Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Be Dzinyelawo Naganɔ Ŋku Kem Ðe Nye Nuwo Me Fũu Akpa O

Aleke Mawɔ Be Dzinyelawo Naganɔ Ŋku Kem Ðe Nye Nuwo Me Fũu Akpa O

 Nu ka tae dzilawo kea ŋku ɖe wo viwo ƒe nuwo me?

Dziwòlawo be ɖeko yewotsɔ ɖe le eme nawò. Gake wò ya, ekpɔnɛ be wole ŋku kem ɖe yeƒe nuwɔnawo me fũu akpa. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Erin gblɔ be: “Tɔnye tsɔa nye asitelefon hebiana be mana ye nye mɔʋunya, eye wòxlẽa nye text message siwo le edzi la. Ne mebe maɖe ɖokuinye nu la, esusuna be ɖe mele nane ɣlam ɖe ye.”

  • Denise si nye nyɔnuvi aɖe si le eƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo ɖo ŋku edzi be ye dada nɔa ame siwo ƒo ka na yewo la ƒe ŋkɔwo me tsam. “Ekpɔa kaƒodzesi ɖe sia ɖe eye wòdina be yeanya ame siwo tɔ wonye kple nu si ŋu míeɖo dze tsoe.”

  • Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Kayla gblɔ be ye nɔ xlẽ agbalẽvi siwo me yeŋlɔa yeƒe nya ɣaɣla aɖewo ɖo la dometɔ ɖeka. “Meŋlɔ ale si mese le ɖokuinye me tso nanewo ŋu la ɖe eme​—wo dometɔ aɖewo ku ɖe nɔnye ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu! Esia na medzudzɔ nye nya ɣaɣlawo ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ me.”

Nya vevitɔ: Dziwòlawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woana nànɔ dedie, eye màte ŋu agblɔ afi si woatsɔ agbanɔamedzi sia ase ɖo la na wo o. Ðe wòdzena na wò be wogawɔnɛ wògbɔa eme ɣeaɖewoɣia? Ate ŋu awɔ na wò nenema. Gake nanewo li nàte ŋu awɔ si awɔe be mànɔ sesẽm le ɖokuiwò me be wole ŋku kem ɖe yeƒe nuwo me akpa o.

 Nu si nàte ŋu awɔ

Mèganɔ wò nuwɔnawo ɣlãm o. Biblia de dzi ƒo na mí be “míaɖi anukware le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) Dze agbagba dziwòlawo nakpɔe le ŋuwò nenema. Ne èɖia anukware na wo heʋua go wò nuwɔnawo na wo la, womaganɔ ŋku kem ɖe wò nuwɔnawo me fũu akpa o.

Bu nya sia ŋu: Aleke gbegbee wò nuwɔnawo wɔe be dziwòlawo ka ɖe dziwòe? Ðe nègbɔna vaa aƒe me ɖe game si woɖo na wò la dzia? ɖe nèɣlaa ame siwo xɔ̃wòwo nyea? ɖe nèwɔa nu le bebemea?

“Nyemeɣlaa nye nuwɔnawo ɖe dzinyelawo o. Megblɔa nu siwo le edzi yim le nye agbe me la na wo. Megblɔa nu sia nu si wodi be yewoanya la na wo, eye esia wɔe be wokana ɖe dzinye eye womekea ŋku ɖe nye nuwɔnawo me akpa o.”​—Delia.

Gbɔ dzi ɖi. Biblia gblɔ be: “Minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.” (2 Korintotɔwo 13:5) Axɔ ɣeyiɣi hafi wò nuwɔnawo nana dziwòlawo naka ɖe dziwò, gake nu nyuiwo dona tsoa eme godoo.

Bu nya sia ŋu: Dziwòlawo hã nye sɔhɛwo kpɔ. Ŋusẽ kae nèsusu be ema akpɔ ɖe ale si woatsɔ ɖe le eme na wò dzi?

“Ewɔna nam be dzilawo ɖoa ŋku vodada siwo wowɔ esime wonye sɔhɛwo la dzi, eye womedina be yewo vi ƒewuiviwo nawɔ vodada mawo ke o.”​—Daniel.

Se veve ɖe ame nu. Dze agbagba nàbu nuwo ŋu abe ale si dziwòlawo bunɛ ene. Biblia gblɔ be srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ‘léa ŋku ɖe eƒe aƒemetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu nyuie’ eye wògblɔ tso vifofo nyui hã ŋu be ehea viawo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Lododowo 31:27; Efesotɔwo 6:4) Mɔ kpui aɖeke meli si dzi woato awɔ esia o: ehiã be dziwòlawo nade nu wò nyawo me.

Bu nya sia ŋu: Ne dzilae nènye​—eye wò susu le nu siwo nènya tso ƒe ƒewuiviwo ŋu la,​—ɖe nàɖe mɔ na viwònyɔnuvi alo viwòŋutsuvi be wòawɔ nu sia nu si wòdi eye màbia nya aɖekee oa?

“Ne ènye sɔhɛ la, awɔ na wò be ye dzilawo le ŋku kem ɖe yeƒe nuwo me fũu akpa. Gake fifia si metsi vie la, meva se nu si tae wòle be dzilawo nawɔe nenema ɖo la gɔme. Esi wolɔ̃ wò tae.”​—James.