Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsri Film-memewo Sɔsrɔ̃?—Akpa 2: Na Ŋutsuviwo

Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsri Film-memewo Sɔsrɔ̃?—Akpa 2: Na Ŋutsuviwo

Nu kae film-memewo sɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme?

 Lé ŋku ɖe nya siawo ŋu, eye nàɖo nyabiase siwo gbɔna ŋu.

Akpa Gbãtɔ

Akpa Evelia

Aglãdzelawo

Amebulawo

Ðokuitɔdilawo

Ðokuitɔmadilawo

Akpasesẽnuwɔlawo

Nublanuikpɔlawo

Kuviatɔwo

Veviedonulawo

Ame Maɖɔʋuwo

Ame Ðɔʋuwo

Ameblelawo

Anukwareɖilawo

  1. Nya siawo dometɔ kawoe sɔ kple ŋutsuvi siwo dzena le filmwo, televisionwo dzi kple boblododowo me?

  2. Nya siawo dometɔ kae nàdi be woagblɔ tso ye ŋu?

Anɔ eme be àyɔ nɔnɔme siwo dze le akpa gbãtɔ la atsɔ aɖo nyabiase gbãtɔa ŋu eye àyɔ nɔnɔme siwo dze le akpa evelia atsɔ aɖo nyabiase evelia ŋu. Ne nenemae la, ke enyo ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe anɔ eme be ale si woɖɔa ŋutsuviwo le filmwo kple boblododowo me la mesɔ kple ame si tututu nènye alo ame si ƒomevi nàdi be yeava nye la o. Bu nu si tae la ŋu kpɔ.

  • Zi geɖe la, ŋutsuviwo nyea ŋutasẽnuwɔlawo kple aglãdzelawo le filmwo me. Agbalẽ aɖe gblɔ be ŋutsuvi siwo xɔ ŋkɔ le filmwo, televisiondziwɔnawo kple kamedefefewo me la dometɔ akpa gãtɔ nyea “ŋusẽtɔ siwo wɔa ŋutasẽnuwo. . . . Woƒe nyae nye be ele be ŋutsuviwo ƒe nya me nasẽ eye woanye ame wɔadãwo hafi woate ŋu awɔ woƒe didiwo dzi na wo.”​—Why Boys Don’t Talk​—and Why It Matters

    Bu nya sia ŋu: Ðe adãwɔwɔ awɔe be nànye xɔlɔ̃, dɔwɔhati alo srɔ̃ŋutsu nyuia? Ne wodo dziku na wò la, nu eve siawo dometɔ ka wɔwɔe asesẽ na wò wu, be nàɖe wò dziku aƒo ɖi bababa alo nàɖu dzikua dzi? Esiawo dometɔ ka wɔwɔe aɖee fia be ŋutsu ŋutɔŋutɔe nènye?

    Biblia gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye ame si ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.”—Lododowo 16:32.

    Ne èɖua wò dziku dzi la, ke èsẽ ŋu wu aʋakalẽtɔ

  • Woɖea ŋutsuviwo fiana le filmwo me be wonye ame siwo gbɔdɔnuwo xɔ susu me na. Chris si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Le filmwo kple televisiondziwɔnawo me la, ŋutsuviwo ɖɔlia nyɔnuviwo wu woƒe awudodowo.” Gary si xɔ ƒe 18 gblɔ kpee be: “Gbɔdɔnuwɔnawo koe xɔa susu me na ŋutsuvi siwo nɔa filmwo me.” Edzena le film aɖewo me be dɔ si dze ŋgɔ ŋutsuviwo le agbe me katã koe nye be woayi kplɔ̃ɖoƒewo, ano aha alo adɔ kple nyɔnuviwo.

    Bu nya sia ŋu: Ðe nàdi be woabu ye abe ŋutsuvi siwo nɔa filmwo me la enea? Ðe ŋutsu ɖɔʋu bua nyɔnuwo be wonye nu siwo woatsɔ aɖi kɔ na gbɔdɔdɔ dzro koa? Alo ɖe wòdea bubu wo ŋua?

    Biblia gblɔ be: “Mia dome ame sia ame nanya ale si wòawɔ aɖu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe ŋubiabiã me . . . o.”—1 Tesalonikatɔwo 4:4, 5.

  • Woɖea ŋutsuviwo fiana le filmwo me be wonye ame maɖɔʋuwo. Ŋutsuvi siwo woɖena fiana le filmwo me kple television dzi la nyea kuviatɔwo kple ame maɖɔʋuwo. Ðewohĩ esia tae ame tsitsi aɖewo mekana ɖe ŋutsuviwo dzi tututu o. Gary si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 16 la, dɔkpɔkpɔ sesẽ nam, elabena nyɔnuwo koe dɔtɔ siwo le míaƒe nutoa me la dina be yewoaxɔ. Wobua ŋutsuviwo katã be wonye ame maɖɔʋuwo eye womate ŋu aka ɖe wo dzi o!”

    Bu nya sia ŋu: Ðe wòsɔ be woabu ŋutsuviwo katã be wonye ame maɖɔʋuwo eye womate ŋu aka ɖe wo dzi o abe ale si wòdzena le filmwo me enea? Aleke nàɖee afia be ye ya yemele nenema o?

    Biblia gblɔ be: “Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o. Ke boŋ nànye kpɔɖeŋu na nuteƒewɔlawo le nuƒoƒo me, le agbenɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le xɔse me, le agbe dzadzɛ nɔnɔ me.”—1 Timoteo 4:12.

