amewo le wu. Le mama dedie nu la, ame siwo wowu le dukɔ mawo me la sɔ gbɔ wu xexea tɔ teƒe ene. Le ƒe ɖeka me la, ame siwo wowu le Latin America dukɔwo me la sɔ gbɔ wu 100,000, eye wowu ame siwo ade 50,000 sɔŋ le Brazil ɖeɖe dzaa. Ðe woate ŋu akpɔ ta na ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe kuxia keŋkeŋua?

ÐE WOATE ŊU ATSI ŊUTASẼNUWƆWƆ NUA?

Nu ka tae ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖo? Wode dzesi nu vovovo siwo gbɔ wòtsona, siwo dometɔ aɖewoe nye: vovototo gã si le gatɔwo kple ame dahewo dome, aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã, bubumademade ame bubuwo ƒe agbe ŋu, ame tsitsiwo ƒe nu vlo wɔwɔ le ɖeviwo ŋkume kple ale si wòdze abe womehea to na nu vlo wɔlawo o ene.

Ele eme be wolé ŋutasẽnuwɔwɔ nu vie le dukɔ aɖewo me ya. Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le Brazil ƒe dugã, São Paulo, si me amewo sɔ gbɔ ɖo me la, amewuwu dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 80 le ƒe ewo siwo va yi me. Ke hã, ŋutasẽnuwɔwɔ geɖe gale edzi yim le dugã ma me, eye le akɔntabubu nu la, wowua ame 10 le ame 100,000 ɖe sia ɖe me. Ekema nu kae ana ŋutasẽnuwɔwɔ nu nayi keŋkeŋ?

Be ŋutasẽnuwɔwɔ nu nayi keŋkeŋ la, ele be amewo natrɔ woƒe nɔnɔme kple woƒe agbenɔnɔ. Hafi nu vlo wɔlawo natrɔ la, ele be woaɖe asi le nɔnɔmewo abe dada, ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ene ŋu, eye woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ ame, ade bubu ame ŋu ahatsɔ ɖe le eme na amewo.

Nu kae aʋã ame be wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ nenema? Bu nya si Biblia gblɔ ŋu kpɔ:

  • “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi.”—1 Yohanes 5:3.

  • “Yehowa vɔvɔ̃e nye fuléle vɔ̃.” *Lododowo 8:13.

Lɔlɔ̃ na Mawu kple vɔvɔ̃ be yeawɔ nu si madze eŋu o nye ameʋãnu si nu sẽ ale gbegbe be ate ŋu ana nu vlo wɔlawo gɔ̃ hã natrɔ woƒe agbenɔnɔ, eye tɔtrɔ sia menyea ameŋkumenuwɔwɔ o, ke boŋ wotrɔa woƒe amenyenye bliboa. Ðe esia dzɔna ŋutɔŋutɔa?

Bu Alex * ŋu kpɔ. Enɔ gaxɔ me le Brazil ƒe 19 le ŋutasẽnuwɔwɔ vovovowo ta. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplii, eye le ƒe 2000 me la, eya hã va zu Ðasefo. Ðe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃, eye etena ɖe Alex dzi vevie be yewɔ nu gbegblẽ mawo katã va yi. Egblɔ be: “Meva lɔ̃ Mawu le esi wòna mekpɔe be yetsɔ nye nu vɔ̃wo kem keŋkeŋ ta. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si wòwɔ nam ŋu na metrɔ nye mɔwo.”

César si hã le Brazil la nye fiafitɔ kple adzodala va yi. Enɔ agbe ma ƒe 15 sɔŋ. Nu kae na wòtrɔ? Esime wònɔ gaxɔ me la, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplii. César gblɔ be: “Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ meva kpɔe be taɖodzinu le nye agbe ŋu. Meva lɔ̃ Mawu. Mesrɔ̃ ale si mavɔ̃e hã, si fia be mevɔ̃na be magatrɔ ɖe agbe si menɔ tsã la ŋu, elabena esia wɔwɔ ave Yehowa. Nyemedi be mawɔ nu si afia be nyemekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amenuvevea ŋu o. Lɔlɔ̃ kple mawuvɔvɔ̃ mae ʋãm be matrɔ nye agbenɔnɔ.”

Srɔ̃ ale si nànɔ agbe le xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ manɔ o me

Nu kae ŋutinya eve mawo fia mí? Ena míekpɔe be ŋusẽ le Biblia me nyawo ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, elabena etrɔa ale si wobua tamee. (Efesotɔwo 4:23) Alex, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ kpee be: “Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la le ko abe tsi nyui si tsra to nye ameti bliboa me hekpala susu vɔ̃wo ɖa le ta me nam vivivi va se ɖe esime ŋunye kɔ keŋ ene. Nyemesusui kpɔ be mate ŋu ava ɖe asi le nu mawo ŋu o.” Ɛ̃, ne míena Biblia me nyawo xɔ susu me na mí la, ate ŋu akɔ mía ŋu tso nu baɖa wɔwɔ me. Mawu ƒe Nyaa tea ŋu nana ame ŋu dzana. (Efesotɔwo 5:26) Esia wɔnɛ be ame siwo nye tagbɔsẽlawo kple ɖokuitɔdilawo la tea ŋu trɔna va zua nyuiwɔlawo kple ŋutifafamewo. (Romatɔwo 12:18) Wonɔa anyi le ŋutifafa me le esi wowɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ta.—Yesaya 48:18.

Yehowa Ðasefo miliɔn enyi kple edzivɔ siwo le dukɔ 240 me la va ke ɖe nu si ana nu vlo wɔwɔ nu nayi keŋkeŋ la ŋu. Ame ƒomevi vovovo siwo tso dukɔ vovovowo me la va srɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawu ahavɔ̃e kple ale si woalɔ̃ wo nɔewo ahanɔ anyi le ŋutifafa me abe ƒome ɖekae wonye ene le xexea me godoo. (1 Petro 4:8) Ŋutifafa si le wo dome la ɖoa kpe edzi be anya wɔ be míanɔ xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ manɔ o la me.

XEXE SI ME ŊUTASẼNUWƆWƆ MANƆ O TU AƑE!

Biblia do ŋugbe be Mawu ava tsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu le anyigbaa dzi kpuie. Eteƒe madidi o, Mawu ana “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke la” nava xexe sia me ŋutasẽnuwɔlawo dzi. (2 Petro 3:5-7) Ame aɖeke magakpe fu le ŋutasẽnuwɔlawo si me o. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu di be yeade asi nyaa me atsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu?

Biblia gblɔ be Mawu ‘léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’ (Psalmo 11:5) Wɔla la lɔ̃ ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye. (Psalmo 33:5; 37:28) Esia tae maɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔlawo ƒe nuwɔnawo ŋu tegbee o.

Ɛ̃, xexe yeye si me ŋutifafa axɔ aƒe ɖo la gbɔna. (Psalmo 37:11; 72:14) Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si nàwɔ be nàdze anɔ agbe le xexe si me ŋutasẽnuwɔwɔ manɔ o la me oa?