Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 3 Lia: Na Wò Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Na Wò

Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 3 Lia: Na Wò Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Na Wò

 Le Biblia mea, àde dzesii be nuŋɔŋlɔwo sɔŋ koe le eme. Gake esia megaɖe dzi le ƒowò o! Ke boŋ, tsɔ Biblia sɔ kple kplɔ̃ gã aɖe si dzi woɖo nuɖuɖu vovovowo ɖo. Màte ŋu aɖu nu sia nu si le kplɔ̃a dzi o. Gake àte ŋu akpɔ esiwo nàɖu si ana nàɖi ƒo.

 Be Biblia xexlẽ nate ŋu aɖe vi na wò bliboea, ele be nàtsɔ susu aɖo nu si xlẽm nèlea ŋu. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.

Nyati sia adzro nya siawo me

 Nu ka tae wòle be nàna wò susu nanɔ nu si xlẽm nèle le Biblia me ŋu?

 Ne èdoa vevie Biblia xexlẽa, nenema kee wòaɖe vi geɖe na wò. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne ètsɔ tiigbe de tsi dzodzoe me eye nèɖee enumakea, eƒe vivi vi aɖe koe aɖe ɖe tsia me. Gake ne ègblẽe ɖe tsi dzodzoea me hena ɣeyiɣi aɖea, eƒe vivi aɖe ɖe tsia me geɖe.

 Nenema kee wòle le Biblia xexlẽ hã gome. Le esi nàxlẽ Biblia kple dzitsitsi teƒea, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble tso nu siwo xlẽm nèlea ŋu. Esia tututue Psalmo 119 lia ŋlɔla wɔ. Egblɔ tso Mawu ƒe sea ŋu be: “Medea ŋugble le eŋu ŋkeke blibo la.”—Psalmo 119:97.

 Gake esia mefia be míazã ŋkeke bliboa katã atsɔ anɔ Biblia xlẽm ahanɔ ŋugble dem le eŋu o. Nu si wòfiae nye esi: Psalmoa ŋlɔla di ɣeyiɣi de ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu. Esia kpe ɖe eŋu wòtso nya me nyuie.—Psalmo 119:98-100.

 “Nɔnye gblɔ nam kpɔ be, ‘Ŋkeke adre ye le kwasiɖa ɖeka me, eye le kwasiɖaa mea, èwɔa nu geɖe na ɖokuiwò. Nu ka tae màna ɣeyiɣia ƒe ɖe Yehowa o? Nenema koe wòle be wòanɔ!’”—Melanie.

 Ne èdea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋua, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie—le kpɔɖeŋu me, akpe ɖe ŋuwò nàtia xɔlɔ̃ nyuiwo alo awɔ nuteƒe ne wodo wò kpɔ be nàwɔ nu gbegblẽ.

 Aleke nàna nu si xlẽm nèle le Biblia mea naɖe vi na wò bliboe?

  •   Ðoɖowɔɖi nenɔ asiwò. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Julia gblɔ be: “Ðoɖo aɖe koŋ nenɔ asiwò ɖe Biblia xexlẽ ŋu. Nya nu si xlẽ ge nàla, ɣeyiɣi si me nàxlẽe, kple afi si nànɔ axlẽe.”

  •   Na nɔnɔmeawo nasɔ na Biblia xexlẽ. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Gianna gblɔ be: “Xlẽ Biblia le afi si ɖoɖoezizi le. Azɔ hã, na ame siwo le wò ƒomea me nanya ɖoɖo si nèwɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu ale be woagawɔ nane si agblẽ wò ɖoɖoa me o.”

     Ne mɔ̃ dzie nàxlẽ Biblia lea, trɔ asi le wò mɔ̃a ŋu be nàganɔ nyatakakawo xɔm o. Ne èlɔ̃a, àte ŋu azã Biblia ŋutɔ. Le nyateƒe mea, numekukuwo ɖee fia be ne míexlẽa nu le agbalẽ mea, eganana míesea nuwo gɔme bɔbɔe wu. Gake ne mɔ̃ dzie míele nua xlẽm lea, ate ŋu asesẽ wu be míatsɔ míaƒe susu aɖo nu si xlẽm míelea ŋu.

     “Ne mele nu xlẽm le mɔ̃ dzia, nye susu metea ŋu nɔa nu si xlẽm melea ŋu ale o. Nyatakakawo vaa nye mɔ̃a dzi alo nye mɔ̃a ƒe kpea va fana alo Internet la va gbea dɔwɔwɔ. Gake ne mele agbalẽ ŋutɔ xlẽmaa, nu si mehiã na koe nye akaɖi si aklẽ nyuie be mate ŋu akpɔ nuawo.”—Elena.

  •   Do gbe ɖa gbã. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàse Biblia ƒe akpa si xlẽ ge nègbɔna gɔme, nàɖo ŋku wo dzi, eye wòaɖe vi na wò.—Yakobo 1:5.

     Be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple gbe si nèdo ɖa na Yehowa la, ku nu me tso nu si xlẽm nèlea ŋu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Ne èle JW Library dɔwɔnua zãm alo èle Biblia xlẽm le Internet dzia, àte ŋu ate asi ɖe kpukpui aɖe dzi eye àkpɔ nyatsoƒewo kple nyati bubu siwo ɖe kpukpui ma me.

  •   Bia nyawo. Le kpɔɖeŋu me: ‘Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu? Ðe wòle asi fiam Yehowa ƒe nɔnɔme aɖe si mate ŋu asrɔ̃a?’ (Efesotɔwo 5:1) ‘Nu kae mesrɔ̃ tso ŋutinya sia me si ŋu dɔ mate ŋu awɔ le nye agbe me?’ (Psalmo 119:105) Ðe mate ŋu azã nu siwo mesrɔ̃ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋua?’—Romatɔwo 1:11.

     Azɔ hã, bia ɖokuiwò be, ‘Kadodo kae le nu si mexlẽ kple nyati vevi si ŋu Biblia ƒo nu tsoea dome?’ Biabia ma le vevie ŋutɔ. Nu ka tae? Nu si tae nye be nu sia nu si le Biblia me—tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi va se ɖe Nyaɖeɖefia—do ƒome kple nyati vevi si le Biblia me le mɔ aɖe nu. Nyati vevi mae nye: Ale si Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu to eƒe Fiaɖuƒe si le dziƒoa dzi eye wòaɖee afia be yee dze aɖu yeƒe nuwɔwɔwo dzi, eye ale si yeɖua dzii ye nye nyuitɔ kekeake.