Nu si wòle be nànya

  •   Nu siwo dzena le filmwo kple boblododowo me la tea ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame dzi. Le kpɔɖeŋu me, nu siwo dzena le filmwo alo boblododowo me ate ŋu ana nàsusui be ehiã be ye hã yeasrɔ̃ atsyã siwo le tsia dzi hafi woabu ye ɖe ame me. Colin, ŋutsuvi si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Woɖea ale si wòle be ŋutsuviwo nado awui la fiana le boblododowo me eye nyɔnuviwo nɔa kukum ɖe wo dzi. Adzro wò vevie be ye hã yeayi aɖaƒle awu mawo tɔgbi. Mɔ̃ sia ɖem zi ɖeka zi eve aɖewo!”

    Bu nya sia ŋu: Ðe ale si nèdoa awui la ɖea ame si tututu nènye la fiana alo ɖe wòɖenɛ fiana be amewo yome ko nèdzea? Ame kawoe wòɖea vi na ne ètsɔ wò ga le awu siwo le tsia dzi la ƒlem?

    Biblia gblɔ be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.”—Romatɔwo 12:2.

  • Ŋutsuvi siwo woɖena fiana le filmwo alo boblododowo me ƒe nuwɔnawo sɔsrɔ̃ mana nuwò nadzɔ dzi na nyɔnuviwo o. Bu nya siwo nyɔnuvi aɖewo gblɔ la ŋu kpɔ:

    • “Malɔ̃ ŋutsuvi siwo ɖea woƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ fiana wu ŋutsuvi siwo wɔa ameŋkumenu be yewoatsɔ adze amewo ŋu. Le nyateƒe me la, ŋutsuvi siwo dzea agbagba be yewoadze amewo ŋu la ƒe nu va ɖia kokoe!”​—Anna.

    • “Woɖenɛ fiana le boblododowo me wòdzena be ele be mɔ̃ɖaŋunu aɖewo koŋ nanɔ ŋutsuviwo si alo woadzra ɖo le mɔ aɖe nu hafi woƒe nu nadze nyɔnuviwo ŋu. Gake ne nyɔnuviwo va tsi la, menye nu siawo ŋue wogava tsia dzi ɖo le ŋutsuwo ŋu o. Ke boŋ woléa ŋku ɖe ŋutsuawo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋui la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsuvi siwo ɖia anukware eye wowɔa nuteƒe la ƒe nue léa dzi na nyɔnuviwo.”​—Danielle.

    • “Zi geɖe la, ŋutsuvi si dze ɖeka wu gbɔgblɔ la, ɖe wònɔa eɖokui kpɔm, eye nyemedina be made ha kple ame ma tɔgbi o. Ne èdze ɖeka wu adɔ̃ evɔ wò agbenɔnɔ menyo o la, wò nu malé dzi nam gbeɖe o.”​—Diana.

    Bu nya sia ŋu: Biblia gblɔ tso ŋutsuvi Samuel ŋu be “ɖevi la le tsitsim, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo siaa ŋu.” (1 Samuel 2:​26) Nɔnɔme nyui kawoe wòle be wòasu asiwò ale be woaƒo nu nyui ma tso wò hã ŋutiwò?

    Biblia gblɔ be: “Miwɔ ŋutsu.”—1 Korintotɔwo 16:13.

Nu si nàte ŋu awɔ

  •   Da nu siwo woɖena fiana le filmwo me la kpɔ. De dzesi Biblia ƒe nya siawo: “Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso.”—1 Yohanes 2:16.

    Nu siawo tututue wodoa bobloe le filmwo me, eye wonana wòdzena abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu o ene. Eya ta dze agbagba nàda nu siwo nèkpɔna la kpɔ be wonyo mahã. Zi geɖe la, ɖeko boblodolawo doa boblo nu mawo be amewo naƒle wo ne yewoakpɔ ga geɖe.

  • Nye ame si nèdi be yeanye. Biblia gblɔ be: “Mido amenyenye yeye la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu,” ke menye le ale si woɖɔa amewo le filmwo me la nu o.—Kolosetɔwo 3:10.

    Nu si akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzie nye be nàde ŋugble tso nɔnɔme nyui siwo nàdi be woanya na ye, siwo nètia le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ŋu. Ðe manyo be nàdze egɔme fifia atu nɔnɔme siawo ɖo alo adze agbagba be woaganyo ɖe edzi oa?

  • Srɔ̃ ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo. Biblia gblɔ be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.” (Lododowo 13:20) Wò ame nyanyɛ kawoe ɖee fia le woƒe agbenɔnɔ me be yewodze nunya? Wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye nyruiwò alo tɔwò. Ðewo hã ate ŋu anye xɔ̃wòwo alo wò ame nyanyɛ bubuwo. Ŋutsu kpɔɖeŋu nyui ɖola geɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Kpɔɖeŋu nyui ɖola geɖewo le Biblia hã me. Wo dometɔ ɖekae nye Tito, ame si ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na sɔhɛwo.​—Tito 2:6-8.

    Aɖaŋuɖoɖo: Zã agbalẽ si nye Srɔ̃ Woƒe Xɔse nàtsɔ asrɔ̃ nu tso bibliameme siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ŋutsuwo la ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye Habel, Noa, Abram, Samuel, Eliya, Yona, Yosef kple Petro.