Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Makpe Ðe Amewo Ŋu?

Nu Ka Tae Wòle Be Makpe Ðe Amewo Ŋu?

 Nu vevi eve siwo ame geɖe menya o

Nu vevi #1: Ne èkpe ɖe ame aɖe ŋu la, àkpɔ eteƒeɖoɖo!

Amewo ade dzesii be enyoa dɔme. Esia ana woawo hã nanyo dɔme na wò. Biblia gblɔe ale:

  • “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. . . . Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na miawo hã.”—Luka 6:38.

  • “Ale si nèwɔ nu ɖe amewo ŋu la, nenema kee woawɔ nu ɖe ŋuwò.”—Luka 6:38, Contemporary English Version.

Nu vevi #2: Kpekpeɖeŋunana amewo nye kpekpeɖeŋunana ame ɖokui!

Nyuiwɔwɔ na ame bubuwo nana ame kpɔnɛ be yele bo nu eye dzidzeme si le nunana me la sua ame si. Biblia gblɔe ale:

  • “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

  • “Ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, atatututɔwo, ŋkuagbãtɔwo; eye àkpɔ dzidzɔ, elabena naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o.”—Luka 14:13, 14.

 Sɔhɛ siwo tsɔa ɖe le eme na ame

Sɔhɛ siwo tsɔa ɖe le eme na ame la le afi sia afi! Se wo dometɔ aɖewo ƒe numenya kpɔ.

“Ɣeaɖewoɣi ne menya nɔ anyi ɖe zikpui me be makpɔ television ko la, meɖoa ŋku ale si papa kple dada le dɔ dzi vevie ɖaa kple ale si ɖeɖi ate wo ŋu hafi woagbɔ va aƒe mee la dzi. Eya ta metsona heklɔa agbawo, kplɔa xɔa me hetutua nuwo ŋu. Meɖoa kɔfi hã dana ɖi na wo elabena dzinyelawo lɔ̃a kɔfinono ŋutɔ. Ne nɔnye ge ɖe aƒea me la, egblɔna be, ‘Aƒea me nya le kpɔkpɔm ŋutɔ! Eme le ʋeʋem lilili. Vinye lɔlɔ̃a, akpe na wò kakaka!’ Esia na mekpɔa dzidzɔ be mete ŋu wɔ nu nyui aɖe na dada kple papa.”​—Casey.

“Dzinyelawo kpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi, wowɔa nu sia nu si mehiã la nam. Eya ta esi woƒe ʋu gblẽ le ƒe si va yi me la, meɖe ga le gadzraɖoƒe be woatsɔ adzra ʋua ɖo, togbɔ be esia nye ga si le gadzraɖoƒe nam ƒe akpa gã aɖe hã. Togbɔ be wogbe be yewomaxɔ kpekpeɖeŋua o hã la, nye hã mebe ɖeko mele ewɔ ge na wo. Kpekpeɖeŋu ma mede naneke o ne metsɔe sɔ kple nu si wòhiã be mawɔ na dzinyelawo. Mese vivi be menyo dɔme hekpe ɖe wo ŋu.”​—Holly.

Ènyaa? Sɔhɛ siwo nye Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ le esi wole kpekpem ɖe amewo ŋu to Biblia-fiafiadɔ dzi ta. Wo dometɔ aɖewo ʋu yi dutanyigbawo dzi afi si hiahiã le be woafia Biblia amewo.

“Meʋu tso United States yi Mexico be mafia Biblia amewo. Ɣeaɖewoɣi la, nyemetea ŋu naa gakpekpeɖeŋu alo ŋutilãmekpekpeɖeŋu amewo o elabena nu mede dzinye o. Gake mede dzesii be ne mezã nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ le gbeƒãɖeɖedɔa me la, amewo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu wu ŋutilãmekpekpeɖeŋu dzro si mana wo.”​—Evan.

 Aleke makpe ɖe amewo ŋue?

Àdi be yeakpɔ dzidzɔ si le kpekpe ɖe amewo ŋu mea? Mɔ siwo dzi nàto awɔ esia la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo.

Kpekpe ɖe ƒowòmetɔwo ŋu:

  • Kplɔ aƒea me, klɔ agbawo, tutu míaƒe xɔ me—ne womebiae tso asiwò o hã la

  • Ða nu

  • Ŋlɔ akpedagbalẽ na dziwòlawo

  • Kpe ɖe nɔviwò ŋu wòawɔ eƒe sukudɔdeasi

Kpekpe ɖe ame siwo menye ƒowòmetɔwo o ŋu:

  • Ðo nyuidinamegbalẽ ɖe ame aɖe si ƒe lãme gblẽ

  • Yi ɖadzra aƒe me ɖo na ame tsitsi aɖe

  • Yi ɖasrã ame si tsi teƒe ɖeka la kpɔ

  • Tsɔ nunana aɖe yi na ame si le nɔnɔme sesẽwo me tom

Aɖaŋuɖoɖo: Wò ŋutɔ hã bu nu bubu siwo nàte ŋu awɔ la ŋu. Eyome ɖoe nàkpe ɖe ame aɖe ŋu le kwasiɖa sia me. Dzidzɔ si nàkpɔ le esia wɔwɔ vɔ megbe la, awu gbɔgblɔ na wò!

“Ne èkpe ɖe amewo ŋu la, ana nàkpɔ dzidzɔ. Ana nàse le ɖokuiwò me be yeɖo taɖodzinu aɖe gbɔ eye amewo akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Togbɔ be le gɔmedzedzea me la kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu sesẽ na wò hã la, anɔ eme be èva le vivi sem na esia wɔwɔ. Nu siwo nàtsɔ asa vɔe be nàna kpekpeɖeŋu ame bubuwo la made nu si gbegbe nàkpɔ tso esia wɔwɔ me ŋu o.”​—Alana.