Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Matsri Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ?

Nu Ka Tae Wòle Be Matsri Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ?

 Ðe nàte ŋu atsri gbɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔa?

Ne èzãa internet la, ke nyae be yeava do go gbɔdɔdɔnuwɔna aɖe le edzi gbe ɖeka godoo. Hayley si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Megahiã be ame ŋutɔ nàdi wo o, woawo ŋutɔ adi mɔ.”

Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu adzro ame siwo ɖoe kplikpaa be yewomakpɔ wo o gɔ̃ hã. Greg si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Megblɔ na ɖokuinye be manɔ ŋudzɔ le eŋu ɣesiaɣi, gake ɖeko wòva yi ɖe dzinye. Màte ŋu agblɔ kple kakaɖedzi gbeɖe be madzɔ ɖe ye dzi o.”

Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ va le bɔbɔe egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Eye esi gbɔdɔnuwo ɖoɖo ɖa to internet dzi va xɔ anyi nɔ fifia ta la, sɔhɛ geɖewo ɖoa foto siwo me woawo ŋutɔwo wɔ gbɔdɔnuwo le la ɖe ame bubuwo.

Nya vevitɔ: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe kuxi si dze ŋgɔ wò egbea sesẽ wu esiwo teƒe dziwòlawo kple tɔgbuiwò kpɔ kpɔ. Nyabiaseae nye be, Ðe nàte ŋu atsri gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔa?​—Psalmo 97:10.

Ɛ̃, àte ŋui ne ètiae be yeawɔe. Gake gbã la, ele be nàka ɖe edzi be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ menyo o. Na míadzro nuwɔna sia ŋuti nyakpakpa kple nyateƒenya aɖewo me.

 Eŋuti nyakpakpa kple nyateƒenya aɖewo

Nyakpakpa: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ magblẽ nu le ŋunye o.

Nyateƒenya: Ale si ko sigaret-nono gblẽa nu le wò dzitodzito ŋu la, nenema ko gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa nu le wò susu ŋui. Eƒoa ɖi wò. Egblẽa nane si Mawu wɔ be wòanye kadodo sẽŋu si anɔ anyi eteƒe nadidi le ame eve dome la me. (1 Mose 2:24) Eye neva ɖo afi aɖe la, màgava tsɔ ɖeke le nu nyui kple nu vɔ̃ me o. Le kpɔɖeŋu me, numekulawo gblɔ be ŋutsu siwo kpɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo edziedzi la tea ŋu sẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu.

Biblia gblɔ tso ame aɖewo ŋu be “naneke megakpea ŋu na wo o.” (Efesotɔwo 4:19) Woƒe dzitsinya ku atri ale gbegbe be ne wowɔ nu vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã la, metena ɖe wo dzi o.

Nyakpakpa: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu tso gbɔdɔdɔ ŋu.

Nyateƒenya: Ŋukeklẽe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ fiaa ame. Enana amewo va nɔa wo haviwo ŋu bum abe nunɔamesi dzro aɖe ko ene, eye wònana ame susunɛ be gbɔdɔdɔ ŋuti ko woawo woli ɖo. Mewɔ nuku o be numekuku aɖe ɖee fia be ne ame siwo kpɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo edziedzi va ɖe srɔ̃ la, womesea vivi na gbɔdɔdɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me tututu ale o.

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woatsri “gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ,” evɔ wòhenye be nu siawo katãe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ƒãna ɖe ame me.​—Kolosetɔwo 3:5.

Nyakpakpa: Ame siwo gbɔdɔnyawo kpea ŋu na la koe tsria gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ.

Nyateƒenya: Ame siwo gbea gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nyea ame siwo bua gbɔdɔdɔ be enye nu xɔasi ŋutɔ. Wokpɔnɛ dzea sii be enye nunana aɖe si Mawu wɔ be wòatsɔ ana kadodo sẽŋu aɖe nanɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo eye wokuna ɖe wo nɔewo ŋu la dome. Ame siwo bua nuwo ŋu alea sea vivi na gbɔdɔdɔ geɖe wu ne woɖe srɔ̃.

Biblia ƒoa nu tso gbɔdɔnyawo ŋu faa. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na srɔ̃ŋutsu be: “[Kpɔ] dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃  . . Eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣesiaɣi.”​—Lododowo 5:18, 19..

 Ale si nàwɔ atsri gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ

Ke ne èse le ɖokuiwò me be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe dzodzroa nu sẽ ɖe ye me ale gbegbe be yemate ŋu aɖu edzi o ya ɖe? Dɔwɔgbalẽvi si nye “Ale Si Nàƒo Asa Na Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Ka ɖe edzi be àte ŋu aɖu gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe dzodzroa dzi. Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ adzudzɔ gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ. Aɖe vi geɖe na wò ne ète ŋu dzudzɔe.

Bu Calvin si gblɔ be yedze gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gɔme esime yexɔ ƒe 13 ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Menya be menyo o, gake nyemenya ale si tututu mawɔ aɖu ekpɔkpɔ ƒe dzodzroa dzi o. Eye ne mekpɔe la, meléa blanui ale gbegbe. Tɔ́nye va nya nu tso esia ŋu gbe ɖeka, eye le nyateƒe me la, nye dzi koe dze eme miɔɔ! Mlɔeba wova kpe ɖe ŋunye medzudzɔe.”

Calvin srɔ̃ ale si wòaɖu gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ dzi. Egblɔ be: “Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔe nye vodada gã aɖe si mewɔ, megakpɔtɔ le eƒe fu kpem, elabe nu siwo mekpɔ va yi la gavaa susu me nam ɣeaɖewoɣi. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam be mabu nu siwo manya nɔ kpɔkpɔm ɖaa ne ɖe mele gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔm la ŋu. Gake ɣeyiɣi ma tututu me la, mebua ale si dzi adzɔm, ale si manɔ dzadzɛe eye etsɔme nyui aɖe asu asinye ne mewɔ nu abe ale si Yehowa dii ene la ŋu.